< Dɔwɔwɔwo 5 >

1 Ŋutsu aɖe si woyɔna be Anania kple srɔ̃a Safira hã dzra woƒe nunɔamesi aɖe,
NOW a certain man named Ananias, with Sapphira his wife, had sold an estate,
2 ke Anania tsɔ ga la ƒe ɖe dzra ɖo hafi tsɔ mamlɛa vɛ na apostoloawo, nu si le nyanya me na srɔ̃a, Safira hã.
and secreted a part of the price paid, his wife also being privy to the transaction, and he brought a part, and laid it at the apostles’ feet.
3 Ke Petro biae be, “Anania, nu ka ta Satana xɔ aƒe ɖe wò dzi me ale, be nèda alakpa na Gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye nètsɔ ga si nèdzra anyigba lae ƒe ɖe dzra ɖo?
But Peter said, O Ananias! why hath Satan filled thy heart that thou shouldst lie to the Holy Ghost, and secrete something from the price of the estate?
4 Ɖe anyigba la menye tɔwò hafi nèdzrae oa? Eye esi nèdzrae la, ɖe ga la menye tɔwò oa? Nu kae wɔ wò be nèɖe afɔ sia? Menye amegbetɔe nèda alakpa na o, ke boŋ Mawue.”
it remained unsold, was it not vested in thee? and when sold, was it not in thine own power? why then hast thou determined in thine heart to do this deed? thou hast not lied unto men, but unto God.
5 Esi Anania se nya sia teti ko la, emu dze anyi enumake heku. Vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ame siwo katã se nu si va dzɔ la.
Then Ananias, hearing those words, sunk down and expired: and great dread fell upon all who heard these things.
6 Ke ɖekakpui siwo nɔ teƒea la tsɔ avɔ bla ɖe eŋu, eye wokɔe do goe yi ɖaɖi.
Then the young men arose, and swathed him up, and carrying him out, buried him.
7 Abe gaƒoƒo etɔ̃ megbe ene la, Anania srɔ̃, Safira hã va ɖo. Eya menya nu si dzɔ ɖe srɔ̃a dzi o.
Now it came to pass at the distance of about three hours, his wife also, not knowing what had passed, came in.
8 Petro biae be, “Safira, gblɔe nam, ga home siae wò kple Anania miexɔ tso anyigba si miedzra la mea?” Safira ɖo eŋu na Petro be, “Ɛ̃, ho mae míexɔ.”
And Peter addressed her, Tell me, if ye sold the estate for so much? And she said, Yes, for so much.
9 Petro gblɔ na Safira be, “Nu ka ta mi kple srɔ̃wò, Anania, miewɔ ɖeka be yewoate Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kpɔ mahã? Kpɔ ɖa ɖekakpui siwo ɖi srɔ̃wò ƒe kukua la, woawoe nye ema le xɔa mɔnu le wò hã lalam ne woakɔ wò hã ayii.”
Then Peter said unto her, How is it that ye have conspired together to tempt the Spirit of the Lord? see, the feet of them who have buried thy husband are at the door, and shall carry thee out.
10 Enumake Safira hã mu dze anyi heku ɖe Petro ƒe afɔ nu eye esi ɖekakpuiawo va kpɔ eƒe kukua le anyigba la, wokɔ eya hã ɖaɖi ɖe srɔ̃a xa.
Then she fell instantly at his feet, and expired: and the young men entering, found her dead, and carrying her out, buried her with her husband.
11 Nyadzɔdzɔ sia de vɔvɔ̃ gã aɖe hame blibo la kple ame siwo katã see la me.
And great awe fell on all the Church, and on all who heard these things.
12 Le ɣeyiɣi siawo me la, apostoloawo ƒoa ƒu edziedzi ɖe gbedoxɔ ƒe akpa si woyɔna be “Solomo ƒe Akpata” la me, eye wonɔa dzesi kple nukunu geɖewo wɔm le afi ma.
But by the hands of the apostles were many signs and miracles done among the people; (and they were all with one accord in the portico of Solomon.
13 Ame geɖewo metea ŋu doa dzi tena ɖe apostoloawo ŋu o, ke hã la, ame sia ame tsɔ bubu tɔxɛ blibo na wo.
But of the rest no man had the courage to unite himself with them: though the people extolled them.
14 Ame geɖewo ŋutɔ, ŋutsuwo kple nyɔnuwo xɔ Aƒetɔ la dzi se, eye woge ɖe hame la me.
But believers on the Lord were abundantly added to them, multitudes, both of men and women.)
15 Ɖe apostoloawo ƒe nukunuwo wɔwɔ ta la, amewo kɔa dɔnɔwo dana ɖe abawo kple abatiwo dzi le mɔwo to be ne Petro va yina la, eƒe vɔvɔli nadze ɖe wo dzi.
Insomuch that they carried out into the streets the sick, and laid them on beds and couches, that when Peter was coming by, if but even his shadow might pass over some of them.
16 Zi gã aɖe tɔ le du siwo ƒo xlã Yerusalem la me, eye amewo kɔ woƒe dɔnɔwo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la vɛ, eye woda gbe le wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.
Then came together also a multitude from the neighbouring cities to Jerusalem, bringing the sick, and those who were disturbed by unclean spirits; who were healed universally.
17 Ke nunɔlagã la kple eŋume siwo tso Zadukitɔwo ƒe kɔ aɖe me la yɔ fũu kple ŋuʋaʋã.
Then arose the high-priest, and all those who were connected with him, (which was the sect of the Sadducees, ) and were filled with zeal,
18 Ale wolé apostoloawo de gaxɔ me.
and laid their hands on the apostles, and put them in the common prison.
19 Ke le zã me la, mawudɔla aɖe va apostoloawo gbɔ le gaxɔa me. Eʋu gaxɔ la ƒe agbowo, eye wòkplɔ wo do goe. Egblɔ na wo be,
But the angel of the Lord by night opened the doors of the prison, and conducting them forth, said,
20 “Miyi gbedoxɔ la me, eye miagblɔ agbe yeye sia ƒe nya na ameawo.”
Go, and taking your station in the temple, speak to the people all the words of this life.
21 Esi ŋu ke la, apostoloawo va ɖo gbedoxɔ la me abe ale si wogblɔ na wo la ene, eye wodze nufiafia ameawo gɔme. Sẽe ko la, nunalɔgã la kple eŋumewo hã va ɖo gbedoxɔ la me. Woyɔ Israel ƒe takpekpe gã me nɔlawo ƒo ƒu ɖe woƒe takpeƒe, eye wodɔ asrafoawo be woaɖakplɔ apostoloawo tso gaxɔ la me vɛ ne yewoadrɔ̃ ʋɔnu wo.
Having heard this therefore, they entered very early in the morning into the temple, and taught. But when the high-priest came, and those who were with him, they convoked the sanhedrim, and all the assembly of elders of the children of Israel, and sent to the prison to bring them.
22 Ke esi asrafoawo yi la, womekpɔ apostoloawo le gaxɔ la me o, ale wotrɔ ɖagblɔ na takpekpea me nɔlawo be,
But the officers, on their arrival, found them not in the prison: and returning, informed them,
23 “Esi míede la, míekpɔ gaxɔ ƒe agboawo nɔ tutu goŋgoŋ. Asrafowo nɔ tsitre ɖe agboa nu pɛpɛpɛ, gake esi míeʋu ʋɔa hege ɖe eme la, míekpɔ ame aɖeke le teƒea o.”
saying; The prison indeed found we fast locked with all security, and the guards standing without, before the door: but when we opened it, we found no person within.
24 Nya sia ʋuʋu gbedoxɔdzikpɔlawo ƒe amegã kple nunɔlagãwo ŋutɔ, eye woƒe dzi gbã. Womenya nu si tututu ava dzɔ ɖe esia yome o, eye womenya ɣe ka ɣi tututu hã nu siawo nu ava yi o.
Now when they heard these words, both the priest and captain of the temple and the chief priests were in the utmost perplexity concerning these things, what could be the meaning of it.
25 Ke ame aɖe va gblɔ na wo be ame siwo wolé de gaxɔ me la woe nye emawo le nya gblɔm na ameawo ŋusẽtɔe le gbedoxɔ la me.
Then came a person and informed them, saying, the men whom ye put in prison are standing in the temple, and teaching the people.
26 Enumake asrafowo ƒe amegã kplɔ etevi aɖewo ɖe asi, eye woyi ɖalé apostoloawo. Asrafoawo kpɔ egbɔ be yewomelé wo sesẽtɔe o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewowɔ esia la, ɖewohĩ ameha gã si le afi ma la aƒu kpe yewo.
Then went the captain, with the officers, and brought them; not forcibly, for they were afraid of the people, lest they should stone them.
27 Wokplɔ apostoloawo va ʋɔnudrɔ̃ƒe la ƒe ŋkume be nunɔlagã nabia gbe wo.
But when they had conducted them, they placed them in the sanhedrim: and the high-priest interrogated them,
28 Ebia wo be, “Menye ɖe míede se na mi vevie be miagafia nu le ŋkɔ sia me azɔ oa? Ke azɔ kura boŋ miekaka míaƒe nufiafia ɖe Yerusalem du blibo la me, eye mieɖoe kplikpaa be yewoatsɔ ame sia ƒe ku aɖo mía dzi!”
saying, Did we not lay our strict injunction upon you, that you should not teach in this name? and, lo, ye have filled Jerusalem with your doctrine, and would fain bring this man’s blood upon us.
29 Petro kple apostoloawo gblɔ be, “Ele na mí be míawɔ ɖe Mawu ƒe gbe dzi ke menye ɖe amegbetɔ tɔ dzi o.
Then Peter and the apostles answering said, We must obey God rather than men.
30 Mía fofowo ƒe Mawu la fɔ Yesu tso ku me, eya ame si mina woklã ɖe ati ŋuti.
The God of our fathers hath raised up Jesus, whom ye had killed, suspending him on a tree.
31 Eya Mawu do ɖe dzi ɖe eƒe ɖusime be wòanye Fiavi kple Ɖela, be wòahe dzimetɔtrɔ kple nu vɔ̃ tsɔtsɔke vɛ na Israel.
Him hath God exalted at his right hand to be a Prince and a Saviour, to give repentance unto Israel, and remission of sins.
32 Míawo ŋutɔ míekpɔ nu siawo teƒe kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu naa ame siwo wɔa eƒe gbe dzi la hã.”
And we are witnesses of these things; and the Holy Ghost also, which God hath given to those who obey him.
33 Esi wose esia la, eku dzi na wo vevie, eye woɖo be yewoawu apostoloawo.
But when they heard this, they were cut asunder as with a saw, and took counsel how to make away with them.
34 Ke Farisitɔ aɖe le wo dome si ŋkɔe nye Gamaliel, enye agbalẽfiala hã, eye amewo katã dea bubu eŋu. Etsi tsitre le takpekpea me gblɔ be woaɖe kpɔ apostoloawo vie.
Then arose a certain Pharisee, in the sanhedrim, named Gamaliel, a doctor of the law, held in high esteem by all the people, and ordered the apostles to be taken out for a little space;
35 Azɔ Gamaliel trɔ ɖe etɔwo gbɔ gblɔ na wo be, “Israeltɔwo, mikpɔ nyuie le ɖoɖo si wɔm miele ɖe ame siawo ŋu la ŋuti.
and he said unto them, Men of Israel, take heed to yourselves respecting these men, what ye mean to do to them.
36 Ɣeyiɣi aɖe va yi la, Teuda aɖe va do ɖe mía dome, eye wòwɔ eɖokui hlodzoo be yenye amegã aɖe. Ame abe alafa ene sɔŋ dze eyome. Ke nu kae va dzɔ? Wowu eya ŋutɔ, eye eyomedzelawo katã kaka gbẽe, eye nu nyui aɖeke medo tso eme o.
For before these days arose Theudas, saying that he himself was a singular personage: to whom a number of men, about four hundred, attached themselves: who was taken off; and as many as obeyed him, were dispersed, and came to nothing.
37 Le eya megbe la, ame bubu hã gava do le amexexlẽŋkekewo me. Ame sia nye Yuda si tso Galilea. Eya hã dze agbagba he amewo ɖe eɖokui ŋu abe eƒe nusrɔ̃lawo ene, gake eya hã va ku eye eyomedzelawo kaka.”
And after him arose Judas the Galilean, in the days of the enrolment, and drew away a multitude of the populace after him: he also perished, and all, as many as obeyed him, were dispersed.
38 Gamaliel yi edzi be, “Tɔnyetɔwo, aɖaŋu si medi be maɖo na mie nye be miɖe asi le ame siawo ŋu kpoo. Ne wònye woawo ŋutɔ ƒe nufiafia kakam wole la, ekema eteƒe madidi o la, nu sia nu awu enu.
And as to the matters now before you, I say unto you, Abstain from these men, and leave them to themselves: for if this design or this work be of men, it will come to nothing:
39 Gake nenye Mawu ƒe dɔ wɔm wole vavã la, ekema miate ŋu atsi enu gbeɖe o. Gawu la, ne miekpɔ nyuie o la, miakpɔ be yewole kame tem kple Mawu.”
but if it be of God, ye cannot overthrow it; and in that case would be found fighters against God.
40 Takpekpea me nɔlawo xɔ Gamaliel ƒe aɖaŋu sia ale woyɔ apostoloawo vɛ, eye woƒo wo. Emegbe la, wode se na wo be womegagblɔ nya aɖeke le Yesu ƒe ŋkɔ me gbeɖe o, eye woɖe asi le wo ŋu.
And to him they assented: and calling in the apostles, after scourging them, they commanded them not to speak in the name of Jesus, and dismissed them.
41 Apostoloawo ɖe abla do go le takpexɔa me kple dzidzɔ blibo be wodo ŋukpe yewo le Yesu ƒe ŋkɔ ta.
Then they went rejoicing from the presence of the sanhedrim, that for his name’s sake, they had been counted worthy to suffer this injurious treatment.
42 Azɔ tso ŋkeke yi ŋkeke, wonɔa gbedoxɔ la ƒe akpata me, nɔa nu fiam, eye nenema ke wowɔna tso aƒe me yi aƒe me, eye womedzudzɔ nufiafia o, ke boŋ wonɔ gbeƒã ɖem nyanyui la, be Yesue nye Kristo la.
And all the day long in the temple, and from house to house, they never ceased teaching and preaching Jesus Christ.

< Dɔwɔwɔwo 5 >