< Yohanes 3 1 >

1 Nye, hamemegã tsitsitɔ gbɔe agbalẽ sia tso, Na xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ Gayo, ame si melɔ̃na le nyateƒe me.
長老、書を愛するガイオ、わが眞をもて愛する者に贈る。
2 Xɔ̃nye lɔlɔ̃a, medo gbe ɖa be nànɔ lãmesesẽ me, eye nu sia nu nadze edzi na wò nyuie abe ale si wò luʋɔ gɔ̃ hã le dedie ene.
愛する者よ、我なんぢが靈魂の榮ゆるごとく汝すべての事に榮え、かつ健かならんことを祈る。
3 Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi nɔvi aɖewo va ƒo nu tso ale si nèlé nyateƒea me ɖe asi goŋgoŋ, eye nèle agbe nɔm le nyateƒe la nu la ŋu.
兄弟たち來りて汝が眞理を保つこと、即ち眞理に循ひて歩むことを證したれば、われ甚だ喜べり。
4 Naneke medoa dzidzɔ nam wu be mase be vinyewo le agbe nɔm ɖe nyateƒe la nu o.
我には我が子供の、眞理に循ひて歩むことを聞くより大なる喜悦はなし。
5 Xɔ̃nye lɔlɔ̃a, èle nuteƒe wɔm le nu siwo nèle wɔwɔm na nɔviawo la me, togbɔ be wonye amedzrowo na wò hã.
愛する者よ、なんぢ旅人なる兄弟たちにまで行ふ所みな忠實をもて爲せり。
6 Woɖi ɖase na hamea katã tso wò lɔlɔ̃ si nèɖe fia wo la ŋu. Anyo be nàdo mɔ wo le mɔ nyuitɔ si dze Mawu ŋu la nu,
かれら教會の前にて汝の愛につきて證せり。なんぢ神の御意に適ふやうに彼らを見 送らば、その行ふところ善からん。
7 elabena ŋkɔ la tae wodze mɔ hele tsatsam, eye womexɔ kpekpeɖeŋu aɖeke tso trɔ̃subɔlawo gbɔ o ɖo.
彼らは異邦人より何をも受けずして御名のために旅立せり。
8 Le esia ta la, ehiã be miawɔ dɔmenyo na ame sia tɔgbiwo, ale be mí katã míawɔ dɔ ado nyateƒe la ɖe ŋgɔ.
されば斯かる人を助くべきなり、我らも彼らと共に眞理のために働く者とならん爲なり。
9 Meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe hamea, gake Diotrefo si tsɔ eɖokui wɔ ŋgɔgbenɔlae la meɖo to nye nyawo o.
われ曩に聊か教會に書きおくれり。然れど彼らの中に長たらんと欲するデオテレペス我らを受けず。
10 Eya ta ne meva la, maɖe nu siwo katã wɔm wòle la ɖe go, vevietɔ ale si wòle mía ŋu gblẽm la ta. Hekpe ɖe esia ŋu la, eɖea ame siwo dina be yewoaxɔ nɔviawo la le hame.
この故に我もし往かば、その行へる業を思ひ出させん。彼は惡しき言をもて我らを罵り、なほ足れりとせずして自ら兄弟たちを接けず、之を接けんとする者をも拒みて教會より逐ひ出す。
11 Xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ, megakpɔ nu vloe wɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nàwɔ o, ke boŋ srɔ̃ nu nyui wɔwɔ. Ame sia ame si wɔ nu nyui la tso Mawu gbɔ. Ame si wɔa nu vɔ̃ la menya Mawu o.
愛する者よ、惡に效ふな、善にならへ。善をおこなふ者は神より出で、惡をおこなふ者は未だ神を見ざるなり。
12 Ame sia ame ƒoa nu nyui le Demetrio ŋu. Nyateƒea ŋutɔ hã gblɔa eƒe nya nyui. Míawo hã míeɖi ɖase nyui le eŋu, eye wò ŋutɔ enyae be míaƒe ɖaseɖiɖi nye nyateƒe.
デメテリオは凡ての人にも眞理にも證せらる。我等もまた證す、なんぢ我らの證の眞なるを知る。
13 Nya geɖe le asinye be maŋlɔ na wò, gake nyemedi be maŋlɔe kple nuŋlɔti kple nuŋlɔtsi ɖeɖe ko o.
我なほ汝に書き贈ること多くあれど、墨と筆とにてするを欲せず、
14 Mele mɔ kpɔm be míado go kpuie, eye míaƒo nu ŋkume kple ŋkume. Ŋutifafa nanɔ anyi kpli wò. Nɔvi siwo katã le afi sia la do gbe na wò nyuie. Do gbe na nɔvi siwo le gbɔwò la na mí ɖekaɖeka.
速かに汝を見、たがひに顏をあはせて語らんことを望む。 汝に平安あれ、朋友たち安否を問ふ。なんぢ名をさして友たちに安否を問へ。

< Yohanes 3 1 >