< Samuel 2 1 >

1 Le Saul ƒe ku megbe la. David trɔ va Ziklag le esime wòɖu Amalekitɔwo dzi vɔ megbe eye wònɔ afi ma ŋkeke eve.
掃羅死後,大衛擊殺亞瑪力人回來,在洗革拉住了兩天。
2 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, ame aɖe tso Saul ƒe asaɖa me eƒe awuwo vuvu eye ke nɔ tame nɛ. Ede ta agu eye wòbɔbɔ ɖe David ŋkume kple bubu.
第三天,有一人從掃羅的營裏出來,衣服撕裂,頭蒙灰塵,到大衛面前伏地叩拜。
3 David biae be, “Afi ka nètso?” Eɖo eŋu be, “Mesi tso Israel ƒe asaɖa me.”
大衛問他說:「你從哪裏來?」他說:「我從以色列的營裏逃來。」
4 David yi edzi be, “Nya kae dzɔ? Gblɔe nam.” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Aʋa si ameawo eye wo dometɔ geɖewo ku. Saul kple via Yonatan hã ku.”
大衛又問他說:「事情怎樣?請你告訴我。」他回答說:「百姓從陣上逃跑,也有許多人仆倒死亡;掃羅和他兒子約拿單也死了。」
5 Tete David bia ɖekakpui si tsɔ du la vɛ nɛ la be: “Aleke nèwɔ nya be Saul kple via Yonatan ku?”
大衛問報信的少年人說:「你怎麼知道掃羅和他兒子約拿單死了呢?」
6 Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Menɔ Gilboa to la dzi eye mekpɔ Saul wòtɔ eɖokui ɖe eƒe akplɔ nu le esime futɔwo ƒe tasiaɖamwo nɔ to ɖem ɖee.
報信的少年人說:「我偶然到基利波山,看見掃羅伏在自己槍上,有戰車、馬兵緊緊地追他。
7 Esime wònye kɔ la, ekpɔm yɔm eye mebiae be, ‘Nu ka mawɔ na wò?’
他回頭看見我,就呼叫我。我說:『我在這裏。』
8 “Ebiam be, ‘Ame ka nènye?’ “Meɖo eŋu be ‘Amalekitɔe menye.’
他問我說:『你是甚麼人?』我說:『我是亞瑪力人。』
9 “Tete wògblɔ nam be, ‘Va, tsi tsitre ɖe gbɔnye eye nàwum! Meɖo kudo nu gake agbe gale menye ko.’
他說:『請你來,將我殺死;因為痛苦抓住我,我的生命尚存。』
10 “Ale mete ɖe eŋu hewui elabena menyae be ale si wòdze anyii la, maganɔ agbe o. Meɖe fiakuku la le ta nɛ kple abɔga si wòdo eye metsɔ wo va afii na nye aƒetɔ.”
我準知他仆倒必不能活,就去將他殺死,把他頭上的冠冕、臂上的鐲子拿到我主這裏。」
11 David kple eƒe amewo dze woƒe awuwo esi wose nya sia.
大衛就撕裂衣服,跟隨他的人也是如此,
12 Wofa konyi, fa avi eye wotsi nu dɔ va se ɖe fiẽ ɖe Saul kple via Yonatan kple Yehowa ƒe aʋakɔ kple Israel ƒe aƒe la ta elabena wotsi yi nu.
而且悲哀哭號,禁食到晚上,是因掃羅和他兒子約拿單,並耶和華的民以色列家的人,倒在刀下。
13 David bia ɖekakpui si gblɔ nya la nɛ be, “Afi ka nètso?” Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Amalekitɔ aɖe si nye amedzro la ƒe viŋutsue menye.”
大衛問報信的少年人說:「你是哪裏的人?」他說:「我是亞瑪力客人的兒子。」
14 David biae be, “Nu ka ŋuti mèvɔ̃ o eye nèdo wò asi ɖa wu Yehowa ƒe amesiamina la?”
大衛說:「你伸手殺害耶和華的受膏者,怎麼不畏懼呢?」
15 Enumake David yɔ eƒe amewo dometɔ ɖeka eye wògblɔ nɛ be, “Yi, nàƒu nui ƒu anyi!” Ale wòyi ɖaƒu nui ƒu anyi eye wòku.
大衛叫了一個少年人來,說:「你去殺他吧!」
16 Elabena David gblɔ nɛ be, “Wò ʋu ava wò ŋutɔ wò ta dzi. Wò ŋutɔ wò nue ɖu ɖasefo ɖe ŋuwò esi negblɔ be, ‘Mewu Yehowa ƒe amesiamina la.’”
大衛對他說:「你流人血的罪歸到自己的頭上,因為你親口作見證說:『我殺了耶和華的受膏者。』」少年人就把他殺了。
17 David kpa konyifaha sia tso Saul kple via Yonatan ŋu
大衛作哀歌,弔掃羅和他兒子約拿單,
18 eye wòde se na Yuda ŋutsuwo be woafia aŋutrɔ ƒe konyifaha sia abe ale si woŋlɔe ɖe Yasar ƒe agbalẽ me ene.
且吩咐將這歌教導猶大人。這歌名叫「弓歌」,寫在雅煞珥書上。
19 “Oo, Israel, wò ŋutikɔkɔe Nye ekema wowu ɖe wò towo dzi. Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale!
歌中說:以色列啊, 你尊榮者在山上被殺! 大英雄何竟死亡!
20 “Migagblɔe le Gat o; migaɖe gbeƒãe le Askelon ƒe ablɔwo dzi o. Ne menye nenema o la, Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo akpɔ dzidzɔ eye bolotɔwo ƒe vinyɔnuwo atso aseye.
不要在迦特報告; 不要在亞實基倫街上傳揚; 免得非利士的女子歡樂; 免得未受割禮之人的女子矜誇。
21 “Oo, mi Gilboa towo, zãmu alo tsi magadza ɖe mia dzi o, eye miaƒe anyigbawo magawɔ nuku o. Elabena afi ma, wodo gu kalẽtɔ ƒe akpoxɔnu le, Saul ƒe akpoxɔnu le abe ɖe womegasi ami ɖe eŋu o ene.
基利波山哪,願你那裏沒有雨露! 願你田地無土產可作供物! 因為英雄的盾牌在那裏被污丟棄; 掃羅的盾牌彷彿未曾抹油。
22 “Yonatan ƒe aŋutrɔ metrɔ gbɔ ƒuƒlu eye Saul ƒe yi metrɔ gbɔ numagblemagblẽ tso aʋatsilawo ƒe ʋu me kple kalẽtɔwo ƒe ŋutilã ŋu o,
約拿單的弓箭非流敵人的血不退縮; 掃羅的刀劍非剖勇士的油不收回。
23 Saul kple Yonatan, le agbe me la, wolɔ̃ wo eye wovea ame nu. Le ku me hã wo me mema o. Woɖi du wu hɔ̃wo, eye wosẽ wu dzatawo.
掃羅和約拿單- 活時相悅相愛,死時也不分離 -他們比鷹更快,比獅子還強。
24 “O Israel vinyɔnuwo, mifa avi na Saul ame si ta aɖabɛvɔ na mi eye wòtsɔ nu nyuiwo na mi ame si ɖo atsyɔ̃ na miaƒe awuwo kple sikanuwo.
以色列的女子啊,當為掃羅哭號! 他曾使你們穿朱紅色的美衣, 使你們衣服有黃金的妝飾。
25 “Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale! Eye wowu Yonatan le wò toawo dzi.
英雄何竟在陣上仆倒! 約拿單何竟在山上被殺!
26 Nɔvinye Yonatan, tɔwò le veyem elabena èxɔ asi nam vevie ŋutɔ. Wò lɔlɔ̃ nam de to ŋutɔ ede to wu nyɔnuwo ƒe lɔlɔ̃ gɔ̃ hã.
我兄約拿單哪,我為你悲傷! 我甚喜悅你! 你向我發的愛情奇妙非常, 過於婦女的愛情。
27 “Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale! Eye woƒe aʋawɔnuwo katã hã tsrɔ̃ ale!”
英雄何竟仆倒! 戰具何竟滅沒!

< Samuel 2 1 >