< Dɔwɔwɔwo 7 >
1 Nunɔlagã la bia Stefano be, “Nɔvi, ɖe nya siwo katã wogblɔ le ŋuwò le eme vavãa?”
And the high priest asked him: Are these things so?
2 Stefano ɖo eŋu be, “Nɔviwo kple fofowo miɖo tom. Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ŋutɔ ɖe eɖokui fia mía tɔgbui Abraham le esime wònɔ Mesopotamia hafi wòva yi Haran.
And he said: Men, brethren, and our fathers, hear ye. The God of glory appeared to our father Abraham, when he was between the rivers, before he came to reside in Charran;
3 Mawu gblɔ nɛ be, ‘Do go le wò dukɔ kple wò ƒometɔwo dome, eye nàyi anyigba bubu aɖe sãa si mafia wò la dzi.’
and he said to him: Depart from thy country, and from thy kindred, and go to a land which I will show to thee.
4 “Ale Abraham dzo le Kaldeanyigba dzi ɖanɔ Haran va se ɖe esime fofoa ku gblẽe ɖi. Esia megbe la, Mawu kplɔe va Israelnyigba sia dzi.
And then Abraham departed from the land of the Chaldeans, and came and dwelt in Charran. And from there, after his father had died, God removed him to this land, in which ye this day dwell.
5 Ke Mawu metsɔ anyigba sia ƒe akpa aɖeke na Abraham be wòanye etɔ o. Menye afɔ ɖeka teti hã o. Gake Mawu do ŋugbe nɛ be le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, anyigba blibo la azu eya kple eƒe dzidzimeviwo tɔ, togbɔ be vi aɖeke menɔ Abraham si haɖe o hã.
And he did not give him an inheritance in it, not even a foot-track: but he promised that he would give it him, as an inheritance to him and to his seed, when as yet he had no son.
6 Mawu gagblɔ na Abraham be, ‘Wò dzidzimeviwo adzo le anyigba la dzi aɖanɔ dzronyigba aɖe dzi ƒe alafa ene sɔŋ abe kluviwo ene.
And God conversed with him, and said to him: Thy seed will be a sojourner in a foreign land; and they will reduce it to servitude, and will treat it ill, during four hundred years.
7 Ke hã la, mahe to na dukɔ si ado kluvi Israelviwo, eye emegbe la, Israelviwo agatrɔ va woƒe anyigba la dzi ava subɔm le afi sia.’
And the nation, to whom they perform bondservice, I will judge saith God. And afterwards, they will go out, and will worship me in this land.
8 Mawu de se na Abraham be wòatso aʋa na via ŋutsuviwo abe nubabla si le Mawu kple Abraham ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe kpeɖodzinu ene. Le esia ta la, esi Isak si nye Abraham ƒe viŋutsu xɔ ŋkeke enyi ko la, fofoa tso aʋa nɛ. Isak ƒe viŋutsue nye Yakob, ame si hã ƒe viŋutsu wuieveawo me Israel dukɔa ƒe tɔgbui wuieveawo dzɔ tso.
And he gave them the covenant of circumcision. And then he begat Isaac, and circumcised him the eighth day. And Isaac begat Jacob: and Jacob begat our twelve fathers.
9 “Yosef si nye Yakob ƒe vi mamlɛtɔ la ƒe nu menyo nɔvia bubuawo ŋu o, ale wodzrae na kluvisitsalawo, ame siwo kplɔe yi Egipte abe kluvi ene. Ke hã la, Mawu nɔ kplii
And those our fathers envied Joseph, and sold him into Egypt: but God was with him,
10 ale gbegbe be wòɖee tso eƒe fukpekpewo katã me, eye gawu la, Mawu na be Egipte Fia Farao kpɔ ŋudzedze le eŋu. Le nunya manyagblɔ si Mawu na Yosef ta la, Farao tsɔe ɖo dudzikpɔla gãe le Egipte dukɔa me, eye wògaɖoe tatɔe le eƒe fiasã blibo la me hã.
and delivered: him from all his afflictions; and gave him favor and wisdom before Pharaoh, king of Egypt, and he made him chief over Egypt, and over all his house.
11 “Eva eme be dɔ sesẽ aɖe va to le Egipte kple Kananyigba dzi, ale be mía tɔgbuitɔgbuiwo kpe fu ŋutɔ. Nuɖuɖu vɔ le wo si keŋkeŋ.
And there was a famine and great distress in all Egypt, and in the land of Canaan, and our fathers lacked food.
12 Yakob se be nuɖuɖu le Egiptenyigba dzi ale wòdɔ viawo ɖa be woaɖaƒle ɖe vɛ.
And when Jacob heard that there was bread-stuff in Egypt, he sent our fathers a first time.
13 Esi wogayi Egipte zi evelia la, Yosef ɖe eɖokui fia nɔviawo, elabena womekpɔe dze sii zi gbãtɔ si wode afi ma o. Eɖe wo fia Fia Farao hã.
And when they went the second time, Joseph made himself known to his brethren; and the kindred of Joseph was known to Pharaoh.
14 Yosef dɔ nɔviawo be ne woyi la, woakplɔ ye fofo Yakob, ye nɔviwo kple woƒe ƒometɔwo katã, ame siwo ƒe xexlẽme nɔ ame blaadre-vɔ-atɔ̃ la vɛ na ye le Egipte.
And Joseph sent and brought is father Jacob, and all his family; and they were in number seventy and five souls.
15 Esiae na be Yakob kple viawo katã ʋu va tsi Egipte, afi si wo katã ku ɖo,
And Jacob went down into Egypt; and he died there, he and our fathers.
16 eye wokɔ Yakob kple viawo va Sikem, eye woɖi wo ɖe yɔdo si Abraham ƒle le Hamor ƒe viwo gbɔ la me.
And he was transported to Sychem, and was deposited in the sepulchre which Abraham bought with money of the sons of Emmor.
17 “Esime ɣeyiɣi si Mawu ɖo na Abraham be yeaɖe eƒe dzidzimeviwo tso kluvinyenye me le Egipte ɖo vɔ la, Israelviwo gadzi ɖe edzi fũu ŋutɔ le Egipte.
And when the time arrived for that which God had promised to Abraham with an oath, the people had multiplied and become strong, in Egypt:
18 Ke ‘fia bubu va zi dzi le Egipte, ame si menya naneke tso Yosef ŋu o.’
until there arose another king over Egypt, who knew not Joseph.
19 Le esia ta la, ewɔ funyafunya mía tɔgbuitɔgbuiwo, eye wòde se be woatsɔ woƒe vidzĩwo aƒu gbe ne woaku.
And he dealt craftily with our kindred, and ill-treated our fathers, and gave orders that their infants should be cast away, and should not live.
20 “Le ɣeyiɣi sia me lɔƒo la, wodzi Mose si nye ɖevi dzeɖekɛ aɖe. Le se si nɔ anyi ɣe ma ɣi me ta la, esi wodzi Mose la, edzilawo dzrae ɖo ɖe xɔ me ɣleti etɔ̃ sɔŋ.
At that time was Moses born; and he was lovely to God: and he was nursed three months in his father's house.
21 Ke esi wòva dzɔ be womagate ŋu adzrae ɖo o ta la, wokɔe yi ɖada ɖe teƒe aɖe. Fia Farao ƒe vinyɔnuvi va fɔe le afi ma ale wòtsɔe abe via ene hekpɔ edzi.
And when he was cast out, by his people, the daughter of Pharaoh found him, and brought him up for her own son.
22 Wohe Mose ɖe Egiptetɔwo ƒe nunya nu, ale wòtsi va zu fiavi xɔŋkɔ aɖe le nunya kple dɔwɔwɔ me.
And Moses was instructed in all the wisdom of the Egyptians; and he was eminent in his words, and also in his deeds.
23 “Esi Mose xɔ abe ƒe blaene ene la, ewɔ susu gbe ɖeka be yeaɖi tsa aɖakpɔ ye nɔvi Israelviwo ɖa.
And when he was forty years old, it came into his heart to visit his brethren, the children of Israel.
24 Le tsaɖiɖi sia me la, eva ke ɖe Israel ɖekakpui aɖe kple Egiptetɔ aɖe ŋu wonɔ dzre wɔm. Mose kpɔe be Egiptetɔ la nɔ Israel ɖekakpui la ƒom, nɔ funyafunya wɔmii, eya ta edze Egiptetɔ la dzi hewui.
And he saw one of the race of his kindred treated with violence; and he avenged him, and did him justice, and killed the Egyptian who had abused him.
25 Mose bui be wɔna sia ana be eya ŋutɔ nɔviawo axɔe se be Mawue ɖo ye ɖa be yeava ɖe wo le aboyo me hafi, gake womexɔe nenema o.
And he supposed that his brethren the sons of Israel would have understood, that by his hand God would give them deliverance; but they understood not.
26 Esi ŋu ke la, Mose gaɖi tsa yi etɔ Israelviwo gbɔ. Kasiaa, ekpɔ Israelvi dzidzi eve hã wonɔ dzre wɔm vevie. Mose te ɖe wo ŋu enumake be yealé avu le wo dome. Egblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, menyo kura be miawo ɖeɖe mianɔ dzre wɔm alea o eya ta midzudzɔ, ne miawɔ ɖeka.’
And on another day, he appeared to them, as they were quarrelling one with another. And he exhorted them to become reconciled, saying: Men, ye are brethren; why do ye seek to harm each other?
27 “Ke ame siawo dometɔ si ƒe nya medzɔ o la gblɔ na Mose be wòakpɔ eya ŋutɔ ƒe nya gbɔ eye megade nu yewo tɔ me o. Ebia Mose be, ‘Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía dzi?’ Eyi edzi bia Mose be,
But he who did the wrong to his fellow, repulsed him from him, and said to him: Who constituted thee a ruler and a judge over us?
28 ‘Alo ɖe nèdi be yeaƒo nye hã awu abe ale si nèwu Egiptetɔ ma etsɔ enea?’
Dost thou seek to kill me, as thou killedst the Egyptian yesterday?
29 Nya sia sese te ɖe Mose dzi ale wòsi dzo le nuto la me yi ɖanɔ Midianyigba dzi afi si wòdzi eƒe viŋutsu eveawo le.
And Moses fled at that speech, and became a sojourner in the land of Midian. And he had two sons.
30 “Le ƒe blaene megbe la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Mose le gbedzi le teƒe aɖe si te ɖe Sinai to la ŋu. Mawudɔla la ɖe eɖokui fiae le gbe aɖe si nɔ bibim la me.
And when forty years had been passed by him there, the angel of the Lord appeared to him in the wilderness of mount Sinai, in a fire that burned in a bush.
31 Esi Mose kpɔ dzobibia la, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ, eya ta eƒu du yi teƒea be yeakpɔ nu si wònye. Ke esi wòƒu du yina la, ese Mawu ƒe gbe be,
And when Moses saw it, he admired the sight: and as he drew near to behold it, the Lord said to him, audibly:
32 ‘Nyee nye tɔgbuiwòwo Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu la.’ Dzidzi ƒo Mose ale gbegbe be mete ŋu fɔ ta dzi be yeakpɔ afi si gbea le ɖiɖim tso la o.
I am the God of thy fathers, the God of Abraham, and of Isaac, and of Jacob. And Moses trembled, and dared not to gaze at the sight.
33 “Mawu ƒe gbe yi edzi gblɔ nɛ be, ‘Ɖe wò afɔkpawo le afɔ, elabena teƒe si nèle la nye teƒe kɔkɔe.
And the Lord said to him: Loose thy shoes from thy feet; for the ground on which thou standest is holy.
34 Mekpɔ fu gã si kpem vinyewo le le Egiptenyigba dzi, eye mese woƒe nublanuiɣli si dom wole la hã, eya ta meva be maɖe wo tso fukpekpe sia me. Va ne madɔ wò ɖe Egipte ne nàwɔ dɔ sia nam.’
I have attentively seen the affliction of my people, who are in Egypt; and I have heard their groans, and have come down to deliver them. And now, come, I will send thee to Egypt.
35 “Ale Mose si gbɔ etɔwo gbe nu le, eye wobiae be, ‘Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía dzi hã?’ la, eyae Mawu ɖo ɖa be wòanye woƒe ɖela kple kplɔla to mawudɔla, si ɖe eɖokui fiae le ŋuvea me la dzi.
This Moses, whom they rejected, saying, Who constituted thee a ruler and judge over us? this same did God, by the hand of the angel that appeared to him in the bush, send to them to be their captain and deliverer.
36 Ale to nukunu geɖewo wɔwɔ me la, Mose kplɔ Israelviwo tso Egipte. Woto Ƒu Dzĩ la me, eye wozɔ mɔ to gbedzi ƒe blaene sɔŋ.
He it was that brought them out, working signs and wonders and prodigies in the land of Egypt, and at the sea of rushes, and in the desert, forty years.
37 “Mose ŋutɔ gblɔ na Israelviwo be, ‘Mawu ana nyagblɔɖila aɖe adzɔ tso mia nɔviwo dome abe nye ke ene.’
This Moses is the man who said to the children of Israel: A prophet, like me, will the Lord God raise up to you from among your brethren; to him give ear.
38 Mose ƒe nya sia va eme pɛpɛpɛ elabena esi wonɔ gbedzi nɔ yiyim la, Mose nye avuléla si nɔ Israelviwo kple mawudɔla si na Mawu ƒe sewo le Sinai to dzi la dome. Se si nye Agbenya lae wòna wo.
He it was, who was in the congregation in the wilderness, with the angel that conversed with him and with our fathers at mount Sinai; and he it was, received the living words to give them to us.
39 “Ke nublanuitɔe la, mía tɔgbuiwo gbe nu le Mose gbɔ, eye wodi be yewoatrɔ ayi Egipte.
And our fathers would not hearken to him, but forsook him, and in their hearts returned again to Egypt;
40 Le nyateƒe me la, woyɔ Aron hegblɔ nɛ be, ‘Nɔvi, me legba siwo anye míaƒe mawu siwo akplɔ mí agbugbɔ yi Egipte la na mí, elabena míenya nu si dzɔ ɖe Mose si kplɔ mí dzoe le Egiptenyigba dzi la dzi o.’
when they said to Aaron: Make us gods who may go before us; because, as for this Moses who brought us from the land of Egypt, we know not what hath become of him.
41 Eya ta wowɔ legba ɖe nyivi ƒe nɔnɔme me, eye wosubɔ nu si wotsɔ woƒe asi wɔe la kple dzidzɔ blibo hesaa vɔ nɛ.
And he made them a calf in those days; and they offered sacrifices to idols, and were voluptuous with the work of their hands.
42 Wɔna sia na be Mawu hã ɖe asi le wo ŋu, eye wosubɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo abe ale si woŋlɔ ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene. “‘Israeltɔwo, nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo sa vɔ na esi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ mahã?
And God turned away, and gave them up to worship the hosts of heaven: as it is written in the book of the prophets: Did ye, for forty years, in the wilderness, present to me a slain animal or a sacrifice, ye sons of Israel?
43 Kpao, menye nyee miesa vɔ na o, ke boŋ miaƒe susuwo katã nɔ Molek ƒe agbadɔ kple mawu Refan ƒe ɣletivinɔnɔme, siwo nye legba miewɔ be miasubɔ la ŋu. Le esia ta la, maɖo mi ɖe aboyo me, ayi keke Babilonia godo ke.’
But ye bore the tabernacle of Malchum, and the star of the god Rephon, images which ye had made, that ye might bow down to them. I will transport you beyond Babylon.
44 “Mía tɔgbuitɔgbuiwo tsɔ ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la ɖe ta nɔ gbea dzi, nɔ yiyim tso teƒe yi teƒe. Wowɔ ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ sia ɖe nɔnɔme si Mawu ɖee fia Mose be wòawɔe la nu.
Lo, the tabernacle of the testimony of our fathers, was in the wilderness; as he who talked with Moses, commanded to make it after the form which he showed him.
45 Le ƒe aɖewo megbe la, esi Yosua va zu kplɔla, eye wòho aʋa ɖe dukɔwo ŋu la, wokɔ agbadɔ sia yi woƒe nɔƒe yeye si wonɔ la, eye wowɔ eŋuti dɔ va se ɖe Fia David ŋɔli.
And this same tabernacle, our fathers, with Joshua, actually brought into the land which God gave to them for an inheritance from those nations which he drove out before them; and it was borne about, until the days of David.
46 Mawu yra Fia David ŋutɔ, eye David hã bia be Mawu naɖe mɔ na ye yeatu gbedoxɔ gã aɖe si anɔ anyi tegbee la na eya Yakob ƒe Mawu la.
He found favor before God; and he requested, that he might find a residence for the God of Jacob.
47 Ke David ƒe vi Solomo boŋue nye ame si va tu gbedoxɔ la nɛ.
But Solomon built the house.
48 “Ke hã la, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la menɔa gbedoxɔ si amegbetɔ ŋutɔ tsɔ eƒe asi tui la me o, elabena Mawu ŋutɔ gblɔ to eƒe Nyagblɔɖila Yesaya dzi be,
Yet the most High lodgeth not in a work of human hands; as saith the prophet:
49 “‘Nye fiazikpuie nye dziƒo, eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu. Aƒe ka ƒomevi koŋ ame ate ŋu atu nam? Aƒetɔ la gblɔe. Alo Afi ka nye gbɔɖemeƒe anɔ?
Heaven is my throne, and earth the footstool under my feet. What is the house, ye will build for me? saith the Lord: or, what is the place of my repose?
50 Alo Menye nye asie wɔ esiawo katã oa?’
Lo, hath not my hand made all these things?
51 “Mi tosesẽtɔ siawo, ɖe wòle be miasẽ dzime atsi tsitre ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu ɣe sia ɣia? Ɛ̃, Alea tututu mia tɔgbuiwo wɔe nye esi, eye eya ƒomevi ko wɔm miawo hã miele.
O ye stiff of neck, and uncircumcised in their heart, and in their hearing; ye do always set yourselves against the Holy Spirit; as your fathers, so also ye.
52 Mitɔ asi nyagblɔɖila si yome mia tɔgbuiwo meti hewɔ fui o la dzi nam. Wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ Dzɔdzɔetɔ la ƒe vava ɖi eye miawo hã miede ame sia asi, eye miewui.
For, which of the prophets did not your fathers persecute and kill, even them, who foretold the coming of the Just One, whom ye delivered up and slew?
53 Ɛ̃, togbɔ be mawudɔlawoe tsɔ Mawu ƒe seawo vɛ na mi hã la, mieɖo koŋ gblẽ seawo to wo dzi dada me.”
And ye have received the law by the ordination of angels, and have not kept it.
54 Stefano ƒe nya sia tɔ dzi na Yudatɔwo ƒe kplɔlawo ŋutɔ. Wodo dziku vevie henɔ nyanyram le wo ɖokuiwo me.
And when they heard these things, they were filled with rage in their souls; and they gnashed their teeth against him.
55 Ke Stefano, ame si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũu la li eƒe ŋkuwo ɖe dzi gãa, ekpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe gã la, eye Yesu nɔ tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusime.
And he, as he was full of faith and of the Holy Spirit, looked towards heaven, and saw the glory of God, and Jesus standing at the right hand of God.
56 Stefano gblɔ na ameha la be, “Mikpɔ ɖa, mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye Amegbetɔ Vi la tsi tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusime.”
And he said: Lo, I see heaven open, and the Son of man standing on the right hand of God.
57 Nya sia gado dziku na wo ŋutɔ, ale wo katã wotsɔ woƒe asiwo xe to me be yewomagase nya aɖeke o. Wodze Stefano dzi henɔ ɣli dom be ame aɖeke megase eƒe nya o.
And they cried out with a loud voice, and stopped their ears, and all rushed upon him.
58 Emegbe la, wohee do goe le dua me be yewoaƒu kpee wòaku. Ɖasefowo kple amewulawo ɖe woƒe awuwo na ɖekakpui aɖe si woyɔna be Saulo la be wòakpɔ wo dzi na yewo.
And they seized him, and hurried him out of the city, and stoned him. And they who testified against him, laid their clothes at the feet of a certain young man who was called Saul.
59 Esi wonɔ kpe fum Stefano la, edo gbe ɖa gblɔ be, “Aƒetɔ Yesu, xɔ nye gbɔgbɔ.”
And they stoned Stephen, while he prayed and said: Our Lord Jesus, receive my spirit.
60 Emegbe la, edze klo eye wòdo ɣli gblɔ be, “Aƒetɔ, mègaɖo nu vɔ̃ sia teƒe na wo o.” Ale wòdze anyi heku.
And when he had kneeled down, he cried with a loud voice, and said: Our Lord, establish not this sin against them. And when he had said this, he fell asleep.