< Timoteo 2 3 >
1 Wò ŋku nenɔ esia dzi be ɣeyiɣi vɔ̃wo ava le ŋkeke mamlɛawo me.
Now understand this: In the last days there will be grievous times;
2 Amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, amedzulawo, ame siwo meɖoa to wo dzilawo o, akpemadalawo, ame makɔmakɔwo,
because people will be self-lovers, money lovers, boasters, arrogant, blasphemers, disobedient to parents, ungrateful, unholy,
3 amemalɔ̃lawo, ame siwo metsɔa nu vɔ̃ kena o, ameŋugblẽlawo, ɖokuidzimaɖulawo, ŋutasẽlawo, ame siwo léa fu nu nyui,
without family affection, unforgiving, slanderers, without self-control, brutal, despisers of good,
4 amegɔmezɔlawo, dzimagbɔɖitɔwo, ɖokuiŋudzelawo, ame siwo lɔ̃a xexemedzidzɔ wu Mawu,
betrayers, reckless, conceited, lovers of pleasure rather than lovers of God;
5 ame siwo si gotagome ƒe mawuvɔvɔ̃ le, evɔ wogbe nu le ŋusẽ si ana be woanɔ agbe le Mawu me la gbɔ. Te ɖokuiwò ɖa xaa tso ame siawo gbɔ.
wearing a form of godliness while having denied its power! You must avoid such people;
6 Woawoe nye ame siwo yia ame bubuwo ƒe aƒewo me le adzame, eye wowɔa xɔlɔ̃ kple nyɔnu abunɛtɔ siwo me nu vɔ̃ xɔ aƒe ɖo la, eye wofiaa woƒe xɔse yeye la wo.
because they are the sort that press into households and ‘capture’ gullible women loaded down with sins, who are led along by various lusts,
7 Nyɔnu siawo tɔgbi dzea nufiala yeyewo yome ɣe sia ɣi, ke womesea nyateƒe la gɔme ɣe aɖeke ɣi o.
always learning yet never being able to come to a real knowledge of truth.
8 Nufiala siawo tsia tsitre ɖe nyateƒe la ŋu abe ale si Yane kple Yambre tsi tsitre ɖe Mose ŋu ene. Susu ƒoɖi totro kpaɖikpaɖiwo le wo me, eye wotsi tsitre ɖe Kristo dzixɔse la ŋu.
Just as Jannes and Jambres opposed Moses, so also these oppose the truth—men of depraved mind, disqualified as regards the faith—
9 Ke womanɔ edzi alea tegbee o. Gbe ɖeka la, amewo katã ava nya woƒe amebeble abe ale si amewo va nya Yane kple Yambre ƒe nu vɔ̃ ene.
but they will not advance any further because, as in the case of the former, their folly will become evident to all.
10 Ke ènya to ŋkuléle ɖe ŋunye me be nyemenye ame siawo tɔgbi o. Ènya nu si dzi mexɔ se, ale si menɔa agbee kple nu si dim mele. Ènya nye Kristo dzixɔse kple nye fukpekpewo. Ènya nu tso ale si melɔ̃ wò kple nye dzidodo ŋu.
You, however, have carefully followed my doctrine, my lifestyle, my purpose, faith, patience, love, endurance;
11 Ènya fukpekpe geɖe siwo va dzinye le gbeƒãɖeɖe nyanyui la ta. Ènya nu siwo katã wowɔm esi meyi Antioxia, Ikonio kple Listra hã, ke Aƒetɔ la ɖem tso wo me.
the persecutions and sufferings that happened to me at Antioch, at Iconium, at Lystra—what persecutions I endured; yet the Lord delivered me out of them all.
12 Ɛ̃, ame siwo ɖo be yewoadze Kristo Yesu ŋu to agbenɔnɔ le mawuvɔvɔ̃ me me la akpe fu le ame siwo lé fui la ƒe asi me.
In fact, any one who desires to live a godly life in Christ Jesus will be persecuted;
13 Le nyateƒe me la, ame vɔ̃ɖiwo kple aʋatsonufialawo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi anɔ sesẽm ɖe edzi wu, eye woanɔ ame geɖewo blem abe ale si Satana ble woawo ŋutɔ hã ene.
while malignant men and imposters will grow worse and worse, deceiving and being deceived.
14 Ke ele na wò be nàlé nu siwo wofia wò la dzixɔse me ɖe asi. Ènya be nu siawo nye nyateƒe, elabena ènya be yeate ŋu axɔ mí ame siwo fia nu siawo wò la dzi ase.
But you, continue in the things you have learned and to which you were committed, knowing from whom you learned,
15 Ènya ale si, esi nènye ɖevi sue la, wofia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la wò, nu siawo na nèdze nunya be nàkpɔ Mawu ƒe ɖeɖe to Kristo Yesu dzixɔse me.
and that from infancy you have known the Sacred Scriptures which are able to make you wise into salvation through the faith that is in Christ Jesus.
16 Mawu tsɔ eƒe nya la na mí to eƒe Gbɔgbɔ si wɔ dɔ le amewo me la dzi, eya ta Biblia nyo hena nufiafia tso nu siwo nye nyateƒe la ŋu kple ale si wòana míadze si nu siwo nye nu vɔ̃ le míaƒe agbenɔnɔ me. Edaa mí ɖe mɔ dzɔdzɔe dzi, eye wòkpena ɖe mía ŋu be míawɔ nu si nyo, eye wòdze.
All Scripture is God-breathed and is valuable for teaching, for reproving, for correcting, for training in righteousness,
17 Eyae nye Mawu ƒe mɔ si dzraa mí ɖo nyuie le go sia go me hena nyuiwɔwɔ na ame sia ame.
so that the man of God may be fully competent, thoroughly equipped for every good work.