< Timoteo 2 1 >
1 Nye, Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo, ame si Mawu ɖo ɖa be wòaɖe gbeƒã agbe mavɔ si ŋugbe wòdo to Yesu Kristo dzixɔse me na amewo katã la gbɔe agbalẽ sia tso,
神の御意により、キリスト・イエスにある生命の約束に循ひて、キリスト・イエスの使徒になれるパウロ、
2 Na Timoteo, vinye lɔlɔ̃a. Mawu, Fofo la kple Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ nana eƒe amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa wò.
書を我が愛する子テモテに贈る。願はくは父なる神および我らの主キリスト・イエスより賜ふ、恩惠と憐憫と平安と汝に在らんことを。
3 Timoteo, medaa akpe na Mawu, ame si mesubɔna abe ale si fofonyewo wɔ ene. Meɖea kuku na Mawu zi geɖe le zã kple keli be wòakɔ yayra geɖewo ɖe dziwò, eye nye dzitsinyae nye be madze eŋu le agbe sia me.
われ夜も晝も祈の中に絶えず汝を思ひて、わが先祖に效ひ清き良心をもて事ふる神に感謝す。
4 Mele didim vevie be magakpɔ wò. Dzi adzɔm ŋutɔ, elabena meɖoa ŋku ale si nèfa avi vevie esime míenɔ kaklãm ɖa tso mía nɔewo gbɔ la dzi.
我なんぢの涙を憶え、わが歡喜の滿ちん爲に汝を見んことを欲す。
5 Menya ale si xɔse alakpamanɔme si le mewò abe dawò Enuike kple mamawò Lois ke ene. Meka ɖe edzi be ègale ŋu ɖom ɖe Aƒetɔ la ŋu kokoko abe tsã ene.
是なんぢに在る虚僞なき信仰をおもひ出すに因りてなり。その信仰の曩に汝の祖母ロイス及び母ユニケに宿りしごとく、汝にも然るを確信す。
6 Le esia ta mele ŋku ɖom edzi na wò be nàde dzo Mawu ƒe nunana si ge ɖe mewò to nye asidada ɖe dziwò me la me,
この故に、わが按手に因りて汝の内に得たる神の賜物をますます熾にせんことを勸む。
7 elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kple ɖokuidziɖuɖu ƒe gbɔgbɔ wòna mi.
そは神の我らに賜ひたるは、臆する靈にあらず、能力と愛と謹愼との靈なればなり。
8 Ne àde dzo ŋusẽ si le mewò me la, màvɔ̃ ɣe aɖeke ɣi na gbeƒãɖeɖe Aƒetɔ la na ame bubuwo alo ana woanya be xɔ̃wò menye, togbɔ be mele gaxɔ me le afii le Kristo ta hã o. Ànɔ klalo be yeakpe fu kplim le nyanyui la ta, elabena Mawu ana ŋusẽ wò le fukpekpe me.
されば汝われらの主の證をなす事と、主の囚人たる我とを恥とすな、ただ神の能力に隨ひて福音のために我とともに苦難を忍べ。
9 Eyae ɖe mí, eye wotia mí na eƒe dɔ kɔkɔe la wɔwɔ, menye be míedze nɛ ta o, ke boŋ elabena eyae nye eƒe ɖoɖo xoxoxo hafi wòwɔ xexea me be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve afia mí to Kristo Yesu dzi. (aiōnios )
神は我らを救ひ聖なる召をもて召し給へり。是われらの行爲に由るにあらず、神の御旨にて創世の前にキリスト・イエスをもて我らに賜ひし恩惠に由るなり。 (aiōnios )
10 Ke azɔ la, ena nu siawo katã me kɔ na mí to mía Ɖela Yesu Kristo ƒe vava me. Kristo Yesu ɖu ku ƒe ŋusẽ dzi, eye wòfia agbe mavɔ la ƒe mɔ mí to nyanyui la me.
この恩惠は今われらの救主キリスト・イエスの現れ給ふに因りて顯れたり。彼は死をほろぼし、福音をもて生命と朽ちざる事とを明かにし給へり。
11 Eye wòtiam be manye nyanyui sia ƒe gbeƒãɖela, apostolo kple nufiala.
我はこの福音のために立てられて宣傳者・使徒・教師となれり。
12 Eya tae mele fu kpem le afi sia le gaxɔ me ɖo. Nu sia menye ŋukpe nam kura o, elabena menya ame si ŋu meɖo ŋu ɖo, eye meka ɖe edzi be ate ŋu adzɔ nu siwo katã metsɔ de asi nɛ la ŋu dedie va se ɖe gbe si gbe wòagava.
之がために我これらの苦難に遭ふ。されど之を恥とせず、我わが依頼む者を知り、且わが委ねたる者を、かの日に至るまで守り得給ふことを確信すればなり。
13 Lé nyateƒe si mefia wò la me ɖe asi sesĩe, vevietɔ esi ku ɖe xɔse kple lɔlɔ̃ si Kristo Yesu tsɔ na wò la ŋu.
汝キリスト・イエスにある信仰と愛とをもて我より聽きし健全なる言の模範を保ち、
14 Lé be na ŋutete si Mawu na nèxɔ to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le agbe le mewò dzi la nyuie.
かつ委ねられたる善きものを我等のうちに宿りたまふ聖 靈に頼りて守るべし。
15 Abe ale si nènya ene la, kristotɔ siwo katã tso Asia va afi sia la gblẽm ɖi. Figelo kple Hermogene gɔ̃ ha gblẽm ɖi.
アジヤに居る者みな我を棄てしは汝の知る所なり、その中にフゲロとヘルモゲネとあり。
16 Aƒetɔ la nayra Onesiforo kple eƒe aƒe blibo la, elabena eva kpɔam ɖa, eye wòdea dzi ƒo nam enuenu. Eƒe kpɔkpɔɖa gbɔa agbem abe ya fafɛ nyui ene, eye nye gaxɔmenɔnɔ menye ŋukpe nɛ o.
願はくは主オネシポロの家に憐憫を賜はんことを。彼はしばしば我を慰め、又わが鎖を恥とせず。
17 Le nyateƒe me la, esi wòva Roma la, edim vevie le afi sia afi, eye wòke ɖe ŋunye mlɔeba.
そのロマに居りし時には懇ろに尋ね來りて、遂に逢ひたり。
18 Aƒetɔ la nana yayra tɔxɛ le Kristo ƒe vavagbe la. Wò ŋutɔ ènya ale si wòkpe ɖe ŋunye le Efeso la nyuie wu ale si mate ŋu agblɔe na wò.
願はくは主かの日にいたり主の憐憫を彼に賜はんことを、彼がエペソにて我に事へしことの如何ばかりなりしかは、汝の能く知るところなり。