< Timoteo 2 2 >
1 Ke wò, vinye Timoteo, sẽ ŋu le amenuveve si le Kristo Yesu me la me,
我兒啊,你要在基督耶穌的恩典上剛強起來。
2 elabena ele na wò be nàfia nu siwo mi kple ame bubuwo miese tso gbɔnye le ɖaseɖila geɖewo dome. Mifia nyateƒe xɔasi siawo ame nuteƒewɔlawo, eye woawo hã woafia ame bubuwo.
你在許多見證人面前聽見我所教訓的,也要交託那忠心能教導別人的人。
3 Tsɔ wò fukpekpewo kpoo abe Yesu Kristo ƒe asrafo vavã ene, abe ale si mewɔna ene,
你要和我同受苦難,好像基督耶穌的精兵。
4 eye abe Kristo ƒe asrafo ene la, mègatsɔ ɖokuiwò nyrɔ ɖe xexemenuwo me o; ne menye nenema o la, màte ŋu adze ame si xɔ wò ɖe eƒe aʋakɔ me la ŋu o.
凡在軍中當兵的,不將世務纏身,好叫那招他當兵的人喜悅。
5 Lé Aƒetɔ la ƒe sewo me ɖe asi le eƒe dɔwɔwɔ me abe ale si duɖimekela léa seawo me ɖe asi eye wòɖua dzi loo alo wòɖea asi le seawo ŋu, eye meɖua dzi o ene.
人若在場上比武,非按規矩,就不能得冠冕。
6 Ku kutri vevie abe agbledela si xɔa fetu nyui ne exa nuku geɖewo ene.
勞力的農夫理當先得糧食。
7 Bu kpɔɖeŋu etɔ̃ siawo ŋu kpɔ. Aƒetɔ la nakpe ɖe ŋuwò be nàse ale si kpɔɖeŋu siawo ku ɖe ŋuwòe la gɔme.
我所說的話,你要思想,因為凡事主必給你聰明。
8 Ɖo ŋku Yesu Kristo, ame si wofɔ tso ku me, eye wòdzɔ tso David ƒe ƒome me la dzi. Esiae nye nye nyanyui la,
你要記念耶穌基督乃是大衛的後裔,他從死裏復活,正合乎我所傳的福音。
9 si ta mele fu kpem ɖo, eye wodem ga me gɔ̃ hã abe hlɔ̃dola ene, gake womede ga Mawu ƒe nya ya o.
我為這福音受苦難,甚至被捆綁,像犯人一樣。然而上帝的道卻不被捆綁。
10 Eya ta mekpe fu sia fu ɖe ame tiatiawo ta be woawo hã woakpɔ ɖeɖe si le Kristo Yesu me kpe ɖe ŋutikɔkɔe mavɔ ŋu. (aiōnios )
所以,我為選民凡事忍耐,叫他們也可以得着那在基督耶穌裏的救恩和永遠的榮耀。 (aiōnios )
11 Esia nye nyateƒenya be, “Ne míeku kpakplii la, míanɔ agbe hã kpakplii;
有可信的話說: 我們若與基督同死,也必與他同活;
12 Ne míekpe fu kplii la, míaɖu dzi hã kpakplii; Ne míegbe nu le egbɔ la, Eya hã agbe nu le mía gbɔ.
我們若能忍耐,也必和他一同作王。 我們若不認他,他也必不認我們;
13 Ne míenye nuteƒemawɔlawo o hã la, eya anɔ anyi nuteƒewɔlae, elabena mate ŋu agbe nu le eɖokui gbɔ o.”
我們縱然失信,他仍是可信的, 因為他不能背乎自己。
14 Ɖo ŋku nya xɔasi siawo dzi na wò amewo, eye nàgbe na wo le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me be womagahe nya tso nu siwo mele vevie o la ŋu o. Nyahehe siawo tɔgbi tɔtɔa ame. Viɖe aɖeke menɔa wo ŋu o, eye wowɔa nu vevi ame gɔ̃ hã.
你要使眾人回想這些事,在主面前囑咐他們:不可為言語爭辯;這是沒有益處的,只能敗壞聽見的人。
15 Wɔ dɔ sesĩe ale be Mawu nate ŋu agblɔ na wò be, “Dɔ nyui wɔla, wòe le dɔ nyui wɔwɔ dzi.” Nye dɔwɔla nyui, ame si ŋu makpe ne Mawu do wò dɔwɔwɔ kpɔ o. Nànya nu si eƒe nyateƒenya la gblɔ kple nu si wòfia.
你當竭力在上帝面前得蒙喜悅,作無愧的工人,按着正意分解真理的道。
16 Mègade nu nyahehe dzodzro siwo nana amewo wɔa nu vɔ̃ to dɔmedzoedodo ɖe wo nɔewo ŋu me la me o.
但要遠避世俗的虛談,因為這等人必進到更不敬虔的地步。
17 Elabena to esia wɔwɔ me la, ame aɖewo gblɔa nya aɖewo, siwo gblẽa nu ɣeyiɣi didi aɖe. Himenaio kple Fileto nye ame siawo tɔgbi le ale si wolɔ̃a nyahehe dzodzrowo la ta.
他們的話如同毒瘡,越爛越大;其中有許米乃和腓理徒,
18 Woɖe asi le nyateƒe la ŋu, eye wokaa aʋatso, ɖea gbeƒã be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la va eme xoxo, eye wona ame siwo xɔ wo dzi se la ƒe xɔse gbɔdzɔ.
他們偏離了真道,說復活的事已過,就敗壞好些人的信心。
19 Ke hã la, Mawu ƒe gɔmeɖokpe sesẽ la le te, eye wode dzesii kple nya siawo be, “Aƒetɔ la nyaa ame siwo nye etɔ vavãwo,” eye, “Ame sia ame si ʋua Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la, nate ɖa tso ŋutasesẽ gbɔ.”
然而,上帝堅固的根基立住了;上面有這印記說:「主認識誰是他的人」;又說:「凡稱呼主名的人總要離開不義。」
20 Menye sikanuwo kple klosalonuwo ɖeɖe koe nɔa aƒe gã me o, ke boŋ atinuwo kple anyinuwo hã nɔa anyi, ɖewo na bubumewo xɔxɔ, eye ɖewo hã na gbe sia gbe ƒe ŋudɔwɔwɔ.
在大戶人家,不但有金器銀器,也有木器瓦器;有作為貴重的,有作為卑賤的。
21 Ne ame aɖe kɔ eɖokui ŋuti tso nu vɔ̃ mawo me la, eya ŋu dɔe woawɔ abe nu si ŋu bubu le, nu si le kɔkɔe si nye ŋudɔwɔnu na Aƒetɔ la, eye wòle klalo hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ ene.
人若自潔,脫離卑賤的事,就必作貴重的器皿,成為聖潔,合乎主用,預備行各樣的善事。
22 Si le nu sia nu si naa nu vɔ̃ ƒe susu si ɖea fu na ɖekakpuiwo enuenu, eye wògena ɖe mewò la nu, ke nàlé fɔ ɖe nu sia nu si nyɔa didi le mewò be nàwɔ nu nyui la ŋu. Xɔse kple lɔlɔ̃ kpakple ŋutifafa nanɔ mewò, eye nàna hadede kple ame siwo yɔa Aƒetɔ la, eye woƒe dzi me kɔ la, nado dzidzɔ na wò.
你要逃避少年的私慾,同那清心禱告主的人追求公義、信德、仁愛、和平。
23 Megale egblɔm na wò be mègade nu nyahehe dzodzro siwo tɔtɔa ame, eye wodoa dɔmedzoe na ame la me o.
惟有那愚拙無學問的辯論,總要棄絕,因為知道這等事是起爭競的。
24 Mele be Mawu ƒe subɔlawo nanye dzrewɔlawo o, ke boŋ ele be woanye nufiala siwo faa tu, eye wogbɔa dzi ɖi na vodalawo.
然而主的僕人不可爭競,只要溫溫和和地待眾人,善於教導,存心忍耐,
25 Bɔbɔ ɖokuiwò ne èle nu fiam ame siwo tɔtɔ le nyateƒe la ŋu, elabena ne ètsɔ ɖokuibɔbɔ kple gbe blewu ƒo nu na wo la, mɔkpɔkpɔ geɖe li bena, to Mawu ƒe amenuveve me la, woatrɔ dzi me, eye woaxɔ nyateƒe la dzi ase.
用溫柔勸戒那抵擋的人;或者上帝給他們悔改的心,可以明白真道,
26 Ekema woadze si nyateƒe la, eye woasi le Abosam ƒe mɔ siwo wotrena be yeana woazu kluviwo na nu vɔ̃ ɣe sia ɣi si yelɔ̃ la nu; ale woate ŋu adze Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dzi wɔwɔ gɔme.
叫他們這已經被魔鬼任意擄去的,可以醒悟,脫離他的網羅。