< Dɔwɔwɔwo 8 >

1 Saulo da asi ɖe Stefano wuwu sia dzi kpem. Tso gbe ma gbe dzi la, amewo dze xɔsetɔ siwo le Yerusalem la yometiti gɔme vevie, eye esia na be wo katã wosi yi Yudea kple Samaria nutowo me negbe apostoloawo ɖeɖe koe susɔ ɖe Yerusalem.
Shawulu ma hem inni wano imemee, ronome a tubi u mensi anu tarsa Asere a nyumo u Jerusalem; an dee sa wa kabi tize ta Asere citi pin tu Judiya nan nu Samariya a meki we a samarka, ana ka dira wani wa dii chass.
2 Ke Yudatɔ aɖewo siwo vɔ̃a Mawu la va kɔ Stefano ƒe kukua ɖaɖi, eye wofae ŋutɔ.
Anu nya ce sa wa vati Sitivin wa buki tize tiririn ani ce nume.
3 Ke Saulo ɖoe kplikpaa be yeagblẽ hame la. Etsoa aƒe me yia aƒe me, léa ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖadea gaxɔ me.
Shawulu ma ribe u tarsa uti kura unu mensi anu tarsa Asere unu korsuzo ma nan ni Jessi.
4 Ke xɔsetɔ siwo si dzo le Yerusalem la kaka Yesu ƒe nyanyui la le afi sia afi si woyi la.
Vatin ani me anu kaba uti zeeta Asere me sa Asamirkawe wa ri aje uni boo utini.
5 Filipo hã yi Samaria, eye wòɖe gbeƒã le Kristo ŋuti na wo.
Filibus ma dusa a nyumo ani pin nu Samariya unu boo uwe abanga ukirsti.
6 Filipo wɔ nukunu geɖewo le Samaria, eya ta amewo va ɖoa toe ɣe sia ɣi.
A nabu gbardang sa wa kunna wa kiri wa iri ti mum sa ma zin unu wuza mee wa gamika muriba muwe mee a hira ame.
7 Enya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me, eye ne wodo go le ameawo me alea la, wonɔa ɣli dom sesĩe. Eyɔ dɔ tekunɔwo kple lãmetututɔwo.
Ani bee izezen gbardang we e unu karsa u hunu, anu wijo uti hihira wa kem u humza.
8 Esia wɔe be dzidzɔ blibo yɔ dua me fũu.
Mu riba manu ani pin mee mu runme.
9 Ke ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn la nɔ Samaria dua me. Enye afakala xɔŋkɔ aɖe, eye wòna Samaria dukɔ la ƒe nu ku; eya ŋutɔ da ŋkɔ ɖe eɖokui dzi be yenye gã.
Uye mamu rani ani pinme sa atisa me simon, dee sa ma dodonkinon anu Vengizi uwe muriba ini bere na nu bezi ubari.
10 Amewo katã ku ɖe eŋu; ame ŋkutawo kple ame gblɔewo siaa, eye woda ŋkɔ ɖe edzi be, “Ame siae nye Mawu ƒe ŋusẽ si woyɔna be Ŋusẽ Gã” la.
ASamariyawa a cincin nan a dandang vat, mu riba mu wemee mu kuri ahira ame, unu gusa unu geme mazin ni kara na Asere sa ri ori.
11 Amewo dze eyome hoo, elabena enana be woƒe nu kuna to eƒe afakaka la me ɣeyiɣi didi aɖe.
Wa re aje unu kunna umee barki sa ma dodonkino unu wuza uwe ribere.
12 Ke esi dua me tɔwo se nyanyui la si Filipo gblɔ tso mawufiaɖuƒe la ŋu kple Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la, woxɔe se, eye wode mawutsi ta na wo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.
Sa wa hem inka dura ku runtame sa Filibus ma hanawen, ka banga a kura Asere nan Yesu kirsti, a zursowe ana ruma nan na eh.
13 Nukutɔe la, Simɔn, afakala la ŋutɔ hã xɔ mawunya dzi se, ale wode mawutsi ta nɛ. Le esia megbe la, enɔ Filipo ŋu kplikplikpli yia afi sia afi si wòyina la, eye nukunu siwo katã Filipo wɔ la na be eƒe nu ku ŋutɔ.
Simon me changi ma hem inka durame a zorome, ma dusa more aje inti cuku na Filibus ma ira timum gbardang sa ma wuza ma kunna biyau.
14 Esi apostolo siwo le Yerusalem se be mawunya ɖo Samaria la, woɖo Petro kple Yohanes ɖa be woaɖakpɔ ale si nuwo nɔ edzi yimii le afi ma ɖa.
A dura me sa warani Ujerusalem wa kuma agi anu samariya wa kaba tize ta Asere, wa tuburko Bitrus nan Yohana.
15 Esime ame dɔdɔawo va ɖo Samaria teti ko la, wodo gbe ɖa ɖe xɔsetɔ yeyeawo ta be woaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la,
Sa wa hana wa hana wa wuwe biringara bati wa kabi bibee biririn.
16 elabena tsi ko wode ta na wo le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me, ke womexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la haɖe o.
A zorsowe a nyumo ani zaa nu gomo Asere Yesu vati anime daki wa kem bibee biririn.
17 Esi Petro kple Yohanes nɔ gbea dom ɖa la, woda woƒe asiwo ɖe xɔsetɔawo dzi, eye enumake woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.
U aye u Bitrus nan Yohana wa tarsawe tari ace waduku kem.
18 Esi Simɔn kpɔ be wona Gbɔgbɔ Kɔkɔe amewo to apostoloawo ƒe asidada ɖe wo dzi me la, ena ga apostoloawo, eye wògblɔ na wo be,
Sa simon ma ira azin unu ninza ubibee biririn una utarsa utari ace ma witiwe ikirfi.
19 “Mina ŋusẽ sia nye hã ale be ame sia ame si dzi mada asi ɖo la naxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.”
Ma gunwe nyanime ni ge nikaramee vat dee sa ma tarame tara anice makem bibee biririn.
20 Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wò ga natsrɔ̃ kpli wò, elabena èbu be yeate ŋu aƒle Mawu ƒe nunana kple ga!
Bitrus ma gunmee cornowe nan ikirfi iwemee, u basa uda kee ukpee u nyanki wa Asere ini kirfi.
21 Wɔƒe kple gomekpɔkpɔ aɖeke mele asiwò le subɔsubɔdɔ sia me o, elabena wò dzi menyo le Mawu ƒe ŋkume o.
Iriba ya Asere izoo na huu, barki anime udaa kemwe baa.
22 Dzudzɔ ta me vɔ̃ɖi ɖoɖo ne nàdo gbe ɖa na Aƒetɔ la. Ɖewohĩ atsɔ wò susu vɔ̃ɖi sia ake wò,
Barki anime ceki imum iburri iweme uwu biringara bati Asere a kpeeciwe.
23 elabena edze nam ƒãa be, èyɔ fũu kple vevesese eye nènye kluvi na nu vɔ̃.”
Ma ira uraa anyumo ati kono tigwangwang tucharan.
24 Simɔn ɖo eŋu be, “Do gbe ɖa na Aƒetɔ la ɖe tanye be nu siwo miegblɔ la dometɔ aɖeke madzɔ ɖe dzinye o.”
Sion ma gu ringirkanme Asere kati timumme sa ya buka tikem.
25 Ke esi Petro kple Yohanes ɖi ɖase hegblɔ Aƒetɔ ƒe nya la vɔ la, wogatrɔ yi Yerusalem. Wotɔ ɖe Samaria kɔƒe geɖewo hã me le mɔa dzi, hegblɔ nyanyui la na amewo le afi siawo hã.
Sa Bitrus nan Yohana wa mara uboo anu tizee tu Ugomo asere, wa kuri u hana Ujerusalem wa haki wa buu ana agiro u Samariya tizee ta Asere.
26 Ke le Filipo gome la, mawudɔla aɖe va gblɔ nɛ be, “Tso nàyi mɔ si tso Yerusalem heto Gaza gbegbe la dzi.”
Bire bibee bika dura ka Asere bigun Filibus, hira tarsa ni kira nu kudu una Ujerusalem u hana ugaza (una ubikiki bine).
27 Filipo tso heyi abe ale si wogblɔ nɛ la ene; eye kasia ekpɔ Etiopia ŋutsu aɖe, si nye fianyɔnu Kandake ƒe ŋusẽtɔ kple gadzikpɔla gã la. Etso Yerusalem, afi si wòɖawɔ subɔsubɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la me le,
Ma hiri ma dusa. uru naa katuma a kura usarauniya wani Itopiya sa maaye Ujerusalem bati ma wuzi Ugomo Asere rinonzo.
28 eye wòtrɔ yina aƒe. Esi wònɔ mɔa dzi la, enɔ Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm sesĩe le eƒe tasiaɖam me.
Tantu kuro ma ciki unu hira citi zee ti Tshaya unu kurzo utize ta Asere.
29 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gagblɔ na Filipo be, “Te ɖe tasiaɖam la ŋu.”
Bibee bi gun Filibus hana ka benki unu ugenemee.
30 Esi wòɖe abla te ɖe tasiaɖam la ŋu, eye wòse be ele Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm la, Filipo biae be, “Èse nu si xlẽm nèle la gɔmea?”
Filibus maka kem me unu hira uti Ishaya una tizee ta Asere.
31 Etiopia ŋutsu la ɖo eŋu nɛ be, “Ao, nɔvi, aleke mate ŋu ase egɔme esi ame aɖeke meli aɖe eme nam o?” Azɔ eɖe kuku na Filipo be wòage ɖe tasiaɖam la me anɔ ye xa. Filipo wɔ nenema.
Indi wuu ani in russi sarki uye sa madiu benkum, aye benkum.
32 Biblia ƒe akpa si xlẽm wònɔ la gblɔ be, “Wokplɔe abe alẽvi ene yina wuwu ge, eye abe ale si alẽvi nɔa anyi kpoo ne wole eƒe fũwo sẽm ene la, nenema ke eya hã wɔ, meke nu kura o.
A hira me sa unu Itopiya maazi unu hirame, a gusa, A hunge mee kassi bitan tantu kaweki nan bizara in ku tikmee sarki u buku tizee.
33 Le eƒe ɖokuibɔbɔ ta womedrɔ̃ ʋɔnue ɖe mɔ dzɔdzɔe nu o. Ame kae ate ŋu agblɔ ale si dzidzime si me wòdzɔ ɖo la ƒe tagbɔ sẽe la afia? Elabena woɖe eƒe agbe ɖa le anyigba dzi.”
A nyumo u yomomee sa wawuza me wacekimee, aveni madi buki uchara umemee, sa a hunamee unee.
34 Etiopia ŋutsu la bia Filipo be, “Nyagblɔɖila Yesaya ŋu eya ŋutɔ nɔ nu ƒom le loo alo ame bubu aɖe ŋuea?”
Uchukorome ma iki Filibus ma gu kussu, unu kurzo utizee mee mazin anice numee nan ni uyee.
35 Tete Filipo wɔ mawunya si wòxlẽ la kple bubuwo ŋu dɔ hegblɔ nyanyui la nɛ le Yesu ŋu.
Filibus ma tubimee tizee ti Yesu unyertike u Ishaya.
36 Esi wonɔ mɔa dzi yina sẽe ko la, wova ke ɖe tɔsisi sue aɖe ŋu. Etiopia ŋutsua bia Filipo be, “Kpɔ ɖa! Tsie nye esi; nu ka ta nyemade mawutsi ta zi ɖeka o?” [
Wa haki unaa wa wa eh a hira mare mei uchokoromee ma gunnme nyanini idi karti a zoron abamee.
37 Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Nenye be èxɔe se tso wò dzi blibo me ko la, ekema naneke mexe mɔ o.” Etiopia ŋutsu la ɖo eŋu be, “Mexɔe se be Yesu Kristoe nye Mawu ƒe Vi la.]”
Inki wa hem anyumo iriba iwemee adi zorowee, ma gu ma hem Yesu Kirsti vana Asere mani.
38 Enumake etɔ tasiaɖam la, eye wòɖi ge ɖe tsi la me, eye Filipo de mawutsi ta nɛ.
U nani Itopiya me ma turi kubakura mee, wa dusa na Filibus me maka Zoromee.
39 Esi wòdo tso tsia me teti ko la, Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kɔ Filipo dzoe, ale be Etiopia ŋutsu la megakpɔe o, ke eya hã dze aƒemɔ dzi kple dzidzɔ.
Sa wa suro anyumo a mei mee bibee ba Asere biziki Filibus uchokorome ma nyarimee daki ma iramee, ma dusa ma meki unaa inninonzo.
40 Egblɔ nyanyui la le afi ma, eye wògagblɔe le du siwo katã le Kaesarea mɔ dzi la hã me.
Filibus maka suro Azotus, mari aje unu boo ukadura ku runta ati pinpin to watu me chip uka biki casariya.

< Dɔwɔwɔwo 8 >