< Dɔwɔwɔwo 11 >

1 Eteƒe medidi kura hafi apostoloawo kple xɔsetɔ siwo le Yudea la se be ame siwo menye Yudatɔwo hã xɔ Mawu ƒe nya la.
Now the apostles and the brothers who were in Judea heard that the Gentiles had also received the word of God.
2 Ke esi Petro trɔ va ɖo Yerusalem la, xɔsetɔ siwo tso aʋa la he nya ɖe eŋu vevie.
So when Peter came up to Jerusalem, those of the circumcision faction began disputing with him,
3 Wogblɔ be, “Wò la, eɖade ha kple ame siwo metso aʋa o, eye mi kple wo miede asi agba ɖeka me ɖu nu gɔ̃!”
saying, “Yoʋ went into the house of uncircumcised men and ate with them!”
4 Esia na be Petro gblɔ ale si nyawo katã va dzɔe la na wo.
But Peter began to explain the situation to them, step by step, saying,
5 Egblɔ na wo be, “Gbe ɖeka la, esime menɔ gbe dom ɖa le Yopa la, mekpɔ ŋutega aɖe. Nu si tututu mekpɔ lae nye be aklala gã aɖe si wotsi ka ɖe eƒe dzogoe eneawo dzi la ɖiɖi ɖe gbɔnye tso dziƒo.
“I was praying in the city of Joppa, and in a trance I saw a vision of an object like a large sheet coming down, being lowered from heaven by its four corners, and it came to me.
6 Esi melé ŋku ɖe aklala la dzi la, mekpɔ anyigbadzilã afɔenewo, lã wɔadãwo kple lã tatawo kple dziƒoxeviwo le afi ma.
As I stared at it, I looked closely and saw four-footed animals of the earth, as well as wild beasts, reptiles, and birds of the sky.
7 Mese gbe aɖe wònɔ gbɔgblɔm nam be, ‘Petro, tsi tsitre. Wu lã siawo ne nàɖu.’
Then I heard a voice saying to me, ‘Rise, Peter, kill and eat.’
8 “Ke meɖo eŋu be, ‘Kpao, Aƒetɔ, nyemate ŋu awɔ esia o. Nyemeɖu lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖeke kpɔ o.’
But I said, ‘Surely not, Lord! For nothing defiled or unclean has ever entered my mouth.’
9 “Ke megase gbeɖiɖi la tso dziƒo wògblɔ nam be, ‘Ne Mawu da asi ɖe nane dzi be ekɔ la, wò la, mègagblɔ be mekɔ o!’
The voice from heaven responded to me a second time: ‘Do not regard as defiled what God has made clean.’
10 “Nuwɔna sia yi edzi zi etɔ̃ sɔŋ, eye emegbe la, wohe aklala la kple nu siwo katã nɔ edzi la yi dziƒoe.
This happened three times, and then everything was drawn up again into heaven.
11 Le ɣe ma ɣi me tututu la, ame dɔdɔ etɔ̃ aɖewo tso Kaesarea va ɖo aƒe si me menɔ la me be yewoakplɔm ayi Kaesarea.
And behold, at that very moment three men arrived at the house where I was; they had been sent to me from Caesarea.
12 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de dzi ƒo nam be magaxa nu be womenye Yudatɔwo o, ke boŋ mayi kpli wo, eya ta nye kple nɔvinye ade siwo le afi sia la míedze mɔ heyi. Eteƒe medidi o la, míeva ɖo ame si dɔ ame ɖo ɖem la ƒe aƒe me le Kaesarea.
The Spirit told me to go with them without any misgivings. These six brothers also went with me, and we went into the man's house.
13 Ŋutsu sia gblɔ ale si mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ na ye be, ‘Dɔ ame ɖo ɖe Yopa ne woayɔ Simɔn si wogayɔna hã be Petro la vɛ na wò.
He told us how he had seen an angel standing in his house and saying to him, ‘Send men to Joppa and have them bring back Simon, who is called Peter;
14 Atsɔ gbedeasi aɖe vɛ na wò si ana be wò kple wò aƒe siaa miakpɔ ɖeɖe.’
he will speak a message to yoʋ by which yoʋ will be saved, yoʋ and yoʋr entire household.’
15 “Esi mese nya sia la, mede asi nyanyui la gbɔgblɔ me na wo. Ke esi mele nyaa gbɔgblɔ dzi la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ dze wo dzi abe ale si tututu wòdze míawo hã dzii le gɔmedzedzea ene.
As I began to speak, the Holy Spirit fell upon them, just as he had fallen upon us at the beginning.
16 Esi nu sia dzɔ alea ko la, Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ be, ‘Yohanes, de mawutsi ta na amewo kple tsi, ke miawo la, woade mawutsi ta na mi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la’ va ta me nam enumake.
Then I remembered what the Lord had said: ‘John baptized with water, but you will be baptized with the Holy Spirit.’
17 Azɔ esi wònye Mawu ŋutɔe na nunana sia ame siawo abe ale si wòna míawo hã be míaxɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se ene ta la, ame kae menye be mahe nya kple Mawu?”
If then God gave them the same gift that he gave us when we believed in the Lord Jesus Christ, how could I stand in God's way?”
18 Esi wose Petro ƒe nya siawo la, woƒe nu ku, eye wokafu Mawu gblɔ be, “Ekema Mawu na mɔnukpɔkpɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la hã be woatrɔ dzi me akpɔ agbe.”
When the apostles and brothers heard this, they ceased their objections and began glorifying God, saying, “Then to the Gentiles also God has granted the repentance that leads to life.”
19 Le ɣeyiɣi siawo me la, xɔsetɔ siwo si le Yerusalem le yometiti si va le Stefano wuwu megbe la dometɔ aɖewo zɔ mɔ yi kekeke Foenisia, Kipro kple Antioxia nutowo me henɔ nyanyui la gblɔm na ame siwo nye Yudatɔwo ko.
Now those who had been scattered because of the persecution that arose over Stephen traveled as far as Phoenicia, Cyprus, and Antioch, speaking the word to no one except Jews.
20 Gake xɔsetɔ siwo tso Kipro kple Kirene heyi Antioxia la dometɔ aɖewo ƒo nu na Helatɔ aɖewo hã tso Aƒetɔ Yesu ƒe nyanyui la ŋu.
But there were some Cypriot and Cyrenian men among them who went to Antioch and began speaking to the Hellenists, preaching the good news about the Lord Jesus.
21 Eye Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ nɔ kpli wo, eye ameha gã aɖe xɔ se hezu Aƒetɔ la yomedzelawo.
The hand of the Lord was with them, and a large number of people believed and turned to the Lord.
22 Esi Hame si le Yerusalem la se nu si le edzi yim la, woɖo Barnabas ɖe Antioxia be woaɖakpe ɖe xɔsetɔ yeyeawo ŋu.
News of this reached the ears of the church in Jerusalem, and they sent Barnabas out to go to Antioch.
23 Esi Barnabas kpɔ nu gã siwo Mawu wɔ le Antioxia la, dzi dzɔe ŋutɔ. Egado ŋusẽ xɔsetɔawo be woayi edzi alé ɖe Mawu ŋu goŋgoŋgoŋ nenye be nya sia nya le dzɔdzɔm hã.
When he arrived and saw the grace of God, he rejoiced and began exhorting all the believers to remain true to the Lord with resolute hearts.
24 Barnabas nye ŋutsu dɔmenyotɔ aɖe si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũu eye eƒe xɔse hã li ke sesĩe. To ame sia ƒe dɔwɔwɔ me la, ame geɖewo trɔ zu Aƒetɔ la tɔ.
For he was a good man, full of the Holy Spirit and faith, and a large number of people were added to the Lord.
25 Tso Antioxia la, Barnabas ti Saulo ƒe mɔ yi Tarso.
Then Barnabas went to Tarsus to look for Saul.
26 Esi wòke ɖe eŋu la ekplɔe, eye wo ame eve la trɔ va Antioxia henɔ afi ma ƒe ɖeka sɔŋ, nɔ nu fiam xɔsetɔwo. Antioxiae wona ŋkɔ xɔsetɔwo le zi gbãtɔ be, “Kristotɔwo.”
When he found him, he brought him to Antioch. So for an entire year they met with the church and taught a large number of people, and it was in Antioch that the disciples were first called Christians.
27 Le ɣeyiɣi sia me tututu la, Nyagblɔɖila aɖewo tso Yerusalem va Antioxia.
In those days some prophets came down to Antioch from Jerusalem.
28 Gbe ɖeka la, wo dometɔ ɖeka si woyɔna be Agabu la gblɔ nya ɖi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me be dɔ gã aɖe gbɔna toto ge le xexea me katã. (Nya sia va eme le Fia Klaudio ƒe dziɖuɣi.)
One of them, named Agabus, stood up and indicated by the Spirit that a severe famine was about to come upon the entire world (which indeed took place in the time of Claudius Caesar).
29 Le esia ta xɔsetɔwo ɖo be yewoadzɔ nu, aɖo ɖe yewo nɔvi Kristotɔ siwo le Yudea eye ame sia ame nadzɔ nu abe ale si wòate ŋui ene.
So the disciples, each according to his own ability, determined to send relief to the brothers who dwelt in Judea.
30 Wowɔ esia, eye wotsɔ woƒe nunanawo de Barnabas kple Saulo si be woatsɔ ayi na hanunɔlawo le Yerusalem.
This they did, sending it to the elders by the hands of Barnabas and Saul.

< Dɔwɔwɔwo 11 >