< Dɔwɔwɔwo 27 >

1 Mlɔeba la, woɖoe be míadze mɔ ayi Italia kple tɔdziʋu. Wotsɔ Paulo kple gamenɔla bubu aɖewo de asi na Yulio si nye Kaisaro ƒe asrafowo ƒe amegã ɖeka be wòakplɔ wo ayii dedie.
Y cuando se tomó la decisión de ir por mar a Italia, dieron a Paulo y otros presos al cuidado de un centurión llamado Julio, de la compañía de Augusta.
2 Míeɖo ʋu aɖe si tso Adramitio, eye wòyina tɔtɔ ge ɖe ʋudzeƒe geɖewo le Asia la hedze mɔ. Makedoniatɔ, Aristako si tso Tesalonika la hã nɔ ʋu la me kpli mí.
Y nos fuimos al mar en un barco de Adramitena que navegaba hacia los puertos de Asia, Aristarco, un macedonio de Tesalónica, que estaba con nosotros.
3 Le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Sidon. Asrafoawo ƒe amegã, Yulio nyo dɔ me na Paulo, ale be wòɖe mɔ nɛ wòɖi tsa de dua me ɖakpɔ xɔlɔ̃awo ɖa, eye wodi eƒe nu hiahiã aɖewo nɛ.
Y el día después, llegamos a Sidón; y Julio fue amable con Pablo y lo dejó ir a ver a sus amigos y descansar.
4 Esi míegadze mɔ tso afi ma teti ko la, míedo abala to Kipro ƒukpo la ƒe anyiehe gome, elabena ya sesẽ aɖe ƒo va kpe mí.
Y navegando de nuevo desde allí, continuamos protegidos del viento por la isla de Chipre, porque el viento estaba contra nosotros.
5 Míeto Kilikia kple Pamfilia ŋu, eye míeva ɖi go ɖe Mira le Likia nuto me.
Y atravesando el mar frente a Cilicia y Panfilia, llegamos a Mira, en Licia.
6 Le afi sia la, míaƒe kplɔla la kpɔ Egipte tɔdziʋu aɖe si tso Aleksandria yina Italia, eye míeɖoe.
Y allí el centurión se cruzó con un barco de Alejandría, navegando hacia Italia, y nos metió en él.
7 Míenɔ tsia dzi, eye míekpe fu ŋkeke geɖewo hafi va ɖo Knido gbɔ lɔƒo. Ya nɔ ƒoƒom sesĩe ale gbegbe be ɖeko míegbɔ eme to Salmone ʋudzeƒe la ŋu heyi Kreta.
Y cuando habíamos progresado lentamente durante un largo tiempo y habíamos tenido que esforzarnos para llegar hasta Gnido, porque el viento soplaba contra nosotros, dando la vuelta a la isla de Creta, en dirección a Salmone;
8 Míenɔ ahom gã sia me wònɔ fu ɖem na mí alea heto fugo la ŋu ɖɔɖɔɖɔ va ɖo teƒe aɖe si woyɔna be “Ʋudzeƒe Nyui” la. Teƒe sia te ɖe Lasea dua ŋu.
Y navegando por el costado de ella, lo mejor que pudimos, llegamos a un lugar llamado Buenos Puertos, cerca del cual estaba la ciudad de Lasea.
9 Míenɔ afi sia ŋkeke geɖewo. Le ɣeyiɣi siawo me la, ƒudzimɔzɔzɔ yi didiƒewo menɔ bɔbɔe o, elabena ƒea wu enu vɔ, eye ɣeyiɣi sia mee ahom sesẽwo tuna le ƒu dzi. Paulo kpɔe dze sii alea, ale wòyɔ tɔdziʋua kulawo hegblɔ na wo be,
Y como había pasado mucho tiempo, y el viaje estaba ahora lleno de peligro, porque era tarde en el año, por haber pasado ya el ayuno, Pablo les aconsejaba,
10 “Amegãwo, edze nam abe ne míeyi míaƒe mɔzɔzɔ sia dzi fifia la, nya aɖe ava dzɔ ɖe mía dzi ene. Ɖewohĩ ʋua anyrɔ, eye míaƒe agbawo abu, amewo axɔ abi, eye ame aɖewo aku gɔ̃ hã.”
Diciendo: Amigos, veo que este viaje será de gran daño y pérdida, no solo para los bienes y el barco, sino para nuestras vidas.
11 Ke asrafowo, ame siwo ƒe kpɔkplɔ te gamenɔlawo nɔ la meɖo to Paulo o, ke boŋ wose tɔdziʋua kulawo ƒe amegã ƒe aɖaŋu boŋ.
Pero el centurión prestó más atención al amo y al dueño de la nave que a lo que Pablo dijo.
12 Eye esi wònye be Ʋudzeƒe Nyui sia hã menyo tututu be woanɔ le vuvɔŋɔli me o ta la, tɔdziʋua me nɔla geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be yewoadze agbagba ayi ŋgɔ, aɖo Foenike be yewoatsi afi ma le vuvɔŋɔli la. Foenike si nye Kreta ƒe ʋudzeƒe la trɔ mo de dzigbemeɣetoɖoƒe kple anyigbemeɣetoɖoƒe.
Y como el puerto no era bueno para pasar el invierno, la mayoría de ellos acordó para salir al mar, para poder, si era posible, pasar el invierno en Fenice, un puerto de Creta, mirando hacia el noreste y el sureste y pasar ahí el invierno.
13 Le ɣe ma ɣi me tututu la, ya aɖe nɔ ƒoƒom tso anyigbeme gome, eye wòdze abe enyo be míadze mɔ ene eya ta wodo abalawo, eye míedze mɔ henɔ go ŋu tom to Kreta ŋkume kekeake.
Y cuando el viento del sur bajó suavemente, creyendo que su propósito podría ser efectuado, dejaron ir el barco y navegaron por el lado de Creta, muy cerca de la tierra.
14 Sẽe ko la, yame trɔ zi ɖeka, eye ahom sesẽ aɖe si woyɔna be “anyigbemeɣetoɖoƒeya” la ƒo kpe mí tso ƒukpo la dzi.
Pero después de un poco de tiempo, un viento tempestuoso azotó el barco con gran fuerza, llamado viento del noroeste.
15 Ahom la lɔ ʋu la ɖe nu, ale be ʋua kulawo ɖe asi le eŋu nɛ, eye wòkplɔ mí dzoe.
Y arrastró la nave, y no podíamos mantener el barco de cara al viento, nos dimos por vencidos y nos dejamos llevar por el viento.
16 Mlɔeba la, mieto ƒukpo sue aɖe si woyɔna be “Kauda” la godo, eye to agbagbadzedze geɖe me la, wote ŋu he tɔdziʋu sue si woti kae ɖe ʋu si míeɖo ŋu la,
Y navegando cerca del lado de una pequeña isla llamada Clauda, pudimos, aunque fue un trabajo duro, pudimos recoger el bote salvavidas:
17 eye wobla tsɔdziʋu la sesĩe be wòagaʋã alo anɔ ʋuʋum o. Tɔdziʋua kulawo nɔ vɔvɔ̃m be míaƒe ʋua ava ɖo ba alo asi ke le Afrika ƒuta, eya ta woɖiɖi abalawo, ale ya kɔ mí ɖe nu heyii.
Y al levantarla, pusieron cuerdas alrededor para reforzar el bote; pero temiendo que pudieran ser empujados y encallar en los bancos de arena el Sirti, bajaron el ancla flotante y se dejaron llevar por el viento.
18 Esi ŋu ke, eye ahom la nu ganɔ sesẽm ɖe edzi la, ʋua kulawo fɔ agbawo ƒu gbe ɖe ƒua me.
Y, aún luchando contra la tormenta con todas nuestras fuerzas, el día después de que empezaron a sacar los productos del barco;
19 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wofɔ dɔwɔnu siwo katã le ʋua me la hã ƒu gbe ɖe ƒua me.
Y al tercer día, con nuestras propias manos arrojamos todos los aparatos de navegación.
20 Ahom la nu gasẽ ɖe edzi hena ŋkeke geɖewo, eye míete ŋu kpɔ ɣe alo ɣletiviwo le dziŋgɔli me gɔ̃ hã o. Esia na be míebu mɔkpɔkpɔ keŋkeŋ.
Y como no habíamos visto el sol o las estrellas por mucho tiempo, y una gran tormenta estaba sobre nosotros, toda esperanza de salvación había desaparecido.
21 Anɔ abe ŋkeke nanewo nye esi ene, ame aɖeke meɖu naneke o, ke mlɔeba la, Paulo yɔ ʋua me nɔlawo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Ɖe miese nye gbe, eye míetsi Kreta la, anye ne dzɔgbevɔ̃e sia mava mia dzi o.
Y cuando habían estado sin comida por mucho tiempo, Pablo se levantó entre ellos y dijo: Amigos, hubiera sido mejor que me hubiesen prestado atención y que no salieran de Creta para sufrir este daño y pérdida.
22 Ke milé dzi ɖe ƒo elabena togbɔ be tɔdziʋua anyrɔ hã la, mía dometɔ aɖeke mele tsɔtsrɔ̃ ge o.
Pero ahora, les exhorto que se animen, porque no habrá pérdida de vidas, sino solo de la nave.
23 Elabena le zã si va yi me la, nye Mawu si mesubɔna la ɖo eƒe dɔla ɖe gbɔnye wòva gblɔ nam be,
Porque esta noche vino a mi lado un ángel del Dios a quien pertenezco y del que soy siervo,
24 ‘Paulo, mègavɔ̃ o, elabena àva ɖo Kaisaro gbɔ dedie be wòadrɔ̃ ʋɔnu wò. Gawu la, Mawu se wò gbedodoɖa, eya ta ame siwo katã le ʋua me kpli wò la atsi agbe’
Diciendo: No temas, Pablo, porque vendrás delante del César, y Dios te habrá dado a todos los que navegan contigo.
25 Eya ta nɔvinyewo, milé dzi ɖe ƒo, elabena mexɔ Mawu dzi se nyuie eye menya be nu si wògblɔ la ava eme tututu.
Y entonces, oh hombres, tengan ánimo, porque tengo fe en Dios, que será como él me dijo.
26 Ke ele na mí be míadze go ɖe ƒukpo aɖe dzi.”
Pero seremos arrojados a cierta isla.
27 Tɔdziʋu la ƒe gbagbã le míaƒe ƒudzinɔnɔ ƒe ŋkeke wuienelia ƒe zãtitina lɔƒo, esi ahom la ganɔ mía nyamam le Adria ƒu me la, ʋua kulawo bu xaa be yewote ɖe anyigba aɖe ŋu.
Pero cuando llegó el día catorce, mientras íbamos aquí y allá en el mar Adriático, hacia la mitad de la noche, los marineros tenían una idea de que se acercaban a la tierra;
28 Ale woda dzidzeka ɖe ƒua me, eye wokpɔ be tso ƒua dzi yi egɔme anɔ abe mita blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ ko ene. Sẽe la, wogadae eye azɔ la, wokpɔ be anɔ afɔ blaasiekɛ pɛ ko.
Y echando la sonda, y vieron que el mar tenía treinta y seis metros de profundidad; y después de un poco de tiempo lo hicieron de nuevo y tenía veintisiete metros.
29 Ʋua kulawo nya be madidi hafi míava ɖi go o, ke esi wonɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ míava ɖi go ɖe agakpewo dome ta la, woda seke ene ɖe ʋua me hedo gbe ɖa na agu ƒe dzedze.
Entonces, temiendo que por casualidad pudiéramos llegar a las rocas, bajaron cuatro anclas de la parte trasera del barco e hicieron oraciones para que amaneciera.
30 Ʋua kula aɖewo wɔ ɖoɖo be yewoasi le tɔdziʋu la me ale woɖiɖi tɔdziʋu sue la ɖe tsia dzi abe seke da ge woyina ene.
Luego los marineros hicieron intentos en secreto para alejarse del barco, bajando un bote como si estuvieran a punto de poner las anclas de la parte delantera del barco;
31 Ke Paulo gblɔ na asrafoawo kple woƒe amegã be, “Mía tɔwo, ne mia dometɔ aɖe dzo le tɔdziʋua me la, matsi agbe o.”
Pero Pablo dijo al centurión y a sus hombres: Si no guardas a estos hombres en el barco, ustedes no podrán salvarse.
32 Ale asrafoawo lã ka si wosa ɖe tɔdziʋu sue la ŋu be wòge dze tsia dzi.
Entonces los hombres armados, cortando las cuerdas del bote, la dejaron ir.
33 Le fɔŋli la, Paulo gblɔ na ameawo be, “Mía tɔwo, kɔsiɖa eve sɔŋ enye esi ame aɖeke meɖu naneke o
Y cuando amanecía, Pablo animaba a todos para que comieran, y dijo: Este es el día catorce que has estado esperando a ver que pasa, y en ayuno.
34 eya ta meɖe kuku na mi, miɖe dzi ɖi ne miaɖu nu, elabena naneke mele dzɔdzɔ ge ɖe mía dometɔ aɖeke dzi o.”
Así que te pido que tomes comida; porque esto es para tu salvación: ningún cabello de la cabeza de ninguno de ustedes perecerá.
35 Azɔ Paulo ŋutɔ tsɔ abolo aɖe, eye esi wòdo gbe ɖa, da akpe na Mawu ɖe eta vɔ la, eka ɖe heɖu.
Y habiendo dicho esto, tomó pan, y alabó a Dios delante de todos, y comió del pan partido.
36 Nu sia do ŋusẽ ʋua me nɔlawo katã, ale be ame sia ame di nane de nu me azɔ.
Entonces todos se animaron e hicieron lo mismo.
37 Ʋua me nɔlawo katã ƒe xexlẽme anɔ ame alafa eve blaadre-vɔ-ade.
Y nosotros estábamos, en la nave, doscientas setenta y seis personas.
38 Esi woɖu nu ɖi ƒo vɔ la, wolɔ bli kotoku mamlɛawo katã ƒu gbe ɖe ƒua me be ʋua nanɔ wodzoe ale be wòaganyrɔ o.
Y cuando tuvieron suficiente comida, redujeron el peso de la nave, echando el grano en el mar.
39 Esi ŋu ke la, womekpɔ anyigba dze si o, elabena afu do, gake wokpɔ ƒuta ƒe afi aɖe ɖaa. Esia na be wonɔ ta me bum be ne yewoate ŋui la ne yewoatrɔ ʋu la ayi afi ma.
Y cuando fue de día, no reconocían la tierra, pero vieron una bahía que tenía playa de arena, y tenían la idea de conducir la nave hacia ella si era posible.
40 Mlɔeba la, woɖoe be yewoatee akpɔ, ale wolã sekeawo hegblẽ wo ɖe ƒua me, wotu kuɖɔkawo hã, eye wodo abala heɖo ta gota.
Entonces, cortando las anclas, y las abandonaron en el mar, y aflojaron los remos que servían para guiar él barco, y levantando la vela hacia el viento, se dirigieron en dirección a la entrada.
41 Ke dzɔgbevɔ̃etɔe la, tɔdziʋu la si ke. Eƒe ŋgɔgbe lɔƒo tsi teƒe ɖeka, ale be ahom la hã nɔ eƒe megbe lɔƒo kakam.
Y llegando a un punto entre dos mares, a un banco de arena, el barco encalló; y la parte delantera se fijó en la arena y no se podía mover, pero la parte trasera se rompió por la fuerza de las olas.
42 Esi wòdzɔ alea ko la, asrafoawo gblɔ na woƒe amegã be wòaɖe mɔ na yewo yewoawu gamemɔlawo katã, ale be wo dometɔ aɖeke nagadzo dze ƒua me, aƒu tsi asi dzo le yewo gbɔ o.
Entonces los hombres armados acordaron matar a los prisioneros, para que nadie saliera nadando.
43 Ke le esi woƒe amegã, Yulio di be yeaɖe Paulo ƒe agbe ta la, melɔ̃ ɖe woƒe susu si wodo ɖa la dzi o. Ke boŋ eɖe gbe be ame siwo nya tsiƒuƒu la nadze agbagba aƒu tsi ayi gota.
Pero el capitán, deseoso de mantener a Pablo a salvo, los mantuvo alejados de su propósito, y dio órdenes para que aquellos que sabían nadar se fueran del barco y llegar primero a tierra:
44 Ke ame mamlɛawo dometɔ aɖewo nanɔ ʋuƒowo dzi, eye bubuwo hã nanɔ ʋua ƒe kakɛwo dzi ayi gota. Ale ame sia ame dze agbagba alea ɖo gota dedie.
Y el resto, algunos en tablas y otros en cosas del barco. Y así sucedió que todos se salvaron.

< Dɔwɔwɔwo 27 >