< Dɔwɔwɔwo 18 >

1 Le nu siawo megbe la, Paulo dzo le Atene heyi Korinto.
Paul then left Athens and went to Corinth
2 Afi ma wòdo go Yudatɔ aɖe si woyɔna be Akwila la le. Wodzi Akwila le Ponto, eye eya kple srɔ̃a Priskila wonɔ Italia tsã, gake Kaisaro Klaudio va de se be woanya Yudatɔwo katã le Roma dua me. Esia ta Akwila kple srɔ̃a ʋu va tsi Korinto. Paulo yi ɖasrã wo kpɔ,
where he met a Jew named Aquila. Aquila was originally from Pontus, and had just arrived from Italy with his wife Priscilla because Claudius had ordered all Jews expelled from Rome. Paul went to see them,
3 elabena enye avɔgbadɔwɔla abe woawo ke ene. Enɔ wo gbɔ hewɔ dɔ kpli wo.
and because they were in the same business of tent-making, he stayed with them.
4 Paulo yia Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le dua me le Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe dzi hedzroa mawunya me kple Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, eye wòƒonɛ ɖe wo nu be woatrɔ dzi me.
He debated in the synagogue every Sabbath, convincing both Jews and Greeks.
5 Esi Silas kple Timoteo tso Makedonia va ɖo Korinto ko la, Paulo ɖe asi le nu sia nu ŋu hetsɔ eɖokui na mawunyakaka kple ɖaseɖiɖi na Yudatɔwo be Yesue nye Kristo la.
When Silas and Timothy arrived from Macedonia, Paul felt he had to become more direct in what he said, and told the Jews that Jesus was the Messiah.
6 Ke le ale si Yudatɔwo tsi tsitre ɖe Paulo ŋu sesĩe, eye gawu la, wonɔ busunyawo gblɔm ta la, Paulo ɖe asi le woƒe nya me, eye wògblɔ na wo be, “Miaƒe ʋu neva miawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Nye asi megale miaƒe nya me o. Tso azɔ dzi yina la, magblɔ nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o.”
When they opposed him and cursed him, he shook out his clothes and told them, “Your blood is on your own heads! I am innocent of any guilt, and from now on I will go to the foreigners.”
7 Ale Paulo dzo le ƒuƒoƒea, eye wòge ɖe aƒe aɖe si le ƒuƒoƒea ŋu la me, heyi ɖanɔ aƒea tɔ si woyɔna be Tito Yusto la gbɔ, ame si nye Mawusubɔla.
He left and went to stay with Titius Justus, who worshiped God and whose house was next door to the synagogue.
8 To Paulo ƒe afi ma nɔnɔ me la, Krispo si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒemegã la kple eƒe aƒe blibo la me tɔwo katã xɔ Aƒetɔ la dzi se, eye wòde mawutsi ta na wo. Korintotɔ bubu geɖe siwo hã se eƒe mawunya la trɔ dzi me, eye wòde mawutsi ta na woawo hã.
Crispus, leader of the synagogue, believed in the Lord together with his whole household. Many of the people of Corinth who heard the message became believers and were baptized.
9 Gbe ɖeka ƒe zã me la, Mawu ƒo nu na Paulo le ɖeɖefia me be, “Mègavɔ̃ o; nɔ nya la gbɔgblɔ dzi, eye mègazi ɖoɖoe o,
The Lord told Paul in a vision at night: “Don't be afraid. Speak up, don't keep quiet—
10 elabena meli kpli wò, eye ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò o, ame geɖewo le du sia me siwo nye tɔnyewo.”
because I am with you, and no-one will attack you, for many people in this city are mine.”
11 Nu sia do ŋusẽ Paulo ale wònɔ Korinto ƒe ɖeka kple afã sɔŋ henɔ Mawu ƒe nyateƒenya la gblɔm.
Paul stayed there for eighteen months, teaching the people the word of God.
12 Ke esi Galio nye dziɖula le Akaya nuto me la, Yudatɔwo wɔ ɖeka ɖe Paulo ŋu, eye wokplɔe yi ʋɔnui.
However, during the time when Gallio was the governor of Achaia, the Jews united in an attack against Paul and brought him before the court.
13 Wotsɔ nya ɖe eŋu be, “Ŋutsu sia le amewo hem be woasubɔ Mawu le mɔ si mesɔ kple se la o dzi.”
“This man is persuading people to worship God illegally,” they declared.
14 Esi Paulo ke nu be yeaɖe ye ɖokui nu la, Galio xɔ nya le enu hegblɔ na Yudatɔwo be, “Ne mi Yudatɔwo ɖe miele nutsotso nam tso nu vlo wɔwɔ aɖe alo amewuwu ŋuti la, anye ne maɖo to mi,
But just as Paul was about to defend himself, Gallio told the Jews, “If you Jews were bringing criminal charges or some serious legal offense, there would be a reason for me to listen to your case.
15 gake esi wònye nu si ku ɖe nyawo kple ŋkɔwo kpakple miaƒe sewo ŋuti la, miawo ŋutɔwo mikpɔ egbɔ. Nyemedi be manye ʋɔnudrɔ̃la le nya siawo me o.”
But since you're only arguing over words and names and your own law, then you deal with it yourselves. I won't rule on such matters.”
16 Ale Galio nya wo do goe le ʋɔnudrɔ̃ƒe la.
Then Gallio had them ejected from the court.
17 Ameha la do dziku vevie, ale be wodze Sostene si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒemegã la dzi, eye wolée heƒoe nyuie le ʋɔnu la ŋkume, gake Galio mede nu eme kura o.
Then the crowd turned on Sosthenes, the leader of the synagogue, and beat him right outside the court, but Gallio wasn't concerned about this at all.
18 Paulo ganɔ dua me ɣeyiɣi aɖewo, eye emegbe la, eklã xɔsetɔwo, eye wòɖo tɔdziʋu hedzo yi Siria nuto me. Ekplɔ Priskila kple Akwila hã ɖe asi. Esi wova ɖo Kenkrea la, Paulo lũ ta kolikoli le adzɔgbeɖeɖe si wòwɔ do ŋgɔe le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu la ta.
Paul stayed on for a while. Then left the believers and sailed for Syria, taking Priscilla and Aquila along with him. He had his head shaved while in Cenchrae, because he had taken a vow.
19 Esi wova ɖo Efeso la, Paulo gblẽ Akwila kple Priskila ɖe tɔdziʋu la me, eye wòyi ɖe dua me be yeadzro nya me kple Yudatɔ siwo le afi ma la le woƒe ƒuƒoƒe.
They arrived in Ephesus, where Paul left the others behind. He went to the synagogue to reason with the Jews.
20 Wobia tso esi be wòanɔ anyi vie, gake egbe.
They asked him to stay longer, but he refused.
21 Ke esi wòle dzodzom le wo gbɔ la, edo ŋugbe na wo be, “Ne Mawu lɔ̃ la, matrɔ ava.” Esia megbe la, eɖo tɔdziʋu tso Efeso.
He said his goodbyes, and set sail from Ephesus, telling them, “I'll come back and see you if it's God's will.”
22 Esi wòɖo Kaesarea la, eɖado gbe na hame la, eye wòyi Antioxia.
After landing at Caesarea he went to greet the church members, and then carried on to Antioch.
23 Paulo nɔ Antoxia vie, emegbe edze mɔ tso teƒe yi teƒe le Galatia kple Frigia nutowo me le ŋusẽ dom nusrɔ̃lawo katã.
He spent some time there and then went from town to town through the region of Galatia and Phrygia, encouraging all the believers.
24 Eva eme be Yudatɔ aɖe si ŋkɔe nye Apolo, ame si tso Aleksandria la va Efeso. Ame sia nye agbalẽnyala gã aɖe si bi ɖe ŋɔŋlɔ kɔkɔe la me.
In the meantime a Jew named Apollos, originally from Alexandria, arrived in Ephesus. He was a gifted speaker who knew the Scriptures well.
25 Wofia nue tso Aƒetɔ la ƒe mɔ ŋuti, egblɔa nya dzideƒotɔe, eye wòfiaa nu tso Yesu ŋuti pɛpɛpɛ togbɔ be Yohanes ƒe mawutsideta ko wònya hã.
He had been taught the way of the Lord. He was spiritually passionate, and in his speaking and teaching he presented Jesus accurately, but he only knew about John's baptism.
26 Edze nufiafia gɔme le ƒuƒoƒe la dzideƒotɔe. Esi Akwila kple Priskila se eƒe nyawo la, wokpee yi woƒe aƒe me heɖe Mawu ƒe nyawo me nɛ tsitotsito wu esi wònya tsã.
He started speaking openly in the synagogue. So when Priscilla and Aquila heard him, they invited him to join them and explained the way of God to him more fully.
27 Apolo di vevie be yeayi Akaya nuto me, ale xɔsetɔ siwo le Antioxia la do ŋusẽe be wòayi. Woŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe xɔsetɔ siwo le afi ma la be ne Apolo va la, woaxɔe. Esi wòva ɖo Akaya nuto me la, egblɔ mawunya kple ŋusẽ eye wòdo ŋusẽ hame siwo nɔ afi ma le amenuveve me.
When he decided to go to Achaia, the brothers encouraged him, and wrote to the disciples there telling them to welcome him. When he arrived he was very helpful to those who through grace trusted God,
28 Edzro nya me kple Yudatɔwo le dutoƒo, eye wòɖi ɖase be mawunya ɖee fia kɔtɛe be Yesue nye Kristo la vavã.
because he was able to strongly refute the Jews in public debate, demonstrating from the Scriptures that Jesus was the Messiah.

< Dɔwɔwɔwo 18 >