< Dɔwɔwɔwo 16 >

1 Teƒe gbãtɔ si Paulo kple Sila de lae nye Derbe. Emegbe la, woyi Listra. Le afi sia la, wodo go nusrɔ̃la aɖe si ŋkɔe nye Timoteo, ame si dada nye Yudatɔ kple xɔsetɔ, ke fofoa nye Grikitɔ.
And he came also to Derbe and Lystra, where there was a certain disciple named Timothy, the son of a believing Jewess, and of a Greek father.
2 Timoteo nye ɖekakpui aɖe si ƒe dɔwɔwɔ dze kristotɔ siwo le Listra kple Ikonio la ŋu ŋutɔ.
He was well spoken of by the brothers in Lystra and Iconiun.
3 Le esia ta la, Paulo bia tso esi be wòadze yewo yome le yewoƒe mɔzɔzɔ la me. Hafi woadze mɔ la, Paulo tso aʋa na Timoteo be wòaganye nuɖianu na Yudatɔ siwo le nuto la me o, elabena ele nyanya me na ame sia ame be Helatɔe nye Timoteo fofo.
Now Paul, wishing that this man should accompany him on his journey, took him and circumcised him because of the local Jews, who all knew that his father was a Greek.
4 Azɔ woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi henɔ tsatsam le duwo me. Afi sia afi si woɖo la, wogblɔa nya siwo dzi apostolowo kple hamemegãwo ɖo kpee le Yerusalem la na wo be woalé wo me ɖe asi.
And as they went on their way through the cities they handed them the resolutions which the apostles and the elders in Jerusalem had ordained for them to keep.
5 Esia na be hameawo tsi ɖe edzi le xɔse me, eye woƒe xexlẽme hã dzi ɖe edzi.
So the churches were strengthened in the faith and continued to increase in number daily.
6 Tso afi ma la, woyi Frigia kple Galatia nuto me, elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la meɖe mɔ na wo be woayi Asianyigba dzi le ɣeyiɣi sia me o.
Then they went through Phrygia and Galatia, the Holy Spirit having forbidden them to proclaim the message in Asia.
7 Woto Misia liƒo dzi heyina Bitinia lɔƒo. Ke Yesu ƒe gbɔgbɔ gaxe mɔ na wo, eya ta womete ŋu yi Bitinia o,
When they got as far as Mysia, they attempted to enter Bithynia, but the Spirit of Jesus would not permit it;
8 ke boŋ woto Misia nuto me heyi Troa.
and so they passed by Mysia and went on down to Troas.
9 Le gbe ma gbe ƒe zã me la, Paulo kpɔ ŋutega aɖe. Ekpɔ ame aɖe si tsi tsitre ɖe Makedonia le Helanyigba dzi nɔ kuku ɖem nɛ be, “Tso ƒu la nàva mía gbɔ le Makedonia afi sia, ne nàva kpe ɖe mía ŋu.”
Here a vision appeared to Paul in the night. There stood a man of Macedonia, entreating him and saying, "Come over into Macedonia and help us!"
10 Enumake míeɖoe be míayi Makedonia, elabena edze na mí kɔtɛe be Mawu le mía ɖom ɖe afi ma be míaɖagblɔ nyanyui la.
So when he had seen the vision, we sought at once to go forth into Macedonia, because we concluded that God had called us to preach the gospel to them.
11 Míeɖo tɔdziʋu le Troa va Samotrake, eye le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Neapoli.
So we set sail from Troas and ran a straight course to Samothrace. The next day we arrived in Neapolis,
12 Mlɔeba la, míeva ɖo Filipi si nye Romatɔwo ƒe du aɖe si le Makedonianyigba ƒe liƒo dzi tututu. Míenɔ afi ma ŋkeke geɖewo.
and thence came to Philippi, a city of Macedonia, the fore most in its district, a Roman colony. There we stayed for some time.
13 Le Dzudzɔgbe dzi la, míeyi tɔsisi aɖe si didi tso dua gbɔ vie la to, afi si míese be ame aɖewo ƒoa ƒu ɖo doa gbe ɖa le, eye gbe ma gbe la, míegblɔ mawunya na nyɔnu siwo va teƒea.
On the Sabbath Day we went outside the city gate, to a riverside, where we supposed there was a place of prayer; and we sat down and talked to the women who had gathered there.
14 Nyɔnu siawo dometɔ ɖekae nye Lidia, si nye avɔdzrala aɖe tso Tiatira. Enye mawuvɔ̃la xoxo, eye esi Paulo nɔ nu ƒom la, Mawu ʋu eƒe dzi, eye wòxɔ nya siwo katã Paulo gblɔ la dzi se.
Among them was a certain woman named Lydia, a seller of purple, who belonged to the town of Thyatira. She, since she was a worshiper of God, listened to us, and the Lord opened her heart to attend to what Paul said.
15 Esia ta míede mawutsi ta na eya kple eƒe aƒemetɔwo katã, eye emegbe la, ekpe mí be míava dze yeƒe aƒe me. Lidia gblɔ na mí be, “Ne miexɔe se tututu be menye Aƒetɔ la dzixɔsela vavã la, ekema miva dze gbɔnye.” Eƒoe ɖe mía nu ʋuu va se ɖe esime míelɔ̃ ɖadze egbɔ.
When she was baptized, and her household, she urged us, saying, "If in your judgment I am a believer in the Lord, come and stay at my house." And she compelled us to come.
16 Gbe ɖeka la, esi míenɔ mɔ dzi yina gbedoɖaƒe le tɔa to la, míedo go dɔlanyɔnuvi aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ, eye wòtea ŋu kaa nu na amewo, eye to esia me wòwɔa ga geɖe ŋutɔ na eƒe aƒetɔ, elabena kluvi wònye.
Now as we were going to the place of prayer, a certain slave girl met us, who had a spirit of divination, and who brought her masters great gain by fortune-telling.
17 Ɖetugbi sia nɔ Paulo kple mía yome nɔ ɣli dom be, “Ame siawo la, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe dɔlawo wonye, eye ɖe wova be yewoafia ale si miawɔ be miakpɔ ɖeɖe la mi.”
She used to follow after Paul and us, crying out again and again, "These men are servants of the most high God, who proclaimed to you the way of salvation."
18 Ɖetugbi la wɔ nu sia ŋkeke geɖe, ke gbe ɖeka la, eva glo Paulo, ale wòtrɔ ɖe ɖetugbi la ŋu heblu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ si le eme la ta be, “Mele gbe ɖem na wò le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be nàdo go le ɖetugbi sia me fifi laa!” Gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le eme enumake.
She persisted in this for many days, until Paul, worn out, turned round and said to the spirit, "I charge you, in the name of Jesus Christ, to come out of her." In that very hour it came out of her.
19 Nuwɔna sia do dziku na ɖetugbi sia ƒe aƒetɔwo, elabena wobu woƒe gakpɔmɔnu. Le esia ta la, wona wolé Paulo kple Silas hekplɔ wo yi dumegãwo ƒe ŋkume le dutoƒo.
But when her owners saw that their hopes of gain were gone, they seized Paul and Silas, and dragged them before the magistrates, into the market-place.
20 Wotso wo nu le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume be, “Yudatɔ siawo va le to gblẽm na amewo le dua me
Then they brought them before the praetors, saying. "These fellows are Jews, who are making a great disturbance in our city.
21 be woawɔ nu siwo tsi tsitre ɖe Romatɔwo ƒe sewo ŋu.”
"They are teaching customs which it is not lawful for us as Romans to adopt or practise."
22 Kasia, ameha gã aɖe va ƒo ƒu tsi tsitre ɖe wo ŋu. Ʋɔnudrɔ̃lawo na be wodze woƒe awuwo, eye woɖe gbe be woaƒo wo kple ati.
The crowd, too, rose up together against them, and the praetors, after having them stripped, and after ordering them to be flogged,
23 Esi woƒo wo wòte wo ŋu nyuie la, wotsɔ wo de gaxɔ me, eye wogblɔ na gaxɔdzikpɔla vevie be wòakpɔ wo dzi nyuie.
had many lashes inflicted upon them, and put them in prison, with a charge to the jailer to keep them safe.
24 Le esia ta la, gaxɔdzikpɔla hã mefe kpli wo kura o. Etsɔ wo de gaxɔa ƒe gogloeaƒe ke, eye wòde ga afɔ na wo sesĩe.
On receiving so strict an order he cast them into the inner prison, and made their feet fast in the stocks.
25 Le zã bliboa me la, Paulo kple Silas wonɔ gbe dom ɖa, nɔ ha dzim, nɔ Mawu kafum. Gaxɔmenɔla bubuawo hã nɔ woƒe hawo sem.
But at midnight, while Paul and Silas were praying and singing hymns to God, and the prisoners were listening to them,
26 Le zã ga wuieve me lɔƒo la, anyigba ʋuʋu sesĩe, eye gaxɔ blibo la ƒe gɔmeɖokpewo ʋuʋu kpekpekpe, ʋɔtruawo katã ʋu le wo ɖokuiwo si, eye ga si wode gaxɔmenɔla ɖe sia ɖe la ɖe ɖa.
suddenly there was a great earthquake, so that the very foundations of the prison-house were shaken; and instantly all the doors were opened, and every one’s chains fell off.
27 Esi gaxɔdzikpɔla nyɔ tso alɔ̃ me, eye wòkpɔ be ʋɔtruawo katã nɔ ʋuʋu ɖi la, vɔvɔ̃ ɖoe, elabena ebu be gamenɔlawo katã si dzo. Le esia ta la, eɖe eƒe yi le aku me be yeawu ye ɖokui.
The jailer, roused from sleep, and seeing the doors wide open, drew his sword and was about to kill himself, because he thought that the prisoners had escaped.
28 Ke Paulo do ɣli gblɔ nɛ be, “Nɔvi, mègawɔ nu vevi ɖokuiwò o; mí katã míele afi sia.”
But Paul shouted loudly to him. "Do yourself no harm; for we are all here!"
29 Enumake gaxɔdzikpɔla la bia akaɖi; eƒu du yi ɖe eme, eye wòdze klo ɖe Paulo kple Silas ƒe afɔ nu le dzodzom nyanyanya.
So he called for lights, and sprang in, and, trembling for fear, fell down before Paul and Silas,
30 Ekplɔ wo do goe hebia be, “Aƒetɔwo, nu kae le nam be mawɔ be makpɔ ɖeɖe?”
and brought them out, saying, "Sirs, what must I do to be saved?"
31 Woɖo eŋu nɛ be, “Xɔ Aƒetɔ Yesu dzi se, ekema wò kple wò aƒe blibo la miakpɔ xɔxɔ.”
"Believe on the Lord Jesus," they answered, "and you will be saved, you and all your household."
32 Wogblɔ Aƒetɔ la ƒe nya na eya kple eƒe aƒemetɔwo katã.
Then they spoke the message of the Lord to him, as well as to all who were in his house.
33 Le zã ma ke me la, gaxɔdzikpɔla klɔ woƒe abiwo na wo, eye enumake wode mawutsi ta na eya kple eƒe aƒe blibo la.
And he took them, the same hour of the night, and washed their wounds, and he was baptized at once, he and all his.
34 Ena nu wo woɖu, eye aƒea me tɔwo katã yɔ fũu kple dzidzɔ, elabena wotrɔ zu Mawu dzi xɔselawo.
And after bringing them up into his house, he set food before them, overjoyed with all his household in having believed in God.
35 Le ŋdi me la, ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo kpovitɔwo ɖe gaxɔdzikpɔla la kple gbeɖeɖe sia be, “Ɖe asi le ŋutsu mawo ŋu ne woadzo.”
But in the morning the praetors sent their lictors with the order, "Let these men go."
36 Gaxɔdzikpɔla la gblɔ nya la na Paulo be, “Ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo gbe ɖa be woaɖe asi le wò kple Sila ŋuti, eya ta miate ŋu adzo azɔ. Miyi le ŋutifafa me.”
The jailer reported the words to Paul, saying. "The praetors have sent to release you; so come out, and go in peace."
37 Ke Paulo gblɔ na kpovitɔwo be, “Woƒo mí le dutoƒo ʋɔnumadrɔmadrɔ̃e togbɔ be míenye Romatɔwo hã; wode mí gaxɔ me, ke azɔ la, woaɖe mí ado goe le adzamea? Gbeɖe! Ɖeko woawo ŋutɔ nava hafi woakplɔ mí adoe.”
But Paul said. "They have flogged us publicly, uncondemned, men that are Roman citizens; and have thrown us into prison. Are they now going to get rid of us secretly? No, indeed! Let them come here, themselves and take us out."
38 Kpovitɔ siwo wodɔ ɖo ɖe gaxɔdzikpɔla gbɔ la trɔ va gblɔ Paulo ƒe nya la na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ esi wose be Paulo kple Sila nye Romatɔwo ta.
The lictors reported these words to the praetors, who were frightened when they heard that they were Romans.
39 Dumegãwo ɖe abla va wo gbɔ le gaxɔ la me, eye woɖe kuku na wo be woado go adzo le dua me.
So they came and conciliated them, and after taking them out of prison, begged them to leave the town.
40 Wodo go le gaxɔ la me. Ale Paulo kple Sila trɔ yi Lidia ƒe aƒe me, eye xɔsetɔwo va ƒo ƒu ɖe wo ŋu, eye wogagblɔ nyanyui la na wo hafi dzo le dua me.
So Paul and Silas came out of the prison, and went to Lydia’s house; and after they had seen the brethren and encouraged them, they left Philippi.

< Dɔwɔwɔwo 16 >