< Dɔwɔwɔwo 2 >
1 Esi Pentekoste ŋkekea ɖo la, nusrɔ̃lawo katã ƒo ƒu ɖe afi ɖeka.
SO when the day of Pentecost was fully come, they were all with unanimity assembled together.
2 Kasia gbe sesẽ aɖe si le abe ya sesẽ ƒe ƒoƒo ene la ɖi tso dziƒo, eye wòyɔ aƒe si me wonɔ la taŋtaŋ.
And there came suddenly from heaven a sound as it were of a rushing mighty wind, and it filled the whole house where they were sitting.
3 Enumake wokpɔ nane si ɖi dzo ƒe aɖewo la dze ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe tame,
And there was an appearance to them of divided tongues, as of fire, and it rested on every one of them.
4 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ ame sia ame si le afi ma la me fũu, eye wode asi gbegbɔgblɔ bubu si womenya tsã o la gbɔgblɔ me abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na ŋutete wo ene.
And they were all filled with the Holy Ghost, and they began to speak with other tongues, as the Spirit gave them power to express themselves.
5 Le ɣe ma ɣi hã la, Yudatɔ mawuvɔ̃la geɖewo tso dukɔ vovovo siwo le dziƒo te la va Yerusalem be yewoaɖu ŋkeke tɔxɛ sia.
Now there were dwelling at Jerusalem, Jews, men of piety, from every nation under heaven.
6 Esi wose ɣli si nɔ ɖiɖim le afi si nusrɔ̃lawo nɔ la, ame geɖewo fũu ɖe abla va teƒea. Ame siawo ƒe nu ku ŋutɔ, elabena ame sia ame see wonɔ eƒe degbe gblɔm.
And when this report spread, the multitude collected around them, and were overwhelmed with astonishment, because they heard them speaking every one in his own peculiar dialect.
7 Nu sia wɔ nuku na amedzroawo ale gbegbe be wogblɔ be, “Ame siawo katã ɖe, menye Galileatɔwo wonye oa?
And they were all amazed, and wondered, saying one to another, Are not all these who are speaking Galileans?
8 Ke aleke wɔ míese wole ame sia ame degbe gblɔm mahã?
And how do we hear every man in our own peculiar dialect, in which from our birth we were brought up?
9 Mía dometɔ aɖewo nye Patiatɔwo, ɖewo nye Midiatɔwo kple Elamtɔwo, bubuwo hã tso Mesopotamia, Yudea, Kapadokia, Ponto kple Asia nutowo me.
Parthians, and Medes, and Elamites, and they who inhabit Mesopotamia, and Judea, and Cappadocia, Pontus, and Asia,
10 Ame aɖewo gɔ̃ hã tso keke Frigia, Pamfilia, Egipte kple Libia si le Kirene gbɔ, kple ame siwo nye amedzrowo tso Roma.
and Phrygia, and Pamphylia, Egypt, and the parts of Lybia adjoining Cyrene, and the sojourners, who are Romans, both Jews and proselytes,
11 Ɛ̃, ame aɖewo tso Roma gɔ̃. Ame siawo nye Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o, gake wotrɔ dzime xɔ Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ eye bubuwo hã nye Kretatɔwo kple Arabiatɔwo. Mía dometɔ ɖe sia ɖe se ame siawo le Mawu ƒe nukunu gãwo ƒe nya gblɔm le eya ŋutɔ degbe me!”
Cretans and Arabians, we hear them speaking in our own several tongues the marvellous things of God.
12 Ameha la ƒe nu ku eye woƒe mo wɔ yaa le nyadzɔdzɔ sia ta, eye wobia wo nɔewo be, “Nu sia gɔme ɖe?”
And they were all amazed, and much perplexed, and knew not what to think, saying one to another, What can this mean?
13 Gake ame aɖewo ya nɔ ameha la dome nɔ fewu ɖum le apostoloawo ŋu be, “Ame siawo la, aha yeye womu.”
But others scoffing said, These men are brimful of sweet wine.
14 Azɔ la, Petro kple Apostolo wuiɖekɛawo tsi tsitre, eye Petro kɔ gbe dzi ƒo nu na amehawo be, “Nɔvi, Yudatɔwo, kple Yerusalem nɔlawo siaa, mina maɖe nu sia me na mi; miɖo to nyuie miase nu si magblɔ.
But Peter, standing up with the eleven, raised his voice, and addressed them; Men of Judea, and all ye who dwell at Jerusalem, let this be known to you, and listen to my words:
15 Ame siawo memu aha abe ale si miesusui ene o. Elabena ŋdi ga asiekɛ koe ƒo.
for these men are not, as ye suppose, drunk, for it is only the third hour of the day.
16 Ke boŋ nu si teƒe kpɔm miele ŋdi sia la nye nu si Nyagblɔɖila Yoel gblɔ ɖi xoxoxo ƒe alafa nanewoe nye esi va yi be,
But this is what was spoken by the prophet Joel;
17 “‘Le ŋkeke mamlɛawo me la, Mawu gblɔ be makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe amegbetɔƒomeawo katã dzi. Esia ana be mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi. Hekpe ɖe esia ŋu la, mia viŋutsuwo akpɔ ŋutegawo, eye ame tsitsiwo hã aku drɔ̃ewo.
“And it shall come to pass in the last days, saith God, I will pour our of my spirit upon all flesh: and your sons and your daughters shall prophesy, your young men shall see visions, and your old men shall dream dreams:
18 Ɛ̃, matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe nye subɔlawo katã dzi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖi le ŋkeke mawo me, ale be woagblɔ nya ɖi.
and upon my servants and my handmaidens in those days will I pour out of my spirit; and they shall prophesy:
19 Mana nukunuwo nadzɔ le dziŋgɔli me, eye dzesiwo adze le anyigba dzi siaa eye wòadze abe ʋu, dzo bibi kple dzudzɔ babla kɔtɔɔ ene.
and I will perform prodigies in the heaven above, and signs in the earth beneath; blood, and fire, and vapour of smoke.
20 Ɣe ado viviti, eye ɣleti atrɔ zu ʋu hafi Aƒetɔ la ƒe ŋkeke gã si nye atsyɔ̃ŋkeke la naɖo.
The sun shall be turned into darkness, and the moon into blood, before the great and illustrious day of the Lord come.
21 Ke ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la akpɔ ɖeɖe.’”
And it shall come to pass, that whosoever shall call on the Lord shall be saved.”
22 Petro yi edzi gblɔ be, “Nɔvi Israeltɔwo, miɖo to miase! Mawu wɔ nukunuwo, dzesiwo kple nu dzɔtsuwo le mia dome to Yesu Nazaretitɔ la dzi be yeatsɔ aɖo kpe edzii be Yesu nye ye Vi vavã. Nu siawo katã le nyanya me na mi pɛpɛpɛ.
Men of Israel, hear these words; Jesus the Nazarean, a man from God, pointed out to you by miracles and wonders and signs, which God did by him in the midst of you, as yourselves also know:
23 Azɔ, abe ale si Mawu ŋutɔ wɔ ɖoɖo da ɖi xoxo ene la, eɖe mɔ na mi, mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi, klã Yesu ɖe atitsoga ŋu eye miewui.
him, by the destined counsel and foreknowledge of God delivered up, ye have seized, and by wicked hands have crucified and slain:
24 Gake Mawu ŋutɔ gaɖe Yesu tso ku ƒe ŋɔdzi me, fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, elabena ku ƒe ŋusẽ mate ŋu aɖu Yesu dzi o.
whom God hath raised up, having loosed the pains of death: forasmuch as it was not possible that he should be held thereby.
25 Fia David ƒo nu tso Yesu ŋu be, “‘Mekpɔ Aƒetɔ la le gbɔnye ɖaa, elabena ele nye nuɖusime, eya ta nyemavɔ̃ o.
For David speaketh concerning him, “I have seen the Lord always before me, for he is at my right hand, that I might not be shaken:
26 Esia ta nye dzi le dzidzɔ kpɔm, eye nye aɖe le aseye tsom be nye ŋutilã anɔ agbe le mɔkpɔkpɔ me.
therefore is my heart full of joy, and my tongue hath exulted; and still shall my flesh also repose in hope,
27 Elabena wò Mawu, màgblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe alo ana wò kɔkɔetɔ la ƒe ŋutilã nanyunyɔ o. (Hadēs )
that thou wilt not leave my soul in the mansion of the dead, nor permit that Holy One of thine to see corruption. (Hadēs )
28 Èna menya agbemɔwo, eye àtsɔ dzidzɔ ayɔ menye le ŋkuwò me.’”
Thou hast made known to me the ways of life; thou shalt fill me with delight by thy countenance.”
29 Petro yi edzi be, “Nɔviwo, mɔ li be magblɔ nya na mi kple dzideƒo le tɔgbui David la ŋuti, be eku, eye woɖii, eƒe yɔdo le mía dome va se ɖe egbe.
Men and brethren, permit me to speak with freedom to you concerning the patriarch David, that he hath been both dead and buried, and his sepulchre is with us to this day.
30 Ke enye nyagblɔɖila, eye enya be Mawu do ŋugbe matrɔmatrɔ da ɖi be David ƒe dzidzimevi ɖeka ava nɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia.
Being therefore a prophet, and knowing that God had sworn to him with an oath, that of the fruit of his loins, according to the flesh, he would raise up the Messiah to sit upon his throne;
31 Gawu la, David kpɔ nu siwo ava dzɔ le ŋgɔgbea, eye wògblɔe ɖi le Kristo la ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome ŋu be eƒe luʋɔ matsi tsiẽƒe o, eye eƒe ŋutilã manyunyɔ o. (Hadēs )
he, foreseeing this, spake of the resurrection of the Messiah, that his soul should not be left in the mansion of the dead, and that his flesh should not see corruption. (Hadēs )
32 Mawu fɔ Yesu sia ɖe tsitre tso ku me, eye mí katã míenye ɖasefowo na tsitretsitsi sia.
This very Jesus hath God raised up, of which we all are witnesses.
33 Ke fifia la, Mawu do eya amea ɖe dzi, hetsɔe ɖo eƒe nuɖusime abe ale si Fofo la ŋutɔ do ŋugbee ene la, ena ŋusẽe be wòaɖo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía dome, eye eya ƒe dɔwɔnae nye nu siwo kpɔm miele kple nu siwo sem mìele fifia.
He therefore being exalted at the right hand of God, and having received from the Father the promise of the Holy Spirit, hath poured out this, which ye now see and hear.
34 Elabena David meyi dziƒo o, gake egblɔ be, “‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be: “Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime
For David is not ascended into the heavens: for he saith himself, “The Lord said unto my Lord, Sit on my right hand,
35 va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo awɔ wò afɔɖodzinu.”’
until I make thine enemies a footstool for thy feet.”
36 “Eya ta mina ne Israel blibo la katã nanyae nyuie be Mawu wɔ Yesu sia, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋu la, Aƒetɔ la kple Kristo la siaa.”
Let all the house of Israel therefore know assuredly, that God hath made him Lord and Messiah, even that very Jesus whom ye crucified.
37 Esi wose nya siawo la, ewɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe be wo dometɔ aɖewo bia Petro kple apostolo bubuawo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala?”
Now when they heard this, they were cut to the heart, and said unto Peter and the rest of the apostles, Men and brethren, what shall we do?
38 Petro ɖo eŋu na wo be, “Mitrɔ dzi me ne woade mawutsi ta na mi le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, be woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. Ekema miawo hã miaxɔ nunana sia, si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.
Then Peter said unto them, Repent, and be baptised every one of you into the name of Jesus Christ for the remission of sins, and ye shall receive the gift of the Holy Ghost.
39 Ŋugbedodo la nye miawo ŋutɔwo, mia viwo, ame siwo le adzɔge kple ame siwo katã Aƒetɔ mía Mawu la yɔ la tɔ.”
For the promise is to you, and to your children, and to all that are afar off; even as many as the Lord our God shall call.
40 Petro tsɔ nya bubu geɖewo xlɔ̃ nu ameha la, eye wòƒoe ɖe wo nu be, “Miɖe mia ɖokuiwo tso dzidzime vɔ̃ɖi sia me.”
And with many other words he testified and exhorted, saying, Be saved from this untoward generation.
41 Ame siwo xɔ Petro ƒe nyawo dzi se la, woanɔ abe akpe etɔ̃ ene, eye wode mawutsi ta na wo gbe ma gbe ke, eye wotsɔ wo kpe ɖe ha la ŋu.
They therefore who gladly received his discourse were baptised: and there were added to them that day about three thousand souls.
42 Ame siawo kpena enuenu hena apostolowo ƒe nufiafia, habɔbɔ, Aƒetɔ ƒe nuɖuɖu kɔkɔe la ɖuɖu kple gbedodoɖa.
And they persevered stedfastly in the doctrine of the apostles, and in communion, and in breaking bread, and in prayers.
43 Wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ anyi le vɔvɔ̃ tɔxɛ me, eye apostoloawo hã wɔ nukunu kple dzesi geɖewo wokpɔ.
And on every soul there was an awe: and many miracles and signs were done by the apostles.
44 Xɔsetɔwo katã nɔ teƒe ɖeka, wowɔ woƒe nuwo katã hamenui,
Now all who believed were together, and had all things common;
45 wotsɔ woƒe kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo dzra, eye woma ga la na ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu.
and sold their possessions and goods, and divided them among all, as every one had need.
46 Wokpea ta ɖe gbedoxɔ la me gbe sia gbe hesubɔa Mawu. Wodoa go le wo nɔewo ƒe aƒewo me hã heɖua Aƒetɔ la ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Woɖua nu ɖekae le dzidzɔ kple dzimekɔkɔ me,
And daily continuing with one mind at the temple, and breaking bread from house to house, they partook of their food with great joy and simplicity of heart,
47 eye wonɔa Mawu kafum ɖaa, hekpɔa amenuveve le amewo katã gbɔ. Ke Aƒetɔ la tsɔa ame siwo kpɔ xɔxɔ la kpena ɖe wo ŋuti gbe sia gbe.
praising God, and having favour with all the people. And the Lord added the saved ones daily to the church.