< Dɔwɔwɔwo 13 >

1 Nyagblɔɖila kple nufiala aɖewo nɔ Antioxia Hame la me ɣe ma ɣi, eye wo dometɔ aɖewoe nye Barnabas kple Simeon si wogayɔna be Niga, Lukio tso Kirene, Manain (si nye Fia Herodes nɔvi) kple Saulo.
在安提阿的教會中,有幾位先知和教師,就是巴拿巴和稱呼尼結的西面、古利奈人路求,與分封之王希律同養的馬念,並掃羅。
2 Gbe ɖeka la, esi ame siawo nɔ Aƒetɔ la subɔm, nɔ nu tsim nɔ dɔdɔm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ na wo be, “Mitia Barnabas kple Saulo be woaɖawɔ dɔ tɔxɛ si ta meyɔ wo ɖo la nam.”
他們事奉主、禁食的時候,聖靈說:「要為我分派巴拿巴和掃羅,去做我召他們所做的工。」
3 Wogayi edzi wɔ nutsitsidɔ hedo gbe ɖa ɣeyiɣi aɖe, eye le esia megbe la, woda asi ɖe Barnabas kple Saulo dzi, do gbe ɖa ɖe wo ta, eye wodo mɔ wo be woayi.
於是禁食禱告,按手在他們頭上,就打發他們去了。
4 Le Kipro la, Saulo kple Barnabas wodze mɔ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpɔkplɔ te heyi ɖe Seleukia. Le afi sia la, woɖo tɔdziʋu heyi ɖe Kipro. Wokplɔ Marko Yohanes hã ɖe asi abe woƒe kpeɖeŋutɔ ene.
他們既被聖靈差遣,就下到西流基,從那裏坐船往塞浦路斯去。
5 Esi wova ɖo du si woyɔna be Salamis me la, woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe, eye wogblɔ mawunya le afi ma. Yohanes nɔ wo ŋu abe kpekpeɖeŋunala ene.
到了撒拉米,就在猶太人各會堂裏傳講上帝的道,也有約翰作他們的幫手。
6 Le esia megbe la, wogblɔ mawunya le du geɖewo me tso teƒe yi teƒe le Kipro ƒukpo blibo la dzi va se ɖe esi wova ɖo du si woyɔna be Pafo la me. Le afi sia wokpɔ Yudatɔ aɖe si woyɔna be Bar Yesu. Ame sia nye afakala kple aʋatsonyagbɔɖila.
經過全島,直到帕弗,在那裏遇見一個有法術、假充先知的猶太人,名叫巴‧耶穌。
7 Ame sia nye dɔtsɔla na mɔmefia si le afi ma si woyɔna be Sergio Paulo. Mɔmefia la nye ame si ƒe tagbɔ kɔ, eye wòdɔ woyi ɖayɔ Barnabas kple Saulo, elabena edi be yease Mawu ƒe nya.
這人常和方伯士求‧保羅同在。士求‧保羅是個通達人,他請了巴拿巴和掃羅來,要聽上帝的道。
8 Esi wonɔ nya la gblɔm nɛ la, afakala Elima (elabena nenemae nye eƒe ŋkɔ le Grikigbe me) tsi tsitre ɖe wo ŋu, eye wòte kpɔ be yeagblẽ to na mɔmefia la be megaxɔ Mawu dzi se o.
只是那行法術的以呂馬(這名翻出來就是行法術的意思)敵擋使徒,要叫方伯不信真道。
9 Ke Saulo, ame si wogayɔna be Paulo, si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe yɔ fũu la li ŋku ɖe Elima dzi gãa kple dziku, eye wòblu ɖe eta be,
掃羅又名保羅,被聖靈充滿,定睛看他,
10 “Wò Abosam ƒe vi, ame vɔ̃ɖi, wò ameflula si léa fu nu nyui ɖe sia ɖe, ɣe ka ɣie nàdzudzɔ tsitretsitsi ɖe Aƒetɔ la ƒe mɔ dzɔdzɔe la ŋu?
說:「你這充滿各樣詭詐奸惡,魔鬼的兒子,眾善的仇敵,你混亂主的正道還不止住嗎?
11 Azɔ Mawu ahe to na wò, eya ta wò ŋkuwo agbã, ale be màgate ŋu akpɔ ɣe ƒe keklẽ o hena ɣeyiɣi aɖe.” Enumake Elima ƒe ŋku dzi tsyɔ̃ eye wòde asi asitsatsa le yame me henɔ kuku ɖem be ame aɖe nalé yeƒe alɔnu afia mɔ ye.
現在主的手加在你身上,你要瞎眼,暫且不見日光。」他的眼睛立刻昏蒙黑暗,四下裏求人拉着手領他。
12 Esi mɔmefia la kpɔ nu si dzɔ la, exɔe se, elabena eƒe nu ku le nufiafia si wòse tso Aƒetɔ la ŋu ta.
方伯看見所做的事,很希奇主的道,就信了。
13 Le nu siawo megbe la, Paulo kple eŋumewo ɖo tɔdziʋu hedzo le Pafo heva Perga le Pamfilia nuto me, afi sia Yohanes gblẽ wo ɖi le hetrɔ yi Yerusalem.
保羅和他的同人從帕弗開船,來到旁非利亞的別加,約翰就離開他們,回耶路撒冷去。
14 Ke Barnabas kple Paulo ya tso eme yi Antioxia si le Pisidia nuto me. Le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi la, woyi sɔleme le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe.
他們離了別加往前行,來到彼西底的安提阿,在安息日進會堂坐下。
15 Esi woxlẽ nya tso Mose ƒe Agbalẽ kple Nyagblɔɖilawo ƒe Agbalẽawo me vɔ abe ale si wowɔna ɖaa ene la, ƒuƒoƒemegãwo dɔ ame ɖo ɖe Barnabas kple Paulo gbɔ gblɔ be, “Nɔviŋutsuwo, ne nuxlɔ̃amenya aɖe le mia si na ameawo la, migblɔe, míeɖe kuku.”
讀完了律法和先知的書,管會堂的叫人過去,對他們說:「二位兄台,若有甚麼勸勉眾人的話,請說。」
16 Paulo tsi tsitre heɖo asi wo dzi, eye wògblɔ na wo be, “Israel ŋutsuwo kple ame sia ame si le afi sia si vɔ̃a Mawu la, miɖo tom!
保羅就站起來,舉手,說:「以色列人和一切敬畏上帝的人,請聽。
17 “Israel dukɔ sia ƒe Mawu tia míaƒe dukɔ sia, eye wòde bubu eŋu. Eɖee tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi bubutɔe.
這以色列民的上帝揀選了我們的祖宗,當民寄居埃及的時候抬舉他們,用大能的手領他們出來;
18 Ekpɔ wo dzi, kplɔ wo ɖɔɖɔɖɔ le gbedzi ƒe blaene sɔŋ.
又在曠野容忍他們,約有四十年。
19 Le esia megbe la, Mawu tsrɔ̃ dukɔ adre sɔŋ le Kananyigba dzi, eye wòtsɔ anyigba sia na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene.
既滅了迦南地七族的人,就把那地分給他們為業;
20 Nu siawo yi edzi anɔ abe ƒe alafa ene blaetɔ̃. Le esiawo megbe la, Mawu na ʋɔnudrɔ̃lawo ɖu dukɔa dzi va se ɖe Nyagblɔɖila Samuel dzi.
此後給他們設立士師,約有四百五十年,直到先知撒母耳的時候。
21 “Ke nu kae va dzɔ? Israelviwo ɖe kuku na Mawu be wòana fia yewo abe ale si wòle dukɔ bubuwo sii la ene, eya ta Mawu na Saulo si nye Kish ƒe vi la va ɖu fia ɖe wo dzi. Saulo tso Benyamin ƒomea me, eye wòɖu fia ƒe blaene.
後來他們求一個王,上帝就將便雅憫支派中基士的兒子掃羅,給他們作王四十年。
22 Ke emegbe la, Mawu ɖe Saulo ɖa le zikpui la dzi, eye wòtsɔ David si nye Yese ƒe vi la ɖo fiae ɖe eteƒe. Mawu kpɔ ŋudzedze le David ŋu, eye wòɖi ɖase le eŋu be, ‘David nye ame si dze nye dzi ŋu, elabena ewɔ nye lɔlɔ̃nu.’
既廢了掃羅,就選立大衛作他們的王,又為他作見證說:『我尋得耶西的兒子大衛,他是合我心意的人,凡事要遵行我的旨意。』
23 Fia David sia ƒe dzidzimevie nye Yesu, ame si nye Ɖela si ŋugbe Mawu do na Israel dukɔ la.”
從這人的後裔中,上帝已經照着所應許的,為以色列人立了一位救主,就是耶穌。
24 Paulo yi eƒe nuƒoa dzi be, “Hafi Yesu sia nava la, ame aɖe va do ŋgɔ nɛ si nye Yohanes Mawutsidetanamela. Ame sia gblɔ mawunya be ehiã be Israelviwo katã nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eye woatrɔ ɖe Mawu ŋu.
在他沒有出來以先,約翰向以色列眾民宣講悔改的洗禮。
25 Esi Yohanes nɔ eƒe dɔ nu wum la, ebia amewo be, ‘Ɖe miebu be nyee nye Kristo la mahã? Kpao menye nyee o. Ame si gbɔna la tri akɔ wum. Nyemedze ne matu eƒe afɔkpaka gɔ̃ hã o.’
約翰將行盡他的程途說:『你們以為我是誰?我不是基督;只是有一位在我以後來的,我解他腳上的鞋帶也是不配的。』
26 “Nɔvinyewo, mi Abraham ƒe dzidzimeviwo kple mi ame siwo menye Yudatɔwo o siwo vɔ̃a Mawu sia la, medi be mianya be míawoe woɖo ɖeɖe ƒe gbedeasi sia ɖo.”
「弟兄們,亞伯拉罕的子孫和你們中間敬畏上帝的人哪,這救世的道是傳給我們的。
27 Ame siwo le Yerusalem kple woƒe dumegãwo, esi womedze si ame sia kple nyagblɔɖilawo ƒe nya siwo woxlẽna le Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe dzi o la, wowu wo nu to woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me.
耶路撒冷居住的人和他們的官長,因為不認識基督,也不明白每安息日所讀眾先知的書,就把基督定了死罪,正應了先知的預言;
28 Le nyateƒe me la, womekpɔ vodada aɖeke le eŋu be wòadze na ku o, gake wobia tso Pilato si be wòatso kufia nɛ kokoko.
雖然查不出他有當死的罪來,還是求彼拉多殺他;
29 Esi nu sia nu va eme pɛpɛpɛ abe ale si woŋlɔe da ɖi le eƒe ku ŋu ene la, woɖe eƒe kukua le atitsoga ŋu heɖii ɖe yɔdo me.
既成就了經上指着他所記的一切話,就把他從木頭上取下來,放在墳墓裏。
30 “Ke nɔvinyewo, Mawu gagbɔ agbee tso ku me,
上帝卻叫他從死裏復活。
31 eye wòɖe eɖokui fia ame siwo nɔ eŋu tso Yerusalem yi Galilea la zi geɖe. Ame siawo ɖi ɖase le eƒe tsitretsitsi ŋu ɖaa le dutoƒo le teƒe geɖewo.
那從加利利同他上耶路撒冷的人多日看見他,這些人如今在民間是他的見證。
32 Nyanyui sia gblɔm míele na mi; ŋugbe si Mawu do na mía fofowo,
我們也報好信息給你們,就是那應許祖宗的話,
33 ŋugbedodo sia va eme na mí, wo viwo esi wòfɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome abe ale si woŋlɔe ɖe Psalmo evelia mee ene be, “‘Wòe nye vinye ŋutsu, egbe mezu fofowò.’
上帝已經向我們這作兒女的應驗,叫耶穌復活了。正如詩篇第二篇上記着說: 你是我的兒子, 我今日生你。
34 Esi Mawu fɔe ɖe tsitsre, eye wòɖo kpe edzi be eƒe ŋutilã maganyunyɔ akpɔ o ta la, egblɔ le eŋuti be, “‘Matsɔ yayra kɔkɔe kple vavãtɔ si ŋugbe wodo na David la na wò.’
論到上帝叫他從死裏復活,不再歸於朽壞,就這樣說: 我必將所應許大衛那聖潔、 可靠的恩典賜給你們。
35 Nenema ke wogblɔ le teƒe bubu hã be, “‘Mana wò kɔkɔetɔ la ƒe ŋutilã manyunyɔ o.’
又有一篇上說: 你必不叫你的聖者見朽壞。
36 “Esi David wɔ eƒe agbemedɔ vɔ abe ale si Mawu dii ene la, eku, woɖii ɖe fofoawo dome, eye eƒe ŋutilã ƒaƒã ɖe tome.
「大衛在世的時候遵行了上帝的旨意,就睡了,歸到他祖宗那裏,已見朽壞;
37 Nya siawo ku ɖe ame bubu aɖe si Mawu gbɔ agbee tso ku me, eye ku mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe edzi o la boŋ ŋu.”
惟獨上帝所復活的,他並未見朽壞。
38 Paulo yi eƒe nuƒoa dzi gblɔ na wo be, “Nɔvinyewo, miɖo to miase nya sia ɖa. Yesu sia tae woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi.
所以,弟兄們,你們當曉得:赦罪的道是由這人傳給你們的。
39 Ame sia ame si xɔ edzi se la, woaɖee tso nu vɔ̃ ƒe kɔkuti me, eye wòazu ame dzɔdzɔe. Nu sia nye nu gã aɖe si Mose ƒe sewo mete ŋu wɔ na ame aɖeke o.
你們靠摩西的律法,在一切不得稱義的事上信靠這人,就都得稱義了。
40 Mikpɔ nyuie, be nya siwo nyagblɔɖilawo gblɔ la nagaɖi mia ŋu o.
所以,你們務要小心,免得先知書上所說的臨到你們。
41 Wogblɔe be, “‘Mi ame siwo doa vlo nyateƒe la, mike ŋku ɖi miakpɔ nu ʋuu va se ɖe esime miatsrɔ̃. Mele nane wɔ ge le wò ŋkekewo me esi ne wogblɔe na wò la màxɔe ase o.’”
主說: 你們這輕慢的人要觀看,要驚奇,要滅亡; 因為在你們的時候,我行一件事, 雖有人告訴你們, 你們總是不信。」
42 Gbe ma gbe la, Paulo kple Barnabas nɔ go dom le ƒuƒoƒea la, ameawo gblɔ na Paulo be eƒe nyawo vivi yewo nu ŋutɔ, eya ta wòagatrɔ ava ƒo nu na yewo le Dzudzɔgbe si agava la dzi.
他們出會堂的時候,眾人請他們到下安息日再講這話給他們聽。
43 Ke ame geɖe siwo nye Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siwo vɔ̃a Mawu la dze wo yome le ablɔ dzi, eye Paulo kple Barnabas gblɔ na wo kple kukuɖeɖe be woanɔ Mawu ƒe amenuveve la me.
散會以後,猶太人和敬虔進猶太教的人多有跟從保羅、巴拿巴的。二人對他們講道,勸他們務要恆久在上帝的恩中。
44 Le Dzudzɔgbe si dze eyome dzi la, du blibo la katã kloe va ƒo ƒu be yewoase Aƒetɔ ƒe nya la.
到下安息日,合城的人幾乎都來聚集,要聽上帝的道。
45 Amehawo ƒe agbɔsɔsɔ alea do ŋɔdzi na Yudatɔwo ale woʋã ŋu Paulo kple Barnabas, eya ta wogblɔ busunyawo, eye wotsi tsitre ɖe nya sia nya si Paulo gblɔ la ŋu vevie.
但猶太人看見人這樣多,就滿心嫉妒,硬駁保羅所說的話,並且毀謗。
46 Ke Paulo kple Barnabas wogblɔ kple dzideƒo na wo be, “Edze be woagblɔ Mawu ƒe nya na mi Yudatɔwo gbã, gake esi mieɖi gbɔ̃ nyanyui la, eye miebu mia ɖokui be yewomedze na agbe mavɔ la o la, fifia míatsɔe ayi na ame siwo menye Yudatɔwo o boŋ. (aiōnios g166)
保羅和巴拿巴放膽說:「上帝的道先講給你們原是應當的;只因你們棄絕這道,斷定自己不配得永生,我們就轉向外邦人去。 (aiōnios g166)
47 Esia nye se si Aƒetɔ la de na mí be, “‘Mewɔ wò be nànye kekeli na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye nàkplɔ wo tso xexea me ƒe dzogoewo katã dzi ava be woakpɔ ɖeɖe le gbɔnye.’”
因為主曾這樣吩咐我們說: 我已經立你作外邦人的光, 叫你施行救恩,直到地極。」
48 Paulo ƒe nya sia do dzidzɔ na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wokafu Mawu. Wo dometɔ siwo Mawu ŋutɔ tia da ɖi na agbe mavɔ la xɔe se. (aiōnios g166)
外邦人聽見這話,就歡喜了,讚美上帝的道;凡預定得永生的人都信了。 (aiōnios g166)
49 Ale wɔ Aƒetɔ la ƒe nya la keke ta le nuto ma katã me.
於是主的道傳遍了那一帶地方。
50 Dɔ me ve Yudatɔwo ƒe dumegãwo ale gbegbe be wode ʋunyaʋunya dua me nyɔnu ŋkuta siwo vɔ̃a Mawu kple dumegãwo me, ale be tɔtɔ gã aɖe va, eye to esia me la, wonya Paulo kple Barnabas do goe le dua me.
但猶太人挑唆虔敬、尊貴的婦女和城內有名望的人,逼迫保羅、巴拿巴,將他們趕出境外。
51 Ke woawo hã ʋuʋu woƒe afɔkewo ɖe anyi abe dzidzɔmakpɔmakpɔ ƒe dzesi ene, eye woyi woƒe mɔzɔzɔ la dzi ɖo ta Ikonio.
二人對着眾人跺下腳上的塵土,就往以哥念去了。
52 Ke dzidzɔ blibo yɔ ame siwo trɔ zu xɔsetɔwo la me, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã yɔ wo me fũu.
門徒滿心喜樂,又被聖靈充滿。

< Dɔwɔwɔwo 13 >