< Dɔwɔwɔwo 20 >

1 Le nu siawo katã megbe la, Paulo yɔ nusrɔ̃lawo eye wògagblɔ nya na wo hede dzi ƒo na wo. Emegbe la, eklã wo hedzo ɖo ta Makedonia.
Now after the uproar had ended, Paul summoned the disciples, took leave of them, and set out for Macedonia.
2 Le du sia du si me wòɖo le mɔa dzi me la, eƒoa nu hexlɔ̃a nu xɔsetɔ siwo le afi ma va se ɖe esi wòɖo Griki.
When he had gone through those parts and encouraged them with many words, he came into Greece.
3 Paulo nɔ Helanyigba dzi ɣleti etɔ̃, eye esi wònɔ dzadzram ɖo be yeayi Siria la, ese be Yudatɔwo nɔ ɖoɖo wɔm be yewoawui. Le esia ta la, eɖoe be yeagatrɔ aɖo ta Makedonia boŋ.
When he had stayed three months, as he was about to set sail for Syria, the Jews made a plot against him, so he decided to return through Macedonia.
4 Ame geɖewo kplɔ Paulo ɖo ɖa va se ɖe keke Terki. Wo dometɔ aɖewoe nye Sopata si nye Piro ƒe vi tso Berea, Aristako kple Sekundo siwo tso Tesalonika, Gayo tso Derbe, Timoteo, Tikiko kple Trofimo, ame siwo tso Asia nuto me.
Now Sopater of Berea, Aristarchus and Secundus of the Thessalonians, Gaius of Derbe, Timothy, and Tychicus and Trophimus of Asia were going to accompany him as far as Asia;
5 Ame siawo katã do ŋgɔ na mí, eye wonɔ mía lalam le Troa.
so having gone on ahead, these men were waiting for us in Troas.
6 Esime míeɖu Amɔ Maʋamaʋã Ŋkeke la vɔ ko la, míeɖo tɔdziʋu le Filipi, eye le ŋkeke atɔ̃ megbe la, míeva ɖo Troa si hã le Terki. Míenɔ afi ma kɔsiɖa ɖeka.
But it was after the Days of Unleavened Bread that we sailed from Philippi, and in five days we joined them at Troas, where we stayed seven days.
7 Le kɔsiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, míeƒo ƒu be míaxɔ Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Pauloe gblɔ nya gbe ma gbe. Esi wònye gbe ma gbee nye Paulo ƒe ŋkeke mamlɛtɔ le afi ma ta la, enɔ nu ƒom ʋuu va se ɖe zãtitina ke.
Now on the first day of the week, the disciples being assembled to break bread, Paul started addressing them, and because he intended to leave the next day he continued his message until midnight.
8 Wosi akaɖiwo ɖe afi si míenɔ le dziƒoxɔa dzi.
There were many lamps in the upper room where we were assembled.
9 Esi Paulo nɔ nu ƒom alea la, ɖekakpui aɖe si woyɔna be Eutiko la nɔ akɔlɔ̃e dɔm le fesre ɖeka nu. Kasia, Eutiko ge tso fesrea nu le dziƒoxɔ etɔ̃lia dzi ke va dze anyigba kpla, eye wòku enumake.
Well a certain young man named Eutychus sat in a window and was sinking into a deep sleep as Paul kept on talking; when he was overcome by the sleep he fell down from the third story and was picked up dead.
10 Nu si dzɔ la metso dzika ƒo na Paulo kura o, ke boŋ eɖi ɖe anyigba, kɔ ɖekakpui la ɖe eƒe abɔwo me, eye wògblɔ na ameha la be, “Migawɔ ʋunyaʋunya o, naneke medzɔ ɖe edzi o. Egale agbe.”
So Paul went down, threw himself on him and embracing him said, “Do not be distressed, because his life is in him!”
11 Wo katã wogatrɔ yi dziƒoxɔ la dzi, eye woɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Le esia megbe la, Paulo gayi eƒe nuƒoa dzi ʋuu va se ɖe fɔŋli hafi wòdzo le wo gbɔ.
Then he went back up and broke bread, ate, and kept on speaking until daybreak—that is how he left!
12 Le nyateƒe me la, ɖekakpui la gagbɔ agbe, esia na be ameha la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ.
(On their part, they led the boy away alive, and were greatly comforted.)
13 Paulo to afɔ yi Aso, ke míawo míeɖo tɔdziʋu hedze ŋgɔ nɛ.
As for us, we went to the ship and set sail for Assos, intending to take Paul on board there—so it had been arranged, he himself intending to go on foot.
14 Eva tu mí le Aso, eye mí katã míeɖo ʋu yi Mitilene.
When he met us at Assos we took him aboard and went on to Mityline.
15 Tso afi ma la, míeva to Kios ŋu, va to Samo, eye mlɔeba la, míeva ɖo Mileto esi ŋu ke.
Sailing from there, the next day we arrived opposite Chios, and the day after we crossed over to Samos and stopped in Trogylium; the following day we came to Miletus.
16 Paulo megadi be yeatɔ ɖe Efeso azɔ o, be yemagblẽ ɣeyiɣi le Asia o. Ke edi be ne yeate ŋui la, yeaɖo Yerusalem kaba, aɖu Pentekoste ŋkeke la le afi ma.
(Paul had decided to sail past Ephesus, to avoid being detained in Asia, because he was hurrying to be in Jerusalem on the Day of Pentecost, if he possibly could.)
17 Esi míeɖi go ɖe Mileto la, Paulo ɖo ame ɖe Efeso hamemegãwo be woava do go ye le tɔdziʋu la me.
From Miletus he sent to Ephesus and summoned the elders of the congregation.
18 Esi wova ɖo la, egblɔ na wo be, “Mienya ale si menɔ mia dome tso ŋkeke gbãtɔ si meva Asia nuto me va se ɖe fifia.
So when they had come to him he said to them: “You yourselves know, from the first day that I arrived in Asia, how I lived the whole time I was with you,
19 Mesubɔ Aƒetɔ la le ɖokuibɔbɔ kple aɖatsi me togbɔ be Yudatɔwo tem kpɔ to woƒe nugbeɖoɖowo ɖe ŋunye me hã.”
serving the Lord with all humility, and with many tears and trials, the ones that happened to me by the plots of the Jews;
20 Gake hã la, nyemadzudzɔ nyateƒe la gbɔgblɔ na mi le dutoƒo loo alo le miaƒe aƒewo me kpɔ o.
how I did not shrink from declaring to you anything that was profitable, teaching you publicly and from house to house,
21 Nya ɖeka ma ke ko megblɔ na Yudatɔwo kple Grikitɔwo siaa be ehiã be woatrɔ ɖe Mawu ŋu to Yesu Kristo dzixɔse me.
solemnly proclaiming to both Jews and Greeks the repentance toward God and the faith into our Lord Jesus.
22 “Fifia la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔm yina Yerusalem, togbɔ be nyemenya nu si le lalayem le afi ma o hã.
Now then, I am going to Jerusalem bound in my spirit, not knowing the things that will happen to me there,
23 Nu si ko Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ nam le du sia du mee nye be fukpekpe kple gamenɔnɔ nye nu siwo wòle be makpɔ mɔ na.
except that the Holy Spirit keeps warning me in every city, saying that fetters and afflictions are just waiting for me.
24 Ke viɖe aɖeke mele nye agbe ŋu o, negbe ɖeko mewɔ eŋuti dɔ tsɔ wɔ dɔ si Aƒetɔ Yesu de asi nam la. Dɔ lae nye be magblɔ nyanyui la na amewo le Mawu ƒe amenuveve gã ŋuti.
However none of this moves me, nor do I regard my life as valuable to myself, just so that I may complete my course with joy, even the ministry that I received from the Lord Jesus, to solemnly proclaim the Good News of the grace of God.
25 “Azɔ menyae nyuie be mi ame siwo katã dome menɔ wɔ dɔ, heɖe gbeƒã mawufiaɖuƒe la la, dometɔ aɖeke megale kpɔ nye ge akpɔ o.
“Furthermore, I know that none of you among whom I have gone about proclaiming the Kingdom of God will ever see my face again.
26 Medi be magblɔ na mi kɔtɛe be womele ame aɖeke ƒe ʋu bia ge tso asinye o,
Therefore I testify to you this day that I am innocent of the blood of all;
27 elabena nyemeɣla mawunya la ƒe akpa aɖeke ɖe mi o.
because I did not shrink from declaring to you the whole counsel of God.
28 Azɔ la, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, eye mikpɔ egbɔ be, mienyi Mawu ƒe alẽha si nye hame si wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu ƒle, esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖo mi be mianye hadzikpɔlawo.
So take heed to yourselves and to all the flock, in which the Holy Spirit has placed you as overseers, to shepherd the congregation of the Lord and God which He purchased with His own blood.
29 Menya nyuie be ne medzo la, aʋatsonufiala aɖewo ava ɖo mia dome abe amegaxi wɔadãwo ene, eye woadze agbagba be yewoagblẽ nu le alẽha si nye hamea la ŋu.
Because I know this, that after my departure savage wolves will come in among you, not sparing the flock.
30 Mia dometɔ aɖewo hã ate kpɔ atrɔ nyateƒe la bubue be amewo nadze yewo yome.
Yes, men will rise up from among you yourselves, speaking distorted things, to draw away the disciples after them.
31 Eya ta minɔ ŋudzɔ! Miɖo ŋku ƒe etɔ̃ siwo menɔ mia dome la dzi. Miɖo ŋku ale si mekpɔa mia dzi zã kple keli kple ale si mexlɔ̃a nu mi kple aɖatsi zi geɖe la dzi.
Therefore be alert, remembering that during three years, night and day, I never stopped admonishing each one, with tears.
32 “Azɔ metsɔ mi de asi na Mawu, eya ame si ƒe amenuvevenya ana be miaƒe xɔse nali ke, be wòakpɔ mia ta, eye wòakpɔ gome le ame tiatiawo katã ƒe domenyinu la me.
“And so now, brothers, I entrust you to God and to the Word of His grace, which is able to build you up and to give you an inheritance among all those who have been sanctified.
33 Nyemebiã ŋu ɖe ame aɖeke ƒe klosalo alo sika alo awu ŋu o.
I have not coveted anyone's silver or gold or clothing.
34 Miawo ŋutɔ mienya ale si metsɔ nye asi wɔ dɔ hedi nye ŋutɔ kple nye kpeɖeŋutɔwo ƒe nuhiahiãwoe.
You yourselves know that these hands have supplied my own needs, and of those who were with me.
35 Zi geɖe la, mefia ale si miakpe ɖe ame dahewo ŋuti la mi, elabena meɖo ŋku nya si míaƒe Aƒetɔ Yesu gblɔ dzi be, ‘Nunana hea yayra vɛ wu nuxɔxɔ.’”
In every way I showed you that working hard like this it is necessary to help the weak, and to remember the word of the Lord Jesus, that He Himself said, ‘It is more blessed to give than to receive.’”
36 Esi Paulo wu eƒe nuƒoa nu la, edze klo hedo gbe ɖa kpli wo.
When he had said these things, he knelt down and prayed with them all.
37 Le esia megbe la, wokpla asi kɔ nɛ hedo hedenyuie nɛ kple avi,
Then they all wept freely, and falling on Paul's neck kept kissing him,
38 vevietɔ le esime wògblɔ na wo be womegale ye kpɔ ge akpɔ o la ta. Ale wokplɔe ɖo ɖa va se ɖe tɔdziʋu la me ke.
sorrowing most of all because of the word that he had spoken, that they would see his face no more. And they accompanied him to the ship.

< Dɔwɔwɔwo 20 >