< Dɔwɔwɔwo 4 >
1 Esi Petro kple Yohanes wonɔ nu ƒom na ameawo alea la, nunɔlawo kple gbedoxɔŋudzɔlawo ƒe amegã kple Zadukitɔwo dometɔ aɖewo va do ɖe wo dzi.
正當他們向百姓講話的時候,司祭、聖殿警官和撒杜塞人來到他們那裏,
2 Petro kple Yohanes wonɔ gbeƒã ɖem be Yesu gagbɔ agbe tso ame kukuwo dome si fia be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖe li. Enye nu si medzɔ dzi na wo kuraa o.
大為惱怒,因為他們教訓百姓,並宣講耶穌從死者中復活,
3 Eya ta wolé Petro kple Yohanes, gake esi fiẽ ɖo xoxo ta la, wokplɔ wo ame eve la de gaxɔ me be woadɔ afi ma ŋu nake.
遂下手拿住他們,押在拘留所裏,直到第二天,因為天已晚了。
4 Togbɔ be edzɔ alea hã la, ame geɖe siwo se Petro kple Yohanes ƒe nyagbɔgblɔ gbe ma gbe la xɔe se hetrɔ dzi me, eye wozu xɔsetɔwo. Ale xɔsetɔwo katã ƒe xexlẽme anɔ abe akpe atɔ̃ ene.
但聽道的人中,有許多人信從了,男人的數目,大約有五千。
5 Esi ŋu ke la, dziɖulawo, amegãwo kple agbalẽfialawo kpe ta le Yerusalem.
到了第二天,猶太人的首領、長老和經師都聚集在耶路撒冷,
6 Takpekpea me nɔla aɖewo nye Anas si nye nunɔlagã, Kayafa, Yohanes, Aleksandro kple nunɔlagã ƒe ƒometɔ aɖewo.
還有大司祭亞納斯和蓋法、若望、亞歷山大以及大司祭家族的人。
7 Wokplɔ Petro kple Yohanes va woƒe ŋkumee. Takpekpea me nɔlawo bia Petro kple Yohanes be, “Ame ka ƒe mɔɖeɖe alo ŋkɔ mee miewɔ nu sia?”
他們就令宗徒們站在中間,仔細考問說:「你們憑什麼能力,或以誰的名義行這事﹖」
8 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la do ŋusẽ Petro, eye wòɖo eŋu na wo be, “Dziɖulawo kple dumegãwo!
那時,伯多祿充滿聖神,向他們說:「各位百姓首領和長老!
9 Ne miele gbe biam mí egbe ku ɖe dɔmenyo si míewɔ na tekunɔ sia ta be míagblɔ ale si wòwɔ haya la,
如果你們今天詢問我們有關向一個病人行善的事,並且他怎樣痊癒了,
10 ekema minyae kɔtɛe, mi kple Israeltɔwo katã, be le Yesu Kristo Nazaretitɔ, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋuti, ame si Mawu fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe ŋkɔ mee ame si le tsitre ɖe mia ŋkume la kpɔ dɔyɔyɔ le.
我很高興告訴你們和全以色列百姓:是憑納匝肋人耶穌基督的名字即是你們所釘死,天主從死者中所復活的;就是憑著這人,這個站在你們面前的人好了。
11 Eyae nye, “‘Kpe si mi xɔtulawo miegbe la, eya kee trɔ zu dzogoedzikpe.’
這耶穌就是為你們『匠人所棄而不用的石頭,反而成了屋角基石。』
12 Yesu ɖeka pɛ ko dzi ame sia ame ato hafi akpɔ xɔxɔ, elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te si wona amegbetɔwo, esi me wòle be míakpɔ xɔxɔ la le o.”
除他以外,無論憑誰,決無救援,因為在天下人間,沒有賜下別的名字,使我們賴以得救的。」
13 Esi takpekpea kpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, evɔ wonye ame gbɔlo siwo menya agbalẽ o la, woƒe mo wɔ yaa, eye wode dzesii be ame siawo nɔ Yesu ŋu va yi.
他們看到伯多祿和若望的膽量,並曉得他們是沒有讀過書的平常人,就十分驚訝;他們既認出他們是同耶穌在一起的,
14 Gawu la, esi wònye be tekunɔ si ŋu woda gbe le hã nɔ tsitre ɖe wo dome ta la, nya aɖeke megale wo si woagblɔ o.
又看見那治好了的人,同他們一起站著,都無言可對。
15 Le esia ta la, wona wokplɔ Petro kple Yohanes do goe le xɔa me, ale be woate ŋu akpɔ mɔnu ade adaŋu le wo ŋu.
遂命他們暫且離開公議會,彼此商議,
16 Azɔ Takpekpea me nɔlawo bia wo nɔewo be, “Nu ka tututu míawɔ ame eve siawo? Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be woda gbe le tekunɔ sia ŋu vavã eye nukunu sia ɖi hoo le Yerusalem du blibo la me eye míate ŋu asẽ nu o.
說:「對這些人我們可以作什麼呢﹖因為他們確實顯了一個明顯的奇蹟,凡耶路撒冷的居民都知道了,我們也不能否認。
17 Gake be womegakaka woƒe nya si gblɔm wole o la, mina míayɔ wo agbe na wo be womekpɔ mɔ agagblɔ nya alo afia nu ame aɖeke le Yesu ƒe ŋkɔ me o.”
但是,為叫這事不再在民間傳播,我們當恐嚇他們,叫他們不可再因這名字向任何人發言。」
18 Ale wogayɔ Petro kple Yohanes va wo dome, eye wode se na wo vevie be yewomedi be yewoagasee alo akpɔ wo woanɔ nu fiam tso Yesu ŋu le teƒe aɖeke kura o.
遂叫了他們來,嚴令他們絕對不可再因耶穌的名發言施教。
19 Ke Petro kple Yohanes ɖo eŋu gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔwo mibu eŋu kpɔ be enyo le Mawu gbɔ be míase amegbetɔ ƒe gbe, agbe eya Mawu ƒe gbedziwɔwɔ hã?
伯多祿和若望卻回答說:「聽從你們而不聽從天主,在天主前是否合理,你們評斷罷!
20 Asesẽ na mí ŋutɔ be míadzudzɔ nuƒoƒo le nu siwo míekpɔ kple esiwo míese la ŋu o.”
因為我們不得不說我們所見所聞的事。」
21 Esi takpekpea me nɔlawo gaklẽ ŋku de wo hede se na wo vevie la, wona wodzo. Ʋɔnua menya tohehe si tututu woatsɔ na wo o, elabena ameawo katã nɔ Mawu kafum le nu si dzɔ la ta.
議員們為了百姓的原故,找不到藉口來處罰他們,就把他們恐嚇一番,予以釋放了,因為眾人都為所發生的事光榮天主。
22 Elabena tekunɔ si ŋuti woda gbe le nukunutɔe la xɔ ƒe wu blaeve gɔ̃ hã.
原來那因奇蹟治好了的人,已有四十多歲了。
23 Esi woɖe asi le Petro kple Yohanes ŋu teti ko la, woti wo tɔ nusrɔ̃lawo bubuawo yii ɖagblɔ nu siwo katã nunɔlagãwo kple amegãwo gblɔ la na wo.
他們被釋放之後,來到自己的人那裏,報告了大司祭和長老向他們所說的一切;
24 Enumake wo katã woƒo ƒu do gbe ɖa na Mawu hegblɔ be, “O Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, wò ame si wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le eme.
大家一聽,都同心合意地高聲向天主說:「上主!『是你創造了天地海洋,和其中的一切。』
25 ȃo nu to Gbɔgbɔ kɔkɔe la dzi, to mía fofo David, wò dɔla dzi be, “‘Nu ka ta dukɔwo do dziku ɖe Mawu ŋu, eye amewo le bablawo wɔm dzodzro ɖo?
你曾以聖神藉我們的祖先,你的僕人達味的口說過:『異民為何叛亂﹖萬民為何策劃妄事﹖
26 Ɛ̃, Anyigbadzifiawo wɔ ɖeka, eye dziɖulawo bla nu ɖe Aƒetɔ la kple eƒe Amesiamina la ŋu.’
世上的君王起來,首領聚集在一起,反對上主和他的受傅者。』
27 Elabena vavã, Fia Herod kple Pontio Pilato kple ame siwo menye Yudatɔwo o la katã kple Israelviwo gɔ̃ hã le du sia me wɔ ɖeka hetsi tsitre ɖe Viwò Yesu, wò dɔla kɔkɔe si nèsi ami na la ŋu.
實在,黑落德和般雀比拉多與異民和以色列人聚集在這座城內,反對你的聖僕人耶穌,反對你的受傅者,
28 Ke nu si wò ŋutɔ nèɖo da ɖi le wò nunya kple ŋusẽ me xoxo la ko ate ŋu adzɔ.
實行了你的手和計劃所預定要成就的事。
29 Azɔ míaƒe Mawu, wò ŋutɔ se ale si wole kakam ɖe mía ŋue la ɖa! Na dzideƒo blibo mí wò subɔlawo be míate ŋu agblɔ wò nya la kple dzideƒo.
現今,上主 !請注意他們的恐嚇,賜你的僕人以絕大的膽量,宣講你的真道,
30 Do wò asi ɖa be míate ŋu ada gbe le dɔnɔwo ŋu, awɔ nukunu gãwo le wò dɔla Kɔkɔe, Yesu, ƒe ŋkɔ me.”
同時伸出你的手,藉你的聖僕人耶穌的名字治病,顯徵兆,行奇蹟。」
31 Esi wodo gbe ɖa vɔ alea la, xɔ si me wonɔ la ʋuʋu sesĩe. Wo katã yɔ fũu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eye wogblɔ Mawu ƒe nya la kple dzideƒo gã blibo.
他們祈禱後,他們聚集的地方震動起來,眾人都充滿了聖神,大膽地宣講天主的真道。
32 Xɔsetɔ siawo katã ƒe dziwo kple susuwo nɔ ɖeka. Wo dometɔ aɖeke mebuna be nu si le ye si la nye ye ɖeka ko tɔ o, ke boŋ womaa nuwo ɖe wo nɔewo dome.
眾信徒都是一心一意,凡各人所有的,沒有人說是自己的,都歸公用。
33 Apostolowo kpɔ ŋusẽ gblɔ mawunya detowo, heɖe gbeƒã Aƒetɔ Yesu ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome, eye amenuveve gã le wo katã dzi.
宗徒們以大德能,作證主耶穌的復活,在眾人前大受愛戴。
34 Hiãtɔ aɖeke menɔ wo dome o, elabena enuenu ame siwo si anyigbawo alo aƒewo nɔ la tsɔ wo dzra, eye ga home si wokpɔ la,
在他們中,沒有一個貧乏的人,因為凡有田地和房屋的,賣了以後,都把賣得的價錢帶來,
35 wotsɔnɛ va dana ɖe apostoloawo ƒe afɔ nu eye womanɛ na amewo le woƒe hiahiã nu.
放在宗徒們腳前,照每人所需要的分配。
36 Yosef, Levitɔ, ame si wodzi le Kipro, eye apostoloawo yɔna hã be Barnabas (si gɔmee nye “dzideƒovi la”),
有位若瑟,宗徒稱之為巴爾納伯,解說「安慰之子,」是肋未人,生於塞浦路斯島,
37 dzra eƒe agble hetsɔ ga la katã vɛ na apostoloawo.
他有田地,賣了以後,也把銀錢帶來,放在宗徒腳前。