< Dɔwɔwɔwo 15 >

1 Le ɣeyiɣi si me Paulo kple Barnabas wonɔ Antioxia la, ame aɖewo tso Yudea va Antioxia dua me. Ame siawo va nɔ nu fiam xɔsetɔawo be ehiã vevie be woatso aʋa na wo ɖe Mose ƒe kɔnuwo nu hafi woakpɔ ɖeɖe.
And certain men, who came down from Judea, taught the brothers, Unless ye will be circumcised in the custom of Moses, ye cannot be saved.
2 Paulo kple Barnabas melɔ̃ ɖe nya sia dzi kura o, ale wohe nya kple ame siawo vevie. Mlɔeba la, Antioxia Hame la ɖe hametɔ aɖewo kpe ɖe Paulo kple Barnabas ŋu heɖo wo ɖe Yerusalem be woaɖadzro nya sia me kple Apostoloawo kple hamemegãwo, anya woƒe susu le eŋu ava gblɔ na yewo.
Therefore, no small dissension and debate having developed with Paul and Barnabas against them, they appointed Paul and Barnabas, and some other men from them, to go up to Jerusalem to the apostles and elders in Jerusalem about this issue.
3 Hametɔwo katã yi ɖaɖo ame dɔdɔawo ɖa va se ɖe Antioxia dua godo, eye woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi. Le mɔa dzi la, ame dɔdɔawo tɔ ɖe Foenisia kple Samaria, du siwo le mɔa dzi la me, eye wogblɔ ale si Mawu le dɔ wɔm le ame siwo menye Yudatɔwo o dome la na xɔsetɔ siwo le afi ma. Nya sia do dzidzɔ blibo na ame sia ame si see.
Indeed therefore, having been helped for the trip by the congregation, they passed through Phoenicia and Samaria, describing the conversion of the Gentiles. And they caused great joy to all the brothers.
4 Esi ame dɔdɔawo va ɖo Yerusalem la, hamea kple apostoloawo kpakple hamemegãwo xɔ wo, eye woka nu siwo katã Mawu wɔ kpli wo la ta na wo.
And after arriving in Jerusalem, they were received by the church and the apostles and the elders. And they reported as many things as God did with them.
5 Ke ame siwo nye Farisitɔwo tsã hafi trɔ zu Kristotɔwo la tsi tsitre, eye wogblɔ be, “Ele be woatso aʋa na ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo trɔ zu xɔsetɔwo la katã, eye woawɔ ɖe Mose ƒe sewo dzi.”
But some of the men who believed from the sect of the Pharisees rose up, saying, It is necessary to circumcise them, and to command them to keep the law of Moses.
6 Ke apostolowo kple hamemegãwo ɖe kpɔ hedzro biabia sia me nyuie.
And the apostles and the elders were assembled together to see about this matter.
7 Le nyamedzodzro geɖe megbe la, Petro tsi tsitre gblɔ na wo be, “Nɔvinyewo, miawo ŋutɔ mienya be anɔ abe ƒe aɖewoe nye esi va yi ene la, Mawu tiam le mia dome, eye wòdɔm ɖa be magblɔ nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o, ale be woawo hã woaxɔ se.
And when much debate occurred, Peter having risen up, he said to them, Men, brothers, ye know that from past days among us, God chose the Gentiles to hear through my mouth the word of the good news, and to believe.
8 Mawu si nya amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe dzi me la xɔ wo hena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wo abe ale si wòna míawo hã ene.
And God, who knows the heart, testified to them, having given them the Holy Spirit, just as also to us.
9 Mede vovototo aɖeke mí kple woawo dome o, elabena eɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖa to xɔse me abe míawo ke ene.
And he made not one distinction between both us and them, having purified their hearts by faith.
10 Ke nɔvinyewo, nu ka ta miedi be miate Mawu kpɔ adi be yewoatsɔ agba kpekpe si míawo ŋutɔ kple mía tɔgbuitɔgbuiwo mete ŋu tsɔ o la ada ɖe wo dzi be woatsɔ mahã?
Now therefore why do ye challenge God, to place a yoke upon the neck of the disciples, which neither our fathers nor we were able to bear?
11 Ao, míexɔe se to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve me, eye esia me míekpɔ xɔxɔ abe woawo ke ene le.”
But through the grace of the Lord Jesus, we believe to be saved, in the same way as those men also.
12 Le nuƒo sia megbe la, ƒuƒoƒe la zi ɖoɖoe, eye nyahehe aɖeke megayi edzi o. Esia na mɔnukpɔkpɔ Paulo kple Barnabas be wogblɔ nukunu kple dzesi gã siwo Mawu wɔ to wo dzi le ame siwo menye Yudatɔwo o dome la na wo.
And all the multitude kept silent, and they heard Barnabas and Paul describing how many signs and wonders God did among the Gentiles through them.
13 Esi woƒo nu vɔ la, Yakobo hã tsi tsitre ƒo nu gblɔ be, “Nɔviwo, miɖo tom.
And after they were quiet, James answered, saying, Men, brothers, hear me.
14 Simɔn gblɔ ale si Mawu ŋutɔ tia amewo tso ame siwo menye Yudatɔwo o dome be woasubɔ ye la na mi.
Simeon described how God first came to help, to take from the Gentiles a people for his name.
15 Nyagblɔɖilawo ƒe nya sɔ kple nu siwo wogblɔ na mi abe ale si woŋlɔ ɖi ene be,
And to this the words of the prophets agree, as it is written,
16 “‘Le nu siawo megbe la, magatrɔ ava, eye magatu David ƒe aƒe si mu dze anyi la. Magbugbɔ aɖo eƒe gli gbagbãwo, eye mafɔ wo ɖe tsitre,
After these things I will return, and I will rebuild the tabernacle of David that has fallen. And I will rebuild the things of it that have been demolished, and I will restore it,
17 ale be ame mamlɛawo adi Aƒetɔ la ƒe mɔ kple ame siwo menye Yudatɔwo o siwo ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la. Aƒetɔ la, ame si wɔa nu siawo katã lae gblɔe.’
so that the rest of men might seek the Lord, and all the Gentiles upon whom my name is called upon them, says the Lord, who does these things.
18 Esiwo le nyanya me nɛ tso blema ke. (aiōn g165)
Known to God from the age are all his works. (aiōn g165)
19 “Esia ta nye nyametsotsoe nye be mehiã be míaɖe fu na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wole tɔtrɔm ɖe Mawu ŋu la o.
Therefore I judge not to trouble those from the Gentiles who are turning to God,
20 Ke ɖeko míaŋlɔ na wo be woadzudzɔ lã siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo kple lã siwo tsi ʋu me la ɖuɖu, eye hekpe ɖe esiawo ŋu la, woadzudzɔ ahasiwɔwɔ.
but to write to them, to abstain from the pollutions of idols, and from fornication, and from what is strangled, and from blood.
21 Elabena tso blema ke la, wogblɔ Mose ƒe se la na mí le du sia du me le ƒuƒoƒewo katã le Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe dzi na Yudatɔwo katã.”
For Moses from generations past, has from city to city those who preach him, being read in the synagogues on every sabbath.
22 Azɔ la, apostoloawo kple hamemegãwo katã va lɔ̃ ɖe edzi be yewoaɖe ame aɖewo woakplɔ Paulo kple Barnabas ɖo ayi Antioxia be woaɖagblɔ nu si dzi woɖo kpee la na hame si le afi ma. Wotia Yuda (si wogayɔna be Barsaba) kple Silas, ame siwo nye amegãwo le hamea me.
Then it was decided by the apostles and the elders, with the whole assembly, to send men chosen from them to Antioch with Paul and Barnabas, namely, Judas called Barsabbas, and Silas, leading men among the brothers,
23 Woŋlɔ agbalẽ de ame dɔdɔawo si, eye emenyawo yi ale: Mía nɔvi siwo menye Yudatɔwo o siwo trɔ zu xɔsetɔwo le Antioxia, Siria kple Kilikia, Mixɔ gbedoname tso. Apostolowo, hamemegãwo kple mia nɔvi siwo le Yerusalem la gbɔ.
after writing by their hand these things: The apostles, and the elders, and the brothers, to those down in Antioch and Syria and Cilicia, to the brothers of the Gentiles, greeting.
24 Míese be xɔsetɔ aɖewo, siwo tso mía gbɔ le afi sia la va mia dome, eye wova gblɔ nya aɖewo, siwo ɖe fu na miaƒe susu, eye woʋuʋu miaƒe xɔse kple ɖeɖekpɔkpɔ. Míedi be mianya be menye míawoe dɔ ame siawo ɖo ɖe mi o.
Since we have heard that certain men who went out from us have troubled you with words, disturbing your souls, saying to be circumcised, and to keep the law, to whom we did not command,
25 Ke esi míawo hã míebu nya la ŋu, eye mí katã míeɖo kpe nu si nye nyateƒea dzi vɔ la, míeɖoe be anye susu nyui aɖe ŋutɔ be míaɖe ame dɔdɔ eve siwo akplɔ mía nɔvi lɔlɔ̃awo, Paulo kple Barnabas, ɖo ava mia gbɔ.
it was decided by us, having become unanimous, to send chosen men to you with our beloved Barnabas and Paul,
26 Ame dɔdɔ eve siawoe nye Yuda kple Sila, ame siwo tsɔ woƒe agbe ke faa na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo.
men who have given over their lives for the name of our Lord Jesus Christ.
27 Azɔ míedɔ Yuda kple Silas ɖa, ame siawo aƒo nu, aɖo kpe nu si nye míaƒe susu le nya siwo le fu ɖem na miaƒe susuwo la dzi na mi.
We have therefore sent Judas and Silas, themselves also declaring the same things by speech.
28 Míekpɔe dze sii be enyo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple míawo hã ŋu be, menyo be míatsɔ agba gã aɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o,
For it was decided by the Holy Spirit, and by us, to lay upon you not one greater burden than these necessary things:
29 be miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo ɖuɖu, eye miatsri ahasiwɔwɔ hã. Ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le nu siawo me la, ekema miewɔe nyuie. Minɔ anyi sesĩe.
to abstain from things sacrificed to idols, and from blood, and from things strangled, and from fornication, keeping yourselves from which, ye will do well. Be strong.
30 Ame dɔdɔ eneawo dze mɔ ɖo ta Antioxia enumake. Esi wova ɖo la, woƒo kristotɔwo katã nu ƒu, eye wotsɔ gbedeasi la ɖo woƒe ŋkume.
Indeed therefore after being dismissed, they came to Antioch, and having gathered the multitude together, they delivered the letter.
31 Esi woxlẽ agbalẽ la, eye wose emenyawo la, hame la katã kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe.
And after reading it, they rejoiced for the encouragement.
32 Hekpe ɖe agbalẽa ŋu la, Yuda kple Silas, ame siwo hã nye nyagblɔɖilawo la gaƒo nu geɖe na hame la hedo ŋusẽ woƒe xɔse.
And Judas and Silas, being themselves also prophets, exhorted the brothers by much speech, and strengthened them.
33 Wonɔ Antioxia ŋkeke geɖe hafi wodo mɔ wo kple dzidzɔgbedoname tso Antioxia Hame gbɔ vɛ na Yerusalem hame si dɔ wo. [
And after spending some time, they were dismissed with peace from the brothers to the apostles.
34 Ke enyo Sila ŋu be yeatsi afi ma.]
[This verse is not in the majority of the Greek manuscripts.]
35 Paulo kple Barnabas hã gatsi Antioxia hena kpekpe ɖe ame siwo nɔ Aƒetɔ la ƒe nya gblɔm henɔ nu fiam amewo le afi ma la ŋu.
But Paul and Barnabas continued in Antioch, teaching and preaching good news, the word of the Lord, with many others also.
36 Le ŋkeke aɖewo megbe la, Paulo doe ɖe Barnabas gbɔ be, “Na míatrɔ ayi aɖakpɔ nɔvi siwo le du siwo me míegblɔ Aƒetɔ la ƒe nya la le la, akpɔ ale si wole zɔzɔmee la ɖa.”
And after some days Paul said to Barnabas, After returning, surely we could help our brothers in every city in which we proclaimed the word of the Lord, how they fare.
37 Barnabas lɔ̃, ke edi be yewoakplɔ Yohanes si woyɔna be Marko la akpe ɖe yewo ɖokui ŋu.
And Barnabas wanted to take along John called Mark.
38 Ke le ale si Marko gblẽ wo ɖi le Pamfilia, eye meyi dɔa dzi kple wo o ta la, Paulo mebui be enyo be wòagayi kpli yewo o.
But Paul thought it not worthy to bring along this man who withdrew from them from Pamphylia, and not having gone with them to the work.
39 Nu sia he masɔmasɔ de Paul kple Barnabas dome ale gbegbe be wo dome ma. Barnabas kplɔ Marko ɖe asi, eye woɖo tɔdziʋu yi Kipro.
Therefore a provocation developed, so as for them to separate from each other, and Barnabas to sail for Cyprus, after taking Mark,
40 Ke Paulo hã kplɔ Silas kpe ɖe eɖokui ŋu, eye nɔviawo tsɔ wo de asi na Aƒetɔ la ƒe amenuveve.
but Paul, having selected Silas, went forth after being delivered to the grace of God by the brothers.
41 Woto Siria kple Kilikia nutowo me henɔ ŋusẽ dom hame siwo le afi mawo.
And he passed through Syria and Cilicia, encouraging the congregations.

< Dɔwɔwɔwo 15 >