< Tesalonikatɔwo 2 1 >
1 Nye, Paulo, Silvano kple Timoteo gbɔe agbalẽ sia tso, Na kristohame si le Tesalonika, ame siwo le Mawu mía Fofo kple míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo me.
바울과 실루아노와 디모데는 하나님 우리 아버지와 주 예수 그리스도 안에 있는 데살로니가인의 교회에 편지하노니
2 Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ anyi kpli mi.
하나님 아버지와 주 예수 그리스도로부터 은혜와 평강이 너희에게 있을지어다
3 Nɔvi lɔlɔ̃awo, ele be míatsɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta. Menye nu dzeame ko wònye na mí o, ke boŋ míaƒe dɔ wònye be míawɔ na Mawu ɖe ale si miaƒe xɔse tsi ɖe edzi nukutɔe, eye miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo hã de to ŋutɔ la ta.
형제들아 우리가 너희를 위하여 항상 하나님께 감사할지니 이것이 당연함은 너희 믿음이 더욱 자라고 너희가 다 각기 서로 사랑함이 풍성함이며
4 Enye dzidzɔ na mí be míaƒo adegbe tso miaƒe dzigbɔɖi kple ale si miaƒe xɔse de to le Mawu me la ŋu na hame bubuwo, togbɔ be miele fukpekpe kple ɣeyiɣi sesẽwo me tom hã.
그리고 너희의 참는 모든 핍박과 환난 중에서 너희 인내와 믿음을 인하여 하나님의 여러 교회에서 우리가 친히 자랑함이라
5 Esia nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe la ƒe dzesi be woabu mi be miedze na mawufiaɖuƒe si ŋuti miekpe fu ɖo la.
이는 하나님의 공의로운 심판의 표요 너희로 하여금 하나님의 나라에 합당한 자로 여기심을 얻게 하려 함이니 그 나라를 위하여 너희가 또한 고난을 받으리니
6 Eye le ɣe ma ɣi me ke la, edzɔ le Mawu ƒe ŋkume be wòatsɔ xaxa aɖo teƒe na ame siwo na xaxa mi la.
너희로 환난 받게 하는 자들에게는 환난으로 갚으시고
7 Eya ta magblɔ na mi, ame siwo le fu kpem la be Mawu ana dzudzɔ mi kple míawo nenye be Aƒetɔ Yesu va do kpoyi tso dziƒo le dzo ƒe aɖewo me kple eƒe mawudɔla sesẽwo.
환난 받는 너희에게는 우리와 함께 안식으로 갚으시는 것이 하나님의 공의시니 주 예수께서 저의 능력의 천사들과 함께 하늘로부터 불꽃 중에 나타나실 때에
8 Adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo katã medi be yewoanya Mawu o kple ame siwo katã meɖoa to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyui la o.
하나님을 모르는 자들과 우리 주 예수의 복음을 복종치 않는 자들에게 형벌을 주시리니
9 Woahe to na wo le dzomavɔ la me, eye womagakpɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkume akpɔ gbeɖe o. Gawu la, womakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋusẽ hã o, (aiōnios )
이런 자들이 주의 얼굴과 그의 힘의 영광을 떠나 영원한 멸망의 형벌을 받으리로다 (aiōnios )
10 ne eva be wòaxɔ kafukafu kple bubu ɖe dɔ gã si wòwɔ na ame kɔkɔewo la ta. Miawo la, mianɔ ame siwo anɔ ekafum la dome, elabena miexɔ Mawu ƒe nya si míegblɔ na mi la dzi se.
그 날에 강림하사 그의 성도들에게서 영광을 얻으시고 모든 믿는 자에게서 기이히 여김을 얻으시리라(우리의 증거가 너희에게 믿 어졌음이라)
11 Eya ta míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɖaa be míaƒe Mawu la nawɔ mi vi siwo ƒomevi wòdi be woanɔ ye si lae, eye agawɔ mi mianyo ade ale si miedi la nu! Mlɔeba la, atsɔ eƒe ŋusẽ axe fe na mi ɖe miaƒe xɔse ta.
이러므로 우리도 항상 너희를 위하여 기도함은 우리 하나님이 너희를 그 부르심에 합당한 자로 여기시고 모든 선을 기뻐함과 믿 음의 역사를 능력으로 이루게 하시고
12 Ekema ame sia ame anɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ kafum ɖe nu nyui siwo do go tso mia me wokpɔ la ta, eye miaƒe ŋutikɔkɔe gãtɔ kekeakee nye be miava nye etɔ. Míaƒe Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ana esiawo katã ava eme na mi.
우리 하나님과 주 예수 그리스도의 은혜대로 우리 주 예수의 이름이 너희 가운데서 영광을 얻으시고 너희도 그 안에서 영광을 얻게 하려 함이니라