< Dɔwɔwɔwo 24 >

1 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, nunɔlagã Anania kple eŋumewo yi Kaesarea be yewoatsɔ nya ɖe Paulo ŋu. Ame siwo nɔ Anania ŋu la woe nye, Yudatɔwo ƒe kplɔla aɖewo kple senyala Tertulo.
Po pěti pak dnech sstoupil nejvyšší kněz Ananiáš s staršími a s nějakým Tertullem řečníkem. Kteříž postavili se před vládařem proti Pavlovi.
2 Esi mɔmefia la bia gbe wo la, Tertulo ƒo nu ɖe wo nu gblɔ be, “Amegã bubutɔ Felix, le wò kpɔkplɔ nyui la te la, mí Yudatɔwo míekpɔ tomefafa kple bubu, eye amewo megakpɔa mí abe nu tsɛ aɖewo ko ene o.
A když povolán byl, počal žalovati Tertullus, řka:
3 Ke le afi sia afi míele akpe manyagblɔ aɖe dam na wò tso míaƒe dzi me ke ɖe esia ta.
Kterak mnohý pokoj způsoben jest nám skrze tebe, a mnohé věci v tomto národu výborně se dějí skrze tvou opatrnost, to my i všelijak i všudy se vším děkováním vyznáváme, výborný Felix.
4 Nyemedi be magblẽ ɣeyiɣi na wò boo o, eya ta meɖe kuku na wò mayi nye nya dzi agblɔe kpuie ko le wò dɔmefafa la nu.
Ale abych tě déle nezaměstknával, prosím, vyslyšiž nás maličko podlé obyčeje přívětivosti své.
5 “Ame si wokplɔ va gbɔwòe la, ame vɔ̃ɖi aɖe ŋutɔ wònye. Eƒe dɔ koe nye be wòanɔ ʋunyaʋunya dem Yudatɔwo dome le xexea me katã godoo be woatsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖu la ŋu, anɔ woƒe sewo kple kɔnuwo dzi dam. Eya kee nye habɔbɔ si woyɔna be, Nazaretitɔwo la ƒe amegã.
Nalezli jsme zajisté muže tohoto nešlechetného, a vzbuzujícího různice mezi všemi Židy po všem světě, a vůdci té sekty Nazaretské.
6 Nu si gavlo wu lae nye be edi be yeado vlo míaƒe gbedoxɔ la hafi míeva do ɖe edzi helée. [Ɖe míebe míadrɔ̃ ʋɔnue le míaƒe se la nu hafi.
Kterýž také i o to se pokoušel, aby chrámu poškvrnil; a kteréhož javše, vedlé zákona svého chtěli jsme souditi.
7 Ke asrafowo ƒe amegã Lisia va xɔe le mía si sesẽtɔe
Ale přišed hejtman Lyziáš s mocí velikou, vzal ho z rukou našich,
8 eye wòna be enutsolawo nava gbɔwò.] Ne wò ŋutɔ èse eƒe numegbe ko la, ekema míaƒe nya me akɔ na wò.”
Rozkázav, aby žalobníci jeho šli k tobě. Od něhož ty sám budeš moci, vyptaje se, zvěděti o tom o všem, z čeho my jej viníme.
9 Yudatɔ mamlɛawo xɔ ɖe Tertulo ƒe nyawo dzi be wole eme tututu abe ale si wògblɔe ene.
A k tomu se přimluvili i Židé, pravíce, že to tak jest.
10 Azɔ eɖo Paulo hã dzi be wòaɖe eɖokui nu. Mɔmefiagã la wɔ asi nɛ be wòatso aƒo nu. Paulo ɖe eɖokui nu gblɔ be, “Amegã bubutɔ, menya be menye egbee nèle Yudatɔwo ƒe nyawo drɔ̃m o. Le esia ta la, dzideƒo le asinye be maɖe ɖokuinye nu le gbɔwò.
Tedy Pavel odpověděl, když mu návěští dal vládař, aby mluvil: Od mnohých let věda tebe býti soudcím národu tomuto představeným, s lepší myslí k tomu, což se mne dotýče, odpovídati budu,
11 Anɔ abe ŋkeke wuieve koe nye esi ene, meva ɖo Yerusalem be mawɔ subɔsubɔdɔ le gbedoxɔ me.
Poněvadž ty můžeš to věděti, že není tomu dní více než dvanácte, jakž jsem přišel do Jeruzaléma, abych se modlil.
12 Ame siwo le nunye tsom la mekpɔm menɔ nya hem kple ame aɖeke le gbedoxɔ la me alo de zitɔtɔ ameha aɖewo dome le ƒuƒoƒe aɖeke alo le dua ƒe akpa aɖeke o.
A aniž mne nalezli v chrámě s někým se hádajícího, aneb činícího roty v zástupu, ani v školách, ani v městě,
13 Le nya si wotsɔ ɖe nunye fifia la hã me la, womate ŋu aɖee afia be enye nyateƒe o.
Aniž toho prokázati mohou, což na mne nyní žalují.
14 Ke hã la, melɔ̃ ɖe edzi be mesubɔa mía fofowo ƒe Mawu la abe ame si le Mɔ la dzi ene, esi amewo yɔna be kɔmama. Mexɔ nu sia nu si sɔ kple se la kple nu siwo woŋlɔ ɖe nyagblɔɖigbalẽawo me la dzi se.
Ale totoť před tebou vyznávám, že podlé té cesty, kterouž nazývají kacířstvím, tak sloužím Bohu otců, věře všemu, cožkoli psáno jest v zákoně a v prorocích,
15 Mexɔe se hã abe ame siawo ke ene be Mawu ana nu vɔ̃ wɔlawo kple ame dzɔdzɔewo siaa afɔ tso ku me,
Maje naději v Bohu, že bude, jehož i oni čekají, vzkříšení z mrtvých, i spravedlivých i nespravedlivých.
16 eye le esia ta la, medzea agbagba wɔa nye dzitsinya ŋuti dɔ nyuie be nye agbenɔnɔ nadze Mawu kple amegbetɔwo ŋu.”
Sám pak o to pracuji, abych měl svědomí bez úrazu před Bohem i před lidmi vždycky.
17 Paulo yi eƒe nuƒoa dzi be, “Menɔ gbedzi ƒe geɖe, eye metrɔ va Yerusalem, hetsɔ ga ɖe asi be mava kpe ɖe Yudatɔwo ŋu, eye masa vɔ na Mawu hã.
Po mnohých pak letech přišel jsem, almužny nesa národu svému a oběti.
18 Nye futɔ siawo va ke ɖe ŋunye le gbedoxɔ la me, mele ŋutinye kɔm. Ameha aɖeke alo ʋunyaʋunya aɖeke menɔ afi ma kura o.
Při čemž mne nalezli v chrámě očištěného, ne s zástupem, ani s bouřkou, někteří Židé z Azie,
19 Ke dzɔgbevɔ̃etɔe la, Yudatɔ aɖewo, ame siwo tso Asia nuto me, ame siwo wòle be woanɔ afi sia hafi hã nɔ afi ma ɣe ma ɣi.
Kteříž by měli tuto také před tebou státi a žalovati, měli-li by co proti mně.
20 Bia ame siawo le afi sia fifia ŋutɔ be esi wokplɔm yi Yudatɔwo ƒe takpekpe gã la me ɖe, vodada ka wokpɔ le ŋunye mahã. Nu si megblɔ si ɖewohĩ
Aneb nechať tito sami povědí, nalezli-li na mně jakou nepravost, když jsem stál v radě.
21 medze be magblɔ hafi o koe nye be, ‘Nu si ta wokplɔm va mia dome le takpekpe gã sia me ɖo lae nye be mexɔe se be ame siwo katã ku la agafɔ ɖe tsitre tso ku me!’”
Leč to jedno promluvení, že jsem zavolal, stoje mezi nimi: Pro vzkříšení z mrtvých já k soudu potažen jsem dnes od vás.
22 Felix nya nyuie be kristotɔwo mewɔa ʋunyaʋunya o. Le esia ta la, egblɔ na Yudatɔwo be woalala va se ɖe esime asrafowo ƒe amegã, Lisia nava hafi yeatso nya la me.
A vyslyšav to Felix, odložil jim, řka: Až bych o té cestě něco místnějšího vyzvěděl, když hejtman Lyziáš sem přijede, posoudím té pře vaší.
23 Ede se be woakplɔ Paulo ayi gaxɔa me, gake woakpɔ edzi nyuie. Woaɖe mɔ faa be exɔlɔ̃wo nava kpɔe ɖa, eye woate ŋu atsɔ nunanawo vɛ nɛ faa, be eƒe dzi nadze eme.
I poručil setníkovi, aby Pavla ostříhal, a polehčil mu, a nebránil žádnému z přátel jeho posluhovati jemu aneb navštěvovati ho.
24 Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Felix kple srɔ̃a Drusila, ame si nye Yudatɔ la va, eye woɖo ame ɖe Paulo be wòava. Esi Paulo va la, eƒo nu na wo le Yesu Kristo dzixɔse ƒe nyawo ŋu. Nyawo de to me na Felix srɔ̃ nyuie.
Po několika pak dnech přišed Felix s Druzillou, manželkou svou, kteráž byla Židovka, zavolal Pavla, a slyšel od něho o víře v Krista.
25 Ke esi wòɖe nya me na wo le dzɔdzɔenyenye, ɖokuidziɖuɖu kple ʋɔnudɔdrɔ̃ si li gbɔna ŋu la, vɔvɔ̃ ɖo Felix, eye wògblɔ na Paulo be neyi gbɔ, ne yegakpɔ ɣeyiɣi nyui aɖe la, yeagaɖo ame ɖee.
A když on vypravoval o spravedlnosti a o zdrželivosti a o budoucím soudu, ulekl se Felix, a odpověděl: Nyní odejdi, a v čas příhodný povolám tě.
26 Felix nɔ mɔ kpɔm be Paulo ana zãnu ye, eya ta eyɔe zi geɖe henɔ nya me dzrom kplii.
Přitom pak nadál se, že jemu Pavel dá peníze, aby jej propustil, pročež i tím častěji, povolávaje ho, mluvíval s ním.
27 Wonɔ esia dzi alea ʋuu ƒe eve sɔŋ. Ke mlɔeba la, woɖe Felix le afi ma hetsɔ Porkio Festus ɖo eteƒe. Le esi Felix di be Yudatɔwo nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ta la, egblẽ Paulo ɖe gaxɔ me hafi dzo.
Po dvou pak letech měl po sobě náměstka Felix Porcia Festa, a chtěje se zalíbiti Židům Felix, nechal Pavla v vězení.

< Dɔwɔwɔwo 24 >