< Tesalonikatɔwo 2 2 >
1 Le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vava kple ale si míaƒo ƒu ɖe egbɔ ŋuti la, míele biabiam tso mia si, nɔviwo, be
Молим же вы, братие, о пришествии Господа нашего Иисуса Христа и нашем собрании о Нем,
2 migana woatɔtɔ miaƒe susuwo bɔbɔe alo ado dzikatsoameƒo na mi kple nyagblɔɖiwo, nutsotsowo alo kple agbalẽ aɖe si wogblɔ be etso mía gbɔ hele gbɔgblɔm be Aƒetɔ la ƒe vavagbe la va yi xoxo o.
не скоро подвизатися вам от ума, ни ужасатися ниже духом, ниже словом, ни посланием аки от нас посланным, яко уже настоит день Христов.
3 Migana woatɔtɔ miaƒe susuwo, eye woable mi o; migaxɔ nu sia nu si wogblɔ la dzi se o, elabena ŋkeke ma mava o, va se ɖe esime aglãdzedze ava eye woaɖe ame sedzimawɔla la ɖe go, ame si woɖo ɖi na tsɔtsrɔ̃.
Да никтоже вас прельстит ни по единому же образу: яко аще не приидет отступление прежде, и открыется человек беззакония, сын погибели,
4 Atsi tsitre ɖe mawu bubuwo ŋu, eye ayi aɖagbã nu siwo katã amewo subɔna la kple afi si wosubɔa wo le la gudugudu. Ayi aɖanɔ Mawu ƒe gbedoxɔ me abe Mawu ene, eye wòable amewo be yee nye Mawu.
противник и превозносяйся паче всякаго глаголемаго Бога или чтилища, якоже ему сести в церкви Божией аки Богу, показующу себе, яко Бог есть.
5 Mieɖo ŋku edzi be megblɔ nya siawo na mi esi menɔ mia gbɔ oa?
Не помните ли, яко еще живый у вас, сия глаголах вам?
6 Eye mienya nu si le mɔ xem na eƒe afi sia vava xoxo, elabena ne eƒe ɣeyiɣi mede o la, mava o.
И ныне удержавающее весте, во еже явитися ему в свое ему время.
7 Ke nu si ŋutsu aglãdzela sia awɔ ne eva la le edzi yim xoxo le bebeme, gake eya ŋutɔ mava o va se ɖe esime ame si le mɔ xem nɛ la do ɖa le mɔ me nɛ hafi.
Тайна бо уже деется беззакония, точию держяй ныне дондеже от среды будет:
8 Ekema ŋutsu vɔ̃ɖi sia ava do, eye Aƒetɔ Yesu atsɔ eƒe ya si wògbɔna to eƒe nu me la afiae, eye ne etrɔ va la, atsrɔ̃ ŋutsu sia ɖa le anyigba dzi.
и тогда явится беззаконник, егоже Господь Иисус убиет духом уст Своих, и упразднит явлением пришествия Своего,
9 Ŋutsu nu vɔ̃ wɔla sia ava kple Satana ƒe ŋusẽ eye Satana awɔ eŋu dɔ atsɔ wɔ dzesi kple nukunu gã geɖewo, atsɔ aflu amewoe.
егоже есть пришествие по действу сатанину во всяцей силе и знамениих и чудесех ложных,
10 Atsɔ madzɔmadzɔnyenye able ame siwo katã yina ɖe dzomavɔ la me, elabena wogbe nyateƒe la xɔxɔ, alɔ̃e be wòaɖe wo o,
и во всякой льсти неправды в погибающих, зане любве истины не прияша, во еже спастися им.
11 eya ta Mawu ɖe mɔ na wo be woaxɔ alakpa siawo katã dzi ase kple woƒe dzi blibo,
И сего ради послет им Бог действо льсти, во еже веровати им лжи,
12 eye woadrɔ̃ ʋɔnu wo katã pɛpɛpɛ be woxɔ alakpa dzi se, wogbe nu le nyateƒe la gbɔ, eye wokpɔ dzidzɔ le woƒe nu vɔ̃wo me.
да суд приимут вси не веровавшии истине, но благоволившии в неправде.
13 Ke ele be míada akpe na Mawu ɖaa ɖe mia ta, mi mía nɔvi siwo Aƒetɔ la lɔ̃, elabena Mawu ɖoe tso blema ke be yeana miakpɔ ɖeɖe, aklɔ mia ŋuti to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dɔwɔwɔ kple miaƒe nyateƒe la dzi xɔxɔ se me.
Мы же должни есмы благодарити Бога всегда о вас, братие возлюбленная от Господа, яко избрал есть вас Бог от начала во спасение во святыни Духа и веры истины,
14 Mawu gblɔ nyanyui la na mi to mía dzi, eye to mía dzi wòyɔ mi be miakpɔ gome le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe la me.
в неже призва вас благовествованием нашим, в получение славы Господа нашего Иисуса Христа.
15 Nɔvi lɔlɔ̃awo, nu siawo katã le susu me na mi, eya ta minɔ te sesĩe, eye mialé nyateƒe la me ɖe asi sesĩe, nyateƒe siwo míefia mi, esi míenɔ mia gbɔ kple esiwo míeŋlɔ ɖo ɖe mi le míaƒe agbalẽwo me na mi.
Темже убо, братие, стойте и держите предания, имже научистеся или словом, или посланием нашим.
16 Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu mía Fofo, ame si lɔ̃ mí, eye to eƒe amenuveve me la, wòna dzideƒo mavɔ kple mɔkpɔkpɔ nyui mí la (aiōnios )
Сам же Господь наш Иисус Христос, и Бог и Отец наш, возлюбивый нас и давый утешение вечно и упование благо в благодати, (aiōnios )
17 nade dzi ƒo na mi, eye wòado ŋusẽ mi le dɔ nyui ɖe sia ɖe wɔwɔ kple nyanyui la gbɔgblɔ me.
да утешит сердца ваша и да утвердит во всяцем слове и деле блазе.