< Dɔwɔwɔwo 28 >
1 Esi míekpɔ ɖeɖe megbe la, míeva nya be ƒukpo si woyɔna be Mɔlta la dzie míeva ɖo.
When we had escaped, then they learned that the island was called Malta.
2 Ƒukpoa dzi tɔwo xɔ mí nyuie ŋutɔ. Esi tsi nɔ dzadzam eye vuvɔ nɔ wɔwɔm ta la, wodo dzo gã aɖe na mí be míaƒu.
The natives showed us uncommon kindness; for they kindled a fire and received us all, because of the present rain and because of the cold.
3 Esi Paulo fɔ nake wuwlui aɖewo be yeade dzoa me ko la, da vɔ̃ɖi aɖe do tso nake la me, le dzoxɔxɔ la ta, eye wòbla ɖe Paulo ƒe alɔnu.
But when Paul had gathered a bundle of sticks and laid them on the fire, a viper came out because of the heat and fastened on his hand.
4 Nu sia wɔ nuku, eye wòdo vɔvɔ̃ na ame siwo nɔ afi ma ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame sia la, hlɔ̃dola vɔ̃ɖi aɖee wònye; togbɔ be metsi ƒu me ku o hã la, Mawu ƒe hlɔ̃biabia melɔ̃ be wòatsi agbe o.”
When the natives saw the creature hanging from his hand, they said to one another, “No doubt this man is a murderer, whom, though he has escaped from the sea, yet Justice has not allowed to live.”
5 Ke Paulo ʋuʋu da la le alɔnu ɖe dzo bibi la me, eye naneke mewɔe o.
However he shook off the creature into the fire, and wasn’t harmed.
6 Ameawo nɔ mɔ kpɔm be Paulo ƒe abɔ ate, eye wòadze anyi aku, ke esi wolala ʋuu nya aɖeke medzɔ ɖe edzi o la, wotrɔ woƒe susuwo hegblɔ be Paulo la, Mawu aɖe koko wòanye.
But they expected that he would have swollen or fallen down dead suddenly, but when they watched for a long time and saw nothing bad happen to him, they changed their minds and said that he was a god.
7 Ƒukpo sia ƒe Mɔmefia ŋkɔe nye Publio, ame sia ƒe anyigba kple aƒe te ɖe ƒuta, afi si míeva ɖi go ɖo. Publio xɔ mí ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒe me, hekpɔ mía dzi nyuie ŋkeke etɔ̃ sɔŋ.
Now in the neighborhood of that place were lands belonging to the chief man of the island, named Publius, who received us and courteously entertained us for three days.
8 Publio fofo ƒe lãme menɔ kɔkɔm tututu o, elabena asrã kple kpetadɔ nɔ fu ɖem nɛ. Paulo yi egbɔ, do gbe ɖa, heda asi ɖe edzi ale be eƒe lãme sẽ.
The father of Publius lay sick of fever and dysentery. Paul entered in to him, prayed, and laying his hands on him, healed him.
9 Enumake dɔnɔ siwo katã nɔ teƒea la va Paulo gbɔ, eye wòda gbe le wo katã ŋu.
Then when this was done, the rest also who had diseases in the island came and were cured.
10 Dzi dzɔ ƒukpoa dzi tɔwo ŋutɔ ale wotsɔ nunana ƒomevi geɖewo vɛ na mí, eye esi ɣeyiɣi de na mí be míadzo la, wodo agba na míaƒe tɔdziʋu la nyuie ŋutɔ kple nu siwo katã ava hiã mí le míaƒe mɔzɔzɔ la me.
They also honored us with many honors; and when we sailed, they put on board the things that we needed.
11 Míenɔ Mɔlta ƒukpo la dzi ɣleti etɔ̃ hafi gadze mɔ. Míeɖo tɔdziʋu aɖe si woyɔna be Venɔviwo si tso Aleksandria, eye wòva tsi ƒukpoa dzi le vuvɔŋɔli la me.
After three months, we set sail in a ship of Alexandria which had wintered in the island, whose figurehead was “The Twin Brothers.”
12 Teƒe gbãtɔ si míetɔ ɖo lae nye Sirakusa, eye míenɔ afi ma ŋkeke etɔ̃.
Touching at Syracuse, we stayed there three days.
13 Tso Sirakusa la, míeƒo xlã nu heyi Regio, eye tso afi ma la, ya aɖe ƒo ɖe mí tso anyigbeme gome, ale be le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Puteoli, afi si míedo go xɔsetɔ aɖewo le.
From there we circled around and arrived at Rhegium. After one day, a south wind sprang up, and on the second day we came to Puteoli,
14 Xɔsetɔ siawo di tso mía si vevie be míanɔ yewo gbɔ vie, ale míelɔ̃, nɔ wo gbɔ ŋkeke adre. Tso Puteoli la, míeɖo ta Roma.
where we found brothers, and were entreated to stay with them for seven days. So we came to Rome.
15 Esi xɔsetɔ siwo le Roma la se be míegbɔna la, wo dometɔ aɖewo va kpe mí le keke teƒe si woyɔna be Apioforo, eye wòdidi tso Roma gbɔ abe agbadroƒe blaenyi sɔŋ ene. Ame bubuwo hã va kpe mí le afi si woyɔna be, “Amedzrodzeƒe etɔ̃awo.” Teƒe sia hã didi tso Roma gbɔ abe agbadroƒe blaadre ene. Esi Paulo kpɔ xɔsetɔ siawo la, dzi dzɔe ŋutɔ; dzi ɖo eƒo, eye wòda akpe na Mawu.
From there the brothers, when they heard of us, came to meet us as far as The Market of Appius and The Three Taverns. When Paul saw them, he thanked God and took courage.
16 Esi míeva ɖo Roma la, asrafowo ƒe amegã si ƒe kpɔkplɔ te Paulo nɔ la ɖe mɔ na Paulo be ate ŋu adze afi sia afi si eya ŋutɔ lɔ̃. Ke woɖe asrafo aɖe kpe ɖe eŋu be wòadzɔ eŋu ɣe sia ɣi.
When we entered into Rome, the centurion delivered the prisoners to the captain of the guard, but Paul was allowed to stay by himself with the soldier who guarded him.
17 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Paulo yɔ Yudatɔ siwo le Roma dua me la ƒo ƒu, eye wòƒo nu na wo gblɔ be, “Nɔvinyewo, edzɔ dzi nam be meva ɖo mia gbɔ afi sia. Medi be mianya be togbɔ be nyemewɔ naneke o, eye nyemeda le kɔnyinyi aɖeke dzi o hã la, Yudatɔ siwo le Yerusalem la lém, eye wotsɔm de asi na Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔ siwo le Yerusalem, be woadrɔ̃ ʋɔnum.
After three days Paul called together those who were the leaders of the Jews. When they had come together, he said to them, “I, brothers, though I had done nothing against the people or the customs of our fathers, still was delivered prisoner from Jerusalem into the hands of the Romans,
18 Esi míeyi ʋɔnua la, Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔwo mekpɔ vodada aɖeke le ŋunye o, eya ta wodi be yewoaɖe asi le ŋunye, elabena wokpɔ be nyemedze na ku abe ale si Yudatɔwo ƒe amegãwo dii ene o.
who, when they had examined me, desired to set me free, because there was no cause of death in me.
19 Ke esi mekpɔ be Yudatɔwo mekpɔ dzidzɔ le ale si wodrɔ̃ ʋɔnua ŋu o, eye wotsi tsitsre ɖe nyametsotsoa ŋu vevie ta la, nye hã megblɔ na ʋɔnua be metsɔ nye nya de asi na Kaisaro le Roma be wòadrɔ̃ ʋɔnum.
But when the Jews spoke against it, I was constrained to appeal to Caesar, not that I had anything about which to accuse my nation.
20 Nya sia tae meyɔ mi vɛ, be makpɔ mi, eye maƒo nu kpli mi ɖo; elabena Israel ƒe mɔkpɔkpɔ la ta woblam kple kɔsɔkɔsɔ sia ɖo.”
For this cause therefore I asked to see you and to speak with you. For because of the hope of Israel I am bound with this chain.”
21 Ameawo ɖo eŋu na Paulo be, “Míawo la, ame aɖeke megagblɔ wò nya aɖeke na mí kpɔ loo alo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe mí tso Yudea le ŋuwò kpɔ o. Nɔvi Kristotɔ siwo tso Yerusalem va hã dometɔ aɖeke megblɔ nya aɖeke na mí tso ŋuwò kpɔ o.
They said to him, “We neither received letters from Judea concerning you, nor did any of the brothers come here and report or speak any evil of you.
22 Ke míadi be nàɖe wò xɔse la me na mí nyuie, elabena nu si míenya koe nye be, ame aɖeke media Kristotɔwo ƒe nya le teƒe aɖeke o.”
But we desire to hear from you what you think. For, as concerning this sect, it is known to us that everywhere it is spoken against.”
23 Ale woɖo ŋkeke bubu na takpekpe, eye esi ŋkekea ɖo la, ame geɖewo va ƒo ƒu ɖe Paulo ƒe aƒe me. Paulo ɖe mawunya me na wo tsitotsito, le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ŋu, tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖiawo me. Wonɔ takpekpea me tso ŋdi va se ɖe fiẽ ke.
When they had appointed him a day, many people came to him at his lodging. He explained to them, testifying about God’s Kingdom, and persuading them concerning Jesus, both from the law of Moses and from the prophets, from morning until evening.
24 Paulo ƒe nyawo sɔ to me na ame aɖewo, eye wotrɔ zu Kristotɔwo; ke ame aɖewo mexɔe se o.
Some believed the things which were spoken, and some disbelieved.
25 Wodzro nyawo me le wo ɖokuiwo me ʋuu hafi kaka dzo. Ke nya si tsi to me na wo, eye wòɖe fu na wo dometɔ geɖewo lae nye esi Paulo gblɔ na wo be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nya si wògblɔ to Nyagblɔɖila Yesaya dzi la le eme tututu be,
When they didn’t agree among themselves, they departed after Paul had spoken one message: “The Holy Spirit spoke rightly through Isaiah the prophet to our fathers,
26 “‘Yi dukɔ sia gbɔ, eye nàgblɔ be, “Miaƒe towo ase nyawo, gake miase wo gɔme o. Miaƒe ŋkuwo akpɔ nu, gake miele si dze gee o.”
saying, ‘Go to this people and say, in hearing, you will hear, but will in no way understand. In seeing, you will see, but will in no way perceive.
27 Elabena miaƒe dziwo ku atri, miaƒe towo sẽ, eye miesea nu o, eye miemiã miaƒe ŋkuwo. Ne menye nenema o la, miakpɔ nu, kple miaƒe ŋkuwo, ase nu kple miaƒe towo, ase nu gɔme kple miaƒe dziwo, eye miatrɔ ɖe ŋunye, eye mada dɔ na mi.’
For this people’s heart has grown callous. Their ears are dull of hearing. Their eyes they have closed. Lest they should see with their eyes, hear with their ears, understand with their heart, and would turn again, then I would heal them.’
28 “Eya ta medi be mianya be Mawu ƒe ɖeɖedɔ sia ɖo ame siwo menye Yudatɔwo o gbɔ, eye woaɖo toe.” [
“Be it known therefore to you that the salvation of God is sent to the nations, and they will listen.”
29 Esi wògblɔ esia la Yudatɔwo dzo, eye nyahehe geɖe ɖo wo dome.]
When he had said these words, the Jews departed, having a great dispute among themselves.
30 Ke Paulo nɔ afi ma ƒe eve sɔŋ le xɔ si ta wòxe fe ɖo la me, eye ame geɖewo va nɔ ekpɔm ɖa le eƒe aƒe me.
Paul stayed two whole years in his own rented house and received all who were coming to him,
31 Enɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe la, nɔ nu fiam le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋuti dzideƒotɔe, eye ame aɖeke mexea mɔ nɛ le esiawo katã wɔwɔ me o.
preaching God’s Kingdom and teaching the things concerning the Lord Jesus Christ with all boldness, without hindrance.