< Dɔwɔwɔwo 21 >

1 Esi míeklã Efeso hanunɔlawo vɔ la, míedze mɔ tẽe va ɖo Kos. Le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Rode, eye tso afi ma míeyi Patara.
我等は漸く彼等に別れて船に乗り、コス[島]に直航して翌日ロデ[島]に至り、其よりパタラ[市]に往きしが、
2 Le Patara la, míeɖo tɔdziʋu aɖe si nɔ Foenisia si le Siria nuto me yim.
フェニケアへ渡海する船に遇ひたれば、之に乗りて出帆し、
3 Míeto Kipro ƒukpo la ŋu le miame lɔƒo, eye míeva ɖi go ɖe Tiro ʋudzeƒe la le Siria. Ʋu la ɖe agba le afi sia.
クプロ[島]沖に至り、之を左に見てシリアに渡り、チロに至れり。其は其處にて船荷を卸すべければなり。
4 Míawo hã míeɖi tsa yi dua me, eye míedi xɔsetɔ siwo le afi ma la henɔ wo gbɔ kɔsiɖa ɖeka. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒo nu to hame sia dzi, ale wogbe na Paulo be megayi Yerusalem o.
然て弟子等を尋出して、其處に留る事七日なりしが、彼等は[聖]霊によりて、パウロにエルザレムへ上ること勿れ、と謂ひ居たり。
5 Ke esi míaƒe ɣeyiɣi de la, míedzo, eye míeyi míaƒe mɔzɔzɔ dzi. Hame blibo la, nusrɔ̃lawo kple wo srɔ̃wo kple wo viwo siaa va ɖo mí ɖa va se ɖe keke ƒuta, afi si míedo gbe ɖa le.
七日の後出發して往きけるに、彼等皆妻子と共に市外まで送りしかば、我等は海岸に跪きて祈り、
6 Míedo hedenyuie na wo, ge ɖe tɔdziʋu la me, eye woawo hã trɔ yi aƒe me.
互に別を告げて、我等は船に乗り彼等は家に歸れり。
7 Tso Tiro la, míeva tɔ ɖe Pitolemia, eye míenɔ afi ma hã ŋkeke ɖeka hesrã hame si le afi ma kpɔ.
斯て我等チロより海を渡り終てて、プトレマイスに上陸し、兄弟等に挨拶して彼等の許に留る事一日、
8 Tso afi ma míeyi Kaesarea, eye míedze nyanyuigblɔla Filipo si nye hadzikpɔla gbãtɔ adreawo dometɔ ɖeka la gbɔ.
翌日出立してカイザリアに至り、彼七人の一人なるフィリッポ福音師の家に入りて其許に留りしが、
9 Vinyɔnuvi ene siwo dometɔ aɖeke meɖe srɔ̃ haɖe o la nɔ esi. Mawu na nyagblɔɖi ƒe ŋusẽ wo dometɔ ɖe sia ɖe.
是に童貞なる四人の女ありて、皆預言しつつありき。
10 Míenɔ afi sia ŋkeke geɖewo, eye le ɣeyiɣi sia me la, nyagblɔɖila aɖe si woyɔna be Agabu la tso Yudea nuto me va kpɔ mí ɖa le Filipo gbɔ.
我等が數日此處に止れる間に、アガポと云へる一人の預言者ユデアより來り、
11 Agabu tsɔ Paulo ƒe alidziblaka, eye wòbla eya ŋutɔ ƒe asiwo kple afɔwo hegblɔ be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la be, ‘Alea tututu Yudatɔwo awɔ ame si tɔe nye alidziblanu sia la le Yerusalem, eye woatsɔe ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o.’”
我等に近づきてパウロの帯を取り、己が手足を縛りて云ひけるは、聖霊曰はく、エルザレムに於て斯の如く、ユデア人此帯の主をば縛りて異邦人に付さん、と。
12 Esi míese nya sia la, mí Paulo ŋumewo kple dua me kristotɔwo katã míeɖe kuku na Paulo be megayi Yerusalem o.
之を聞きて、我等も土地の人々も、エルザレムに上ること勿れと願ひ居たれど、
13 Ke Paulo ɖo eŋu na mí be, “Midzudzɔ avifafa, elabena miele dzi gbãm nam. Mele klalo be manɔ gaxɔ me le Yerusalem, eye gawu la, maku le nye Aƒetɔ Yesu ta.”
パウロ答へて云ひけるは、汝等何為ぞ泣きて我心を憂ひしむる、我は主イエズスの御名の為には、エルザレムに於て縛らるる耳ならず、死ぬる覚悟をさえ為せるなり、と。
14 Esi míekpɔe be Paulo ɖoe kplikpaa be yeayi Yerusalem la, míeɖe asi le nya la ŋu, eye míetsɔe de asi na Mawu be wòawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.
我等は終に説得ずして、主の御旨の儘に成れかし、と云ひて止みたり。
15 Le esia megbe la, míeƒo ƒu míaƒe agbawo, eye míedze Yerusalem mɔ.
數日の後、我等は旅支度してエルザレムに上る時、
16 Nusrɔ̃la aɖewo tso Kaesarea kplɔ mí ɖo, eye esi míeva ɖo Yerusalem la, míedze xɔsetɔwo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Mnason, ame si nye xɔsetɔ xoxoawo dometɔ ɖeka si tso Kipro la ƒe aƒe me.
カイザリアよりの弟子數人、來りて我等に伴ひ、ムナソンと云へるクプロ生れの古き弟子の許に宿らせんとて、其家に伴ひ行けり。
17 Esi míeɖo Yerusalem la, xɔsetɔ siwo le dua me la xɔ mí nyuie ŋutɔ.
第五項 エルザレムに於るパウロ就縛 エルザレムに至りしかば、兄弟等は我等を歓迎せり。
18 Ke ŋkeke evea gbe la, Paulo kplɔ mí ɖe asi, eye míeɖado gbe na Yakobo kple hamemegã siwo le Yerusalem hamea me.
翌日パウロ我等と共にヤコボの家に入りしに、長老等皆集りしかば、
19 Esi míelɔ̃ gbe vɔ la, Paulo gblɔ ale si Mawu wɔ dɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o domee to eya Paulo ƒe dɔwɔwɔ me la na wo.
パウロ彼等に接吻して、己が聖役に由りて異邦人の中に神の為し給ひし事を具に語りけるに、
20 Hamemegãwo katã kpɔ dzidzɔ, kafu Mawu, ke wogblɔ na Paulo be, “Yudatɔ geɖewo hã zu Kristotɔwo gake woƒe ɖoɖoe nye be ele be Yudatɔ xɔsetɔ ɖe sia ɖe nagawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ.
彼等聞きて神を賞賛し、且パウロに謂ひけるは、兄弟よ、汝の見る如く、ユデア人の中信じたる者幾萬に及びて、皆律法の熱心家なるが、
21 Yudatɔ Kristotɔ siwo le Yerusalem afi sia la se be wò la, èfia nu Yudatɔ siwo katã le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome be woagbe nu le Mose ƒe sewo gbɔ, eye mele be woatso aʋa na wo viwo o.
彼等は、汝が異邦人中のユデア人に向ひ、面々の男子等に割禮を授くるに及ばず、慣例に從ふに及ばず、と云ひてモイゼに遠ざかる事を教ふるを聞けり。
22 Ke fifia ɖe, aleke míele nya sia lé gee? Godoo la, woasee be èva ɖo dua me.
然て如何にかすべき、彼等は汝が來れる事を聞くべければ、必ず夥しく來集るならん。
23 “Nu si míedi be nàwɔe nye esi, ame ene aɖewo le mía dome siwo le dzadzram ɖo be yewoalũ ta, aɖe adzɔgbe le sea nu,
然れば我等が汝に告ぐる所を為せ、我等に誓願を有せる人四人あり、
24 eya ta míadi be wò hã nàkplɔ wo ɖo ayi gbedoxɔ la me, eye nàlũ ta. Hekpe ɖe esia ŋu la, nàxe fe ɖe ame ene siawo ƒe kɔnuwɔwɔ hã ta. Ne èwɔ esia la, ekema ame sia ame adze sii be nya siwo yewose le ŋuwò la mele eme nenema o. Ke boŋ wò ŋutɔ èzɔna nyuie, eye nèléa se la me ɖe asi.
汝彼等を引取りて共に身を潔め、且費用を弁じて其頭を剃り得させよ、然せば人皆、汝に就きて聞きし所の僞にして、汝自ら律法を守りつつ歩める事を知るべし、
25 “Ke le ame siwo menye Yudatɔwo o siwo xɔ se la, ame aɖeke mele gbɔgblɔm be woawo hã nawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnuwo dzi o, negbe nu siwo míeŋlɔ ɖo ɖe wo xoxo be woadzudzɔ nu siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo kple lã tsiʋumewo ɖuɖu, eye womegawɔ matre o.”
異邦人にして信じたる人々に関しては、我等議定して、唯、偶像に献げられし物と血と絞殺されしものと私通とを避くべし、と書贈れり、と。
26 Paulo lɔ̃ ɖe woƒe nya sia dzi, eye wòdze ameawo yome woyi ɖakɔ wo ɖokuiwo ŋu. Emegbe eyi ɖe gbedoxɔ la me, hele ŋutikɔkɔ ŋkekeawo gblɔm fia wo, va se ɖe esime woame nu ɖe wo dome ame sia ame ta.
斯てパウロ彼人々を引取り、翌日身を潔めて共に[神]殿に入り、面々の為に供物を為さんとて、潔の期日を定めたり。
27 Ke esi wòsusɔ vie ŋkeke adrea nade la, Yudatɔ aɖewo tso Asia nuto me va Yerusalem, eye wokpɔ Paulo le gbedoxɔ la me. Enumake wode ʋunyanya amewo dome ɖe eŋu, eye wolé Paulo henɔ ɣli dom ɖe eŋu be,
七日の終らんとする時、[小]アジアよりのユデア人、パウロを[神]殿の内に見しかば、人民を煽動し、彼に手を懸けて叫びけるは、
28 “Israelviwo, mixɔ na mí loo! Ame siae tsi tsitre ɖe Yudatɔwo ŋu, eye wònɔ gbɔgblɔm na amewo be womegawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi o. Gawu la, edo vlo míaƒe gbedoxɔ la hã, eye wòkplɔ Helatɔwo yi míaƒe gbedoxɔ mee be yeaɖi gbɔ̃ teƒe kɔkɔe sia.”
助けよ、イスラエルの男子等、是至る處に人民と律法と此所とに反する事を人々に教へ、而も異邦人を[神]殿に入らしめて、此聖所を穢せる者なり、と。
29 (Wogblɔ esia, elabena wokpɔ Paulo wònɔ zɔzɔm kple Trofimo si tso Efeso le Terki la, le ablɔ dzi, eya ta wosusu be Paulo kplɔe yi gbedoxɔ la mee.)
蓋彼等はエフェゾ人なるトロフィモが彼と共に市中に在るを見て、パウロ之を[神]殿に入れたりと思ひしなり。
30 Zitɔtɔ gã aɖe dzɔ le dua me le nya sia ta, eye wolé Paulo, hee do goe le gbedoxɔ la me hedo ʋɔa.
是に於て市中挙りて立騒ぎ、人民馳集りてパウロを捕へ、[神]殿の外に引出ししが、門は直に鎖されたり。
31 Esi wobe yewoawui ko la, ame aɖe yi ɖagblɔ na Romasrafowo ƒe amegã be ʋunyaʋunya gã aɖe le edzi yim le Yerusalem dua me.
然て人々パウロを殺さんと謀りければ、軍隊の千夫長の許に、エルザレム全く亂れたりとの報告あり、
32 Asrafomegã la ɖe eƒe asrafo aɖewo ɖo ɖa be woaɖatsi ʋunyaʋunya la nu. Esi amehawo kpɔ asrafoawo wogbɔna ko la, wodzudzɔ Paulo ƒoƒo.
千夫長直に、兵卒及び百夫長らを率ゐて人民の所に馳來りしかば、人々千夫長と兵卒とを見て、パウロを打つ事を罷めたり。
33 Asrafoawo ƒe amegã la na wolé Paulo, eye woblae sesĩe kple gakɔsɔkɔsɔ. Azɔ etrɔ ɖe ameha la gbɔ, eye wòbia ame si Paulo nye kple nu vɔ̃ si wòwɔ la wo.
千夫長近づきて之を捕へ、命じて二の鎖にて繋がせ、是は誰なるぞ、何を為ししぞ、と尋ぬるに、
34 Ame aɖeke mete ŋu na ŋuɖoɖo gobii aɖeke o, elabena ame sia ame nɔ ɣli dom nɔ nya si dze eŋu la gblɔm. Le esia ta la, asrafowo ƒe amegã la ɖe gbe be woakplɔ Paulo yi ɖe asrafowo ƒe nɔƒee.
群衆の中より口々に彼是と叫び、騒がしさに事實を確むる事能はざれば、命じてパウロを兵営の内に牽入れしめしが、
35 Esi wova afi ma henɔ atrakpuiawo liam la, ameha la galũ ɖe wo dzi kple adã. Esia na be asrafoawo kɔ Paulo ɖe abɔta be woƒe asi nagakae o.
階段に至り、パウロ人民の[押合ふ]勢の為、兵卒に舁上げらるるに及べり、
36 Ke hã ameawo nɔ ɣli dom le wo yome sesĩe be, “Miwui! Miwui!”
其は彼を殺せと叫びつつ、人民夥しく後を慕へばなり。
37 Esi wova ɖo gaxɔa ƒe mɔnu la, Paulo gblɔ na asrafoawo ƒe amegã le Helagbe me be, “Amegã, magblɔ nya aɖe na wò.” Ewɔ nuku na asrafoa ŋutɔ be Paulo gblɔ Helagbe, ale wòbiae be, “Ɖe nèse Helagbea?
パウロ牽かれて兵営に入らんとする時、千夫長に向ひ、我汝に語りて可きか、と云ひしかば彼云ひけるは、汝ギリシア語を知れりや、
38 Alo menye wòe nye Egiptetɔ ma si de zitɔtɔ amewo me abe ƒe ɖeka alo eve aɖewoe nye esi va yi ene, eye nèkplɔ amewulawo abe akpe ene sɔŋ ene woɖabe ɖe gbegbe aɖe oa?”
過日騒動を起して四千人の刺客を野に引出ししエジプト人は汝に非ずや、と。
39 Paulo ɖo eŋu be, “Ao, nye la, Yudatɔ menye tso Tarso le Kilikia nuto me. Du sia nye du xɔŋkɔ aɖe. Meɖe kuku na wò, ɖe mɔ nam maƒo nu na ameha la.”
パウロ之に謂ひけるは、我實はシリシア[州]のタルソ生れなるユデア人にして、隠れなき町の公民なり、乞ふ人民に言ふ事を許せ、と。
40 Asrafowo ƒe amegã la lɔ̃ ɖe Paulo ƒe biabia la dzi, ale Paulo tsi tsitre ɖe atrakpui la dzi hekɔ asi dzi na ameha la, eye ɖoɖoe gã aɖe zi enumake. Azɔ eƒo nu na wo le Hebrigbe me be:
彼許ししかば、パウロ階段に立ちて人民に手眞似したるに、皆沈黙したりければ、ヘブレオ語にて語りけるは。

< Dɔwɔwɔwo 21 >