< Dɔwɔwɔwo 14 >

1 Abe ale si wowɔnɛ le afi sia afi si woyi ene la, Paulo kple Barnabas gayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Ikonio hã, eye wogblɔ nya kple ŋusẽ tɔxɛ aɖe, ale be ame geɖe siwo nye Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa trɔ zu xɔsetɔwo.
גם באיקניון הלכו פולוס ובר־נבא לבית־הכנסת. הם הטיפו את דבר ה׳ בעוצמה כה רבה, עד שיהודים וגויים רבים האמינו באדון.
2 Ke Yudatɔ siwo medina be yewoaxɔ Mawu ƒe ɖeɖenya sia dzi ase o la, gblɔ nya baɖa ƒomevi geɖewo ɖe wo nɔviawo ŋu. Wowɔ esia be ame siwo menye Yudatɔwo o la nagaxɔ woƒe nyawo dzi ase o.
אולם היהודים שדחו את בשורת אלוהים הסעירו את רגשות הגויים, ועוררו בלבם אי־אמון בפולוס ובר־נבא.
3 Esia hã meɖe dzi le Paulo kple Barnabas ƒo kura o, ke boŋ wonɔ dua me hegblɔ amenuvevenya kple dzideƒo ɣeyiɣi didi aɖe. Aƒetɔ la na ŋusẽ wo wowɔ nukunu kple dzesi geɖewo be yewoafia kɔtɛe be eƒe nya la kakam yewole vavã.
למרות זאת נשארו שם השניים זמן רב למדי, כשהם מבשרים את דבר ה׳ באומץ, ואלוהים אישר שאכן הם שליחיו על־ידי הניסים והנפלאות שחולל באמצעותם.
4 Dua me tɔwo ma ɖe akpa eve, ɖewo nɔ Yudatɔwo ƒe dumegãwo yome eye ɖewo hã nɔ apostoloawo yome.
תושבי העיר היו חלוקים בדעותיהם: חלקם תמכו במנהיגים היהודים, וחלקם – בפולוס ובר־נבא.
5 Ke ame siwo menye Yudatɔwo o, kpakple Yudatɔwo kple woƒe dumegãwo wɔ ɖoɖo be yewoadze Paulo kple Barnabas dzi aƒu kpe wo, awɔ nu vevi wo.
כאשר נודע לשני השליחים שהגויים, היהודים ומנהיגיהם תכננו להתנכל להם ולרגום אותם באבנים, מיהרו להימלט על נפשם. הם הגיעו לערי חבל לוקוניה: לוסטרה, דרבי וסביבותיהן,
6 Esi Apostoloawo se nya sia la, wosi dzo le dua me heyi Likaonia ƒe duwo, Listra kple Derbe nutowo me,
7 eye wogblɔ nyanyui la le teƒe mawo hã.
וגם שם בישרו את הבשורה.
8 Le Listra la, ŋutsu aɖe le anyinɔƒe, ame si metea ŋu tsia tsitre o, eye wònye tekunɔ tso dadaa ƒe dɔ me ke; mezɔ azɔli kpɔ o.
בלוסטרה הם ראו אדם שלא התהלך מעולם; רגליו היו משותקות מלידה.
9 Ame sia ɖo to Paulo esi wònɔ nu ƒom na ameawo. Paulo li ŋku ɖe edzi gãa, eye wòkpɔ be xɔse le esi na dɔyɔyɔ,
פולוס שם לב לכך שהנכה מקשיב לדבריו בדריכות ובעניין רב, וכאשר גילה שיש בו אמונה להירפא,
10 eya ta Paulo yɔe gblɔ be, “Tsi tsitre!” Le gbeɖeɖe sia nu la, ŋutsu la ti kpo, eye wòde asi azɔlizɔzɔ me.
קרא אליו:”קום על רגליך!“כהרף־עין קפץ האיש על רגליו והחל ללכת.
11 Esi ameha la kpɔ nukunu si Paulo wɔ la, wodo ɣli le Likaoniagbe me be “Mawuawo ɖi va mía gbɔ le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me!”
כשראה קהל הנוכחים את הנס שפולוס חולל, החלו כולם לקרוא בלשון הליקאונית:”אנשים אלה הם אלים בדמות בני־אדם!“
12 Le woƒe nuwɔnawo ta la, wona ŋkɔ Barnabas be Zeus, eye woyɔ Paulo be Hermes, elabena eyae nye ame si nɔ nu ƒom geɖe wu.
הם החליטו שבר־נבא הוא האל זאוס, ואילו פולוס, שהיה הדובר העיקרי – האל הרמס.
13 Enumake Zeus ƒe trɔ̃nua si ƒe nɔƒe le dua godo la tsɔ seƒoƒowo kple nunanawo fũu vɛ, eye wòwɔ dzadzraɖo be yeawu nyitsu gã aɖe atsɔ asa vɔe na wo le dua ƒe agbowo nu le ameha la ŋkume.
הכהן של זאוס, שמקדשו היה בפרבר העיר, הביא זרי פרחים ושוורים, כדי להקריבם בשער העיר לעיני ההמונים.
14 Ke esi apostoloawo, Barnabas kple Paulo see la, wodze woƒe awuwo, eye woƒu du ge ɖe ameawo dome eye wodo ɣli gblɔ na wo be,
אולם כאשר הבינו פולוס ובר־נבא את מה שעומד להתרחש, קרעו את בגדיהם ורצו בתוך הקהל בצעקות:
15 “Mía tɔwo, nu kae nye busunu sia wɔm miele? Míawo hã amegbetɔwo ko míenye abe miawo ke ene. Ɖe míeva be míagblɔ nyanyui sia na mi be miadzudzɔ nu maɖinu siawo tɔgbi subɔsubɔ, eye miado gbe ɖa na Mawu gbagbe si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la boŋ.
”אנשים, מה אתם עושים? אנחנו בני־אדם בדיוק כמוכם! באנו לבשר לכם את הבשורה, כדי שאתם תפסיקו לסגוד לאלילים, ובמקום זאת להשתחוות לאלוהים האחד האמיתי, אשר ברא את השמים, את הארץ, את הים ואת כל אשר בם.
16 Tsã la, Mawu ɖe asi le dukɔ ɖe sia ɖe ŋu wòwɔ nu si dze eŋu.
אמנם בימי קדם הרשה ה׳ לגויים לחיות כרצונם,
17 Ke hã la, medzudzɔ ɖaseɖiɖi tso eɖokui ŋuti o, elabena ewɔa nu nyuiwo na mí; enaa tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo kpakple nuŋeɣiwo, eye wòna nuɖuɖu geɖe mí hetsɔ dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũu.”
אולם הוא תמיד העיד על עצמו במעשיו הטובים ובאהבתו אלינו: הוא שולח לנו, למשל, גשם ותבואות מבורכות; הוא מספק לנו אוכל וממלא את לבנו שמחה.“
18 Togbɔ be woɖe nya me na ameawo alea hã la, esesẽ hafi wozi wo dzi be womete ŋu sa vɔ la na wo o.
על אף דבריהם אלה הצליחו השניים רק בקושי רב לשכנע את הקהל שלא להקריב להם קורבנות.
19 Ke le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Yudatɔ aɖewo gatso Antioxia kple Ikonio va do ɖe Listra, eye wogade ʋunyaʋunya dua me tɔwo me ɖe Paulo ŋu. Amehawo ho ɖe Paulo ŋu, ƒu kpee va se ɖe esime wòku ƒenyi, eye wohee do goe le dua me, elabena wobu be eku.
ימים ספורים לאחר מכן הגיעו ללוסטרה יהודים אחדים מאנטיוכיה ומאיקניון, והפכו את קהל המעריצים להמון פרוע וצמא־דם, אשר רגם את פולוס באבנים. ההמונים חשבו שפולוס מת, ולכן גררו אותו אל מחוץ לעיר.
20 Xɔsetɔwo kple nɔvinɔviwo va ƒo ƒu ɖe eŋu kasia, Paulo fɔ, wo katã wotrɔ yi Listra dua me, eye le ŋkeke evea gbe la, wo kple Barnabas wodzo yi Derbe.
אולם לאחר שהתקבצו המאמינים סביבו הוא התאושש, קם על רגליו וחזר העירה. למחרת יצאו פולוס ובר־נבא לדרבי.
21 Wonɔ Derbe hegblɔ nyanyui la le afi ma ŋkeke ʋɛ aɖewo, eye ame geɖewo trɔ zu woƒe nusrɔ̃lawo. Emegbe la, wogatrɔ yi Listra, Ikonio kple Antioxia,
לאחר שבישרו שם את דבר ה׳ ועשו תלמידים רבים, חזרו השניים ללוסטרה, לאיקניון ולאנטיוכיה.
22 eye wodo ŋusẽ xɔsetɔwo be woalé xɔse me ɖe asi. Wode dzi ƒo na xɔsetɔawo be, “Ele na mí be míato fukpekpe geɖewo me hafi age ɖe mawufiaɖuƒe la me.”
בערים אלה הם חיזקו את המאמינים, ועודדו אותם לדבוק באמונתם למרות הצרות והרדיפות.”רק דרך צרות רבות נוכל להיכנס למלכות האלוהים“, הזכירו להם.
23 Paulo kple Barnabas ɖo hamemegãwo ɖe hame sia hame nu, eye wowɔ nutsitsidɔ kple gbedodoɖa hetsɔ ameawo de asi na Aƒetɔ si dzi woxɔ se.
כמו כן מינו פולוס ובר־נבא זקני־קהילה בכל קהילה, ובצום ותפילה הפקידו אותם בידי האלוהים שבו בטחו.
24 Azɔ woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi to Pisidia nuto me va ɖo Pamfilia alo Terki.
לאחר מכן המשיכו השניים במסעם חזרה, ועברו דרך פיסידיה ופמפוליה.
25 Wogagblɔ nya le Perga hã hafi tso eme yi Atalia.
הם הטיפו שוב בפרגי, והמשיכו לאטליה.
26 Mlɔeba la, woɖo tɔdziʋu tso Atalia hetrɔ va ɖo Antioxia, afi si wodze woƒe mɔzɔzɔ gɔme le. Afi siae wobia Mawu ƒe amenuveve na wo, ku ɖe dɔ si nu wowu fifia la ŋu.
לבסוף הפליגו בספינה לאנטיוכיה – העיר שממנה יצאו למסע, ואשר בה הופקדו בידי אלוהים לבצע את המלאכה שזה עתה סיימו.
27 Esi wogbɔ va ɖo Antioxia la, woyɔ xɔsetɔawo katã ƒo ƒu hegblɔ nu gã siwo Mawu wɔ kpli wo la na wo. Wogblɔ ale si Mawu ʋu xɔse ƒe mɔ na ame siwo menye Yudatɔwo o la hã na ameawo.
בהגיעם לאנטיוכיה כינסו את כל המאמינים, ומסרו להם דיווח מפורט על מסעם: כיצד ה׳ פעל באמצעותם, וכיצד פתח את שער האמונה גם לגויים.
28 Paulo kple Barnabas tsi Antioxia henɔ xɔsetɔawo gbɔ ɣeyiɣi didi aɖe.
פולוס ובר־נבא נשארו עם המאמינים באנטיוכיה זמן ממושך.

< Dɔwɔwɔwo 14 >