< Dɔwɔwɔwo 17 >

1 Azɔ ame eveawo zɔ mɔ to Amfipolis kple Apolonia nutowo me va ɖo Tesalonika, afi si Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe aɖe le.
祿和息拉經過安非頗里和阿頗羅尼雅,來到得撒洛尼,在那裏有猶太人的會堂。
2 Paulo yi ƒuƒoƒe sia abe ale si wòwɔna ɖaa ene, eye Dzudzɔgbe etɔ̃ katã wòyi ɖaɖe mawunya me na ameawo.
保祿照常例,到他們那裏,一連三個安息日,根據聖經和他們辯論,
3 Paolo ɖe eme, eye wòɖo kpe edzi na wo be ele na Kristo la be wòakpe fu, eye wòatsi tsitre tso ame kukuwo dome. Eyi edzi be, “Yesu si ƒe nya gblɔm mele na mi lae nye Kristo la.”
闡明指出默西亞必須受難,並從死者中復活;且說:「我向你們所傳報的耶穌,就是默西亞。」
4 Yudatɔ geɖewo xɔ se, eye wowɔ ɖeka kple Paulo kple Silas, hekpe ɖe Helatɔ siwo vɔ̃a Mawu la ƒe ha gã aɖe kpakple nyɔnu ŋkuta aɖewo ŋu.
他們中有些人信服了,便與保祿和息拉聯合,還有許多敬畏天主的人和希臘人,以及不少的顯貴婦女。
5 Yudatɔwo ƒe amegã siwo nɔ dua me la ʋã ŋu Paulo kple Silas, eya ta woƒo gbevu aɖewo nu ƒu tso ablɔwo dzi siwo wɔ ameha gã aɖe, eye wowɔ ʋunyaʋunya le dua me. Wosi du yi Yason ƒe aƒe me le Paulo kple Silas dim ne woakplɔ wo va ameha la ŋkumee.
但是,猶太人卻起了嫉妒的心,聚集了一些市井敗類,結夥成群,擾亂城市;又闖進雅松家裏,搜尋保祿和息拉,要拉他們到民眾那裏。
6 Ke womekpɔ Paulo kple Silas le aƒea me o, eya ta wolé Yason kple xɔsetɔ aɖewo, kplɔ wo yi dumegãwo gbɔe, eye wonɔ ɣli dom be, “Ame siwo de zi amewo me le xexea me katã la va afi sia hã azɔ,
但沒有搜到,就把雅松和幾個弟兄,拉到本城官長前,吶喊說:「這些擾亂天下的人,也到這裏來了,
7 woawoe Yason na sitsoƒee ɖe eƒe aƒe me. Wo katã da le Kaisaro ƒe se dzi le gbɔgblɔm be fia bubu aɖe li si ŋkɔe nye Yesu.”
雅松竟收留了他們;這些人都背叛凱撒諭令行事,說另有一位國王,就是耶穌。」
8 Esi wose esia la, ameawo kple dumegãwo de asi hoowɔwɔ me.
他們使群眾和本城官長們聽了這事,都惶惶不安。
9 Ke esi woxɔ asiƒuakɔnu le Yason kple etɔwo si la woɖe asi le wo ŋu be woadzo.
本城官長便由雅松及其餘的人取了保狀,便將他們釋放了。
10 Le zã ma me la, xɔsetɔ siwo le dua me la kplɔ Paulo kple Silas do goe le dua me alɔtsɔtsɔe, eye woyi Berea. Paulo kple Silas gayi woƒe dɔ dzi le afi sia hã hegblɔ mawunya le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le dua me la me.
弟兄們便立即在夜間打發保祿和息拉去貝洛雅;他們到了那裏,就進了猶太人的會堂。
11 Bereatɔwo ɖɔ ʋu wu Tesalonikatɔwo, elabena woɖo to Paulo ƒe nyagbɔgblɔ kple dzidzɔ. Woawo ŋutɔwo hã nɔa mawunya la me dzrom ɣe sia ɣi be yewoakpɔe ɖa be nyateƒenya gblɔm Paulo nɔ mahã.
這裏的人比得撒洛尼人開明,接受這道,極其熱切,天天考究聖經,看這些事是否是真的。
12 To esia me la, wo dometɔ geɖewo zu xɔsetɔwo eye Helatɔ ŋkuta siwo nye nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa xɔ nya la dzi se.
所以他們中有許多人信從了,還有許多希臘尊貴婦女,男子也不少。
13 Esi Yudatɔ siwo tso Tesalonika la gase be Paulo nɔ mawunya gblɔm le Berea la, wogati wo yome yi afi ma hã, eye wògade zi ameawo me ɖe wo ŋu.
可是,得撒洛尼的猶太人,一知道保祿在貝洛雅也傳開了天主的聖道,就到那裏煽動擾亂群眾。
14 Ke xɔsetɔwo wɔ kaba ɖo Paulo ɖe ƒuta gome lɔƒo, gake Silas kple Timoteo ya tsi anyi.
弟兄們遂立即打發保祿往海邊去;息拉和弟茂德仍留在貝洛雅。
15 Ame siwo kplɔ Paulo yii la ɖoe ɖa va se ɖe Atene hafi trɔ yi Berea. Paulo de gbe asi na wo be woagblɔ na Silas kple Timoteo be woawɔ kaba ava tu ye le Atene.
送保祿的人領他一直到了雅典;他們領了保祿的命令,叫息拉和弟茂德趕快來到他那裏,以後就走了。
16 Esi Paulo nɔ Sila kple Timoteo lalam le Atene la, eɖi tsa le dua me, eye wòɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be dua me yɔ fũu kple legbawo.
保祿在雅典等候他們時,見城裏滿是偶像,心神很是悲憤。
17 Eyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe be yeadzro nya me kple Yudatɔwo kple Helatɔ mawuvɔ̃lawo. Eƒo nu na ameha si le dua ƒe takpeƒe la hã gbe sia gbe.
所以他就在會堂裏,同猶太人和敬畏天主的人辯論,每天也在街市上,同所遇到的人辯論。
18 Paulo dzro nya me kple xexemenunyala gã aɖewo siwo woyɔna be Epikurea kple Stoiktɔwo hã. Wo dometɔ aɖewo bia be, “Nu kae nukpoloeƒola sia le didim be yeagblɔ?” Ɖewo gblɔ be, “Ewɔ abe dutamawuwo ŋue wòle nu ƒom le ene.” Wogblɔ esia, elabena Paulo nɔ nyanyui la gblɔm ku ɖe Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi ŋuti.
有幾個伊壁鴆魯派和斯多噶派的哲士同他爭論,有的說:「這個饒舌多言的人想說什麼﹖」有的說:「看來他是個外國鬼神的宣傳者」──因為保祿宣講耶穌及復活的福音。
19 Ale wolée hekplɔe yi takpeƒe si woyɔna be Areopago la, afi ma wogblɔ nɛ be, “Na míase nya tso nufiafia yeye si nèhe vɛ la ŋu.
他門遂帶保祿,領他到了阿勒約帕哥,說: 「我們可以知道你所講的這新道理是什麼嗎﹖
20 Èle nya masekpɔ aɖewo gblɔm ɖe míaƒe towo me, míedi be míase nya siawo gɔme kple nu si wonye.”
我們聽見你說了一些新奇的事,所以我們想知道這到底有什麼意思。」
21 (Atenetɔwo katã kple amedzroawo hã lɔ̃a anyinɔnɔ ɖe takpeƒe hewɔa woƒe ɣeyiɣiwo ŋuti dɔ to nyamedzodzro kple susu yeyewo xɔxɔ me.)
原來所有的雅典人和僑居在那裏的外國人,不管其他的事,只是論談或探聽一些新奇的事。
22 Esi ŋkekea ɖo la, Paulo tsi tsitre ɖe ameha la titina le Areopago la dzi heƒo nu gblɔ na wo be, “Nɔvinye Atenetɔwo, edze nam ƒãa be mienye ame siwo kpɔa dzidzɔ le mawuvɔvɔ̃ ŋu ŋutɔ,
保祿遂即站在阿勒約帕哥當中說:「眾位雅典人,我看你們在各方面都更敬畏神明,
23 elabena esi menɔ tsa ɖim le miaƒe dua me la, mekpɔ miaƒe nu subɔsubɔwo. Ke mekpɔ vɔsamlekpui aɖe si ŋuti woŋlɔ ɖo be, mawu si mienya o la tɔe. Mawu si miesubɔna le manyamanya me la ƒe nyae metsɔ vɛ na mi.
因為我行經各處,細看你們所敬之物,也見到一座祭壇,上面寫著「給未識之神。」現在,我就將你們所敬拜而不認識的這一位,傳告給你們。
24 “Mawu siae wɔ xexea me kple nu siwo katã le eme, eye wònye dziƒo kple anyigba ƒe aƒetɔ na nu sia nu. Esia ta menɔa gbedoxɔ si amewo tsɔ asi tui la me o,
創造宇宙及其中萬物的天主,既是天地的主宰,就不住人手所建的殿宇,
25 eye le esime naneke mehiãnɛ o ta la, amegbetɔ mate ŋu awɔ naneke nɛ o. Ke eya boŋ naa agbe kple gbɔgbɔ amegbetɔ, eye wònaa nu ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu.
也不受人手的侍候,好像需要什麼似的,而是他將生命、呼吸和一切賞給了眾人。
26 Mawu siae wɔ amegbetɔ siwo katã tso dzɔtsoƒe ɖeka, eye wokaka ɖe xexea me ƒe akpa ɖe sia ɖe. Eɖo liƒo kple ɣeyiɣi na dukɔwo da ɖi xoxo.
他由一個人造了全人類,使他們住在全地面上,給他們立定了年限,和他們所居處的疆界;
27 Mawu ƒe didie nye be amegbetɔwo nadii, ake ɖe eŋu togbɔ be egbɔ medidi tso ame aɖeke gbɔ o hã.
如他們尋求天主,或者可以摸索而找到他;其實,他離我們每人並不遠,
28 ‘Eya mee míele agbe le, eye míeʋãna le, eye míele.’ Abe ale si miaƒe hɛnɔ aɖe gblɔe ene be, ‘Míawoe nye Mawu viwo.’
因為我們生活、行動、存在,都在他內,正如你們的某些詩人說的:「原來我們也是他的子孫。」
29 “Ne míenye Mawu viwo la, ekema menyo be míabu be Mawu nye legba si amegbetɔ awɔ kple sika alo klosalo alo kpe le ame ƒe aɖaŋuwɔwɔ kple tamesusu nu la o.
我們既是天主的子孫,就不該想:神就像由人的藝術及思想所製的金銀石刻的東西一樣。
30 Tsã la, Mawu mia ŋku ɖe amegbetɔ ƒe numanyamanya dzi. Ke azɔ la, eɖe gbe be ame sia ame natrɔ dzi me asubɔ ye ɖeka ko,
天主對那愚昧無知的時代,原不深究;如今卻傳諭各處的人都要悔改,
31 elabena eɖo ŋkeke tɔxɛ aɖe da ɖi be yeava drɔ̃ ʋɔnu xexea me, eya ŋutɔ tia ame si le ʋɔnu la drɔ̃ ge la da ɖi, eye eyae nye ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.”
因為他已定了一個日期,要由他所立定的人,按正義審判天下,他為給眾人一個可信的憑據,就叫這人從死者中復活了。」
32 Esi wosee wògblɔ nya tso fɔfɔ tso ame kukuwo dome ŋu la, nyasela aɖewo koe ŋutɔ, ke ame bubuwo gblɔ be, “Míedi be míagase nya sia ɣe bubu ɣi”
他們一聽見死人復活,有的譏笑,有的卻說:「關於這事,我們後來再聽你罷!」
33 Ale Paulo dzo le takpeƒe la.
這樣,保祿便從他們當中出去了。
34 Ame ʋɛ aɖewo ya dze eyome trɔ zu xɔsetɔwo. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Dionisio si nye dumegã ɖeka kple nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Damaris.
可是,也有幾個人依附保祿而信從了,其中有阿勒約帕哥的官員狄尼約削,和一個名叫達瑪黎的婦人;同他們一起信從的,還有其他一些人。

< Dɔwɔwɔwo 17 >