< Samuel 2 9 >

1 David bia be, “Ame aɖe gakpɔtɔ ɖe Saul ƒe aƒe me, ame si nu mave le Yonatan ta?”
爰にダビデいひけるはサウルの家の遺存れる者尚あるや我ヨナタンの爲に其人に恩惠をほどこさんと
2 Azɔ la, dɔla aɖe nɔ Saul ƒe aƒe me si ŋkɔe nye Ziba. Woyɔe va David ŋkume eye fia la biae be, “Wòe nye Ziba?” Eɖo eŋu be, “Wò dɔlae.”
サウルの家の僕なるヂバと名くる者ありければかれをダビデの許に召きたるに王かれにいひけるは汝はヂバなるか彼いふ僕是なり
3 Fia la biae be “Ame aɖeke megale Saul ƒe aƒe me si maɖe Mawu ƒe amenuveve afia oa?” Ziba ɖo eŋu na fia la be, “Yonatan ƒe viŋutsu aɖe gali ko, ame si ƒe atawo kple eve tu.”
王いひけるは尚サウルの家の者あるか我其人に神の恩惠をほどこさんとすヂバ王にいひけるはヨナタンの子尚あり跛足なり
4 Fia la biae be, “Afi ka wòle?” Ziba ɖo eŋu be, “Ele Amiel ƒe vi Makir ƒe aƒe me le Lo Debar.”
王かれにいひけるは其人は何處にをるやヂバ王にいひけるはロデバルにてアンミエルの子マキルの家にをる
5 Ale Fia David na wokplɔe tso Lo Debar vɛ tso Makir, Amiel ƒe viŋutsu, Makar ƒe aƒe me.
ダビデ王人を遣はしてロデバルより即ちアンミエルの子マキルの家よりかれを携來らしむ
6 Esi Mefiboset, ame si nye Yonatan ƒe viŋutsu kple Saul ƒe tɔgbuiyɔvi va ɖo David gbɔ la, ede ta agu hede bubu eŋu. David yɔe be, “Mefiboset!” Mefiboset ɖo eŋu be, “Nye, wò dɔlae nye esi.”
サウルの子ヨナタンの子なるメピボセテ、ダビデの所に來り伏て拝せりダビデ、メピボセテよといひければ答て僕此にありと曰ふ
7 David gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, elabena mave nuwò vavã le fofowò, Yonatan ta. Magbugbɔ tɔgbuiwò, Saul, ƒe anyigbawo katã ana wò eye àɖu nu gbe sia gbe le nye kplɔ̃ ŋuti.”
ダビデかれにいひけるは恐るるなかれ我必ず汝の父ヨナタンの爲に恩惠を汝にしめさん我汝の父サウルの地を悉く汝に復すべし又汝は恒に我席において食ふべしと
8 Mefiboset tsyɔ mo anyi gblɔ be, “Nu kae wò dɔla nye be nètsɔ ɖe le eme na nye, ame si le abe avu kuku ene?”
かれ拝して言けるは僕何なればか汝死たる犬のごとき我を眷顧たまふ
9 David yɔ Saul ƒe subɔla Ziba eye wògblɔ nɛ be, “Metsɔ nu sia nu si nye Saul kple eƒe ƒomea tɔ la na wò aƒetɔ Saul ƒe tɔgbuiyɔvi.
王サウルの僕ヂバを呼てこれにいひけるは凡てサウルとその家の物は我皆汝の主人の子にあたへたり
10 Wò kple viwòwo kple wò subɔlawo miade agble ɖe anyigba la dzi nɛ eye miatsɔ nukuawo vɛ ale be wò aƒetɔ ƒe tɔgbuiyɔvi nakpɔ nuɖuɖu. Ke Mefiboset, wò aƒetɔ ƒe tɔgbuiyɔvi, aɖu nu le nye kplɔ̃ ŋu.” Azɔ la, viŋutsu wuiatɔ̃ kple subɔla blaeve nɔ Ziba si.
汝と汝の子等と汝の僕かれのために地を耕へして汝の主人の子に食ふべき食物を取りきたるべし但し汝の主人の子メピボセテは恒に我席において食ふべしとヂバは十五人の子と二十人の僕あり
11 Ziba gblɔ na fia la be, “Wò subɔla awɔ nu sia nu si nye aƒetɔ, fia la aɖe gbe na eƒe subɔla be wòawɔ.” Ale Mefiboset ɖua nu le Fia David ƒe kplɔ̃ ŋu abe fia la ƒe viwo dometɔ ɖeka ene.
ヂバ王にいひけるは總て王わが主の僕に命じたまひしごとく僕なすべしとメピボセテは王の子の一人のごとくダビデの席にて食へり
12 Viŋutsuvi sue aɖe nɔ Mefiboset si; eŋkɔe nye Mika. Ziba ƒe aƒemetɔwo katã zu Mefiboset ƒe subɔlawo.
メピボセテに一人の若き子あり其名をミカといふヂバの家に住る者は皆メピボセテの僕なりき
13 Ke Mefiboset ya nɔ Yerusalem, elabena eɖua nu le fia la ƒe kplɔ̃ ŋu, eye eƒe atawo kple eve tu.
メピボセテはエルサレムに住みたり其はかれ恒に王の席にて食ひたればなりかれは兩の足ともに跛たる者なり

< Samuel 2 9 >