< Samuel 2 8 >

1 Le esia megbe la, David ɖu Filistitɔwo dzi eye wòbɔbɔ wo ɖe anyi to woƒe du Meteg Ama xɔxɔ me.
After this it came about that David attacked the Philistines and defeated them. So David took Metheg Ammah from the control of the Philistines.
2 Eɖu Moabtɔwo hã dzi eye wòna Moabtɔwo mlɔ anyi ɖe wo nɔewo xa le fliwo me. Etsɔ dzidzeka dzidze wo eye wòma wo ɖe akpa etɔ̃ me. Ewu ameawo ƒe akpa eve, ena akpa etɔ̃lia me tɔwo zu eƒe subɔlawo eye wòna wodzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe.
Then he defeated Moab and measured their men with a line by making them lie down on the ground. He measured off two lines to put to death, and one full line to keep alive. So the Moabites became servants to David and began to pay him tribute.
3 Eɖu Zoba fia Hadadezer, Rehob ƒe vi dzi le esime wòva be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Frat tɔsisi la to.
David then defeated Hadadezer son of Rehob, the king of Zobah, as Hadadezer was traveling to recover his rule by the Euphrates River.
4 David lé sɔdola akpe wuiadre kple afɔzɔla akpe blaeve, etu ata na sɔawo katã negbe wo dometɔ alafa ɖeka ko.
David captured from him 1,700 chariots and twenty thousand footmen. David hamstrung all the chariot horses, but reserved enough of them for a hundred chariots.
5 Esi Aramtɔwo tso Damasko va be yewoakpe ɖe Zoba fia Hadadezer ŋu la, David wu wo dometɔ akpe blaeve-vɔ-eve.
When the Arameans of Damascus came to help Hadadezer king of Zobah, David killed twenty-two thousand Aramean men.
6 David da asrafo aɖewo ɖe Damasko si nye Aramtɔwo ƒe fiadu la me. Ale Aramtɔwo zu David tenɔlawo eye wodzɔa adzɔga nɛ ƒe sia ƒe. Ale Yehowa na David ɖua dzi le afi sia afi si wòayi.
Then David put garrisons in Aram of Damascus, and the Arameans became servants to him and brought him tribute. Yahweh gave victory to David wherever he went.
7 David tsɔ sikakpoxɔnu siwo ŋu dɔ Fia Hadadezer ƒe aʋakɔwo wɔ la va Yerusalem.
David took the golden shields that were on Hadadezer's servants and brought them to Jerusalem.
8 Etsɔ akɔbli gbogbo aɖe hã tso Teba kple Berotai siwo nye Fia Hadadezer ƒe du gãwo la me yi Yerusalem.
From Tebah and Berothai, cities of Hadadezer, King David took very much bronze.
9 Esi Hamat fia, Tɔi, se ale si David si fia Hadadezer ƒe aʋakɔ blibo la,
When Tou, king of Hamath, heard that David had defeated all the army of Hadadezer,
10 eɖo Via ŋutsu Yoram ɖe David gbɔ be wòado gbe nɛ, akafui le esi wòwɔ aʋa kple Hadadezer eye wòsii la ta, vevietɔ, esi Tɔi kple Hadadezer nye futɔwo ta. Tɔi ɖo nu siwo wowɔ kple klosalo, sika kple akɔbli la ɖe David.
Tou sent Hadoram his son to King David to greet him and to bless him, because David had fought against Hadadezer and defeated him, and because Hadadezer had waged war against Tou. Hadoram brought with himself objects of silver, gold, and bronze.
11 Fia David kɔ nunana siawo katã ŋu na Yehowa, abe ale si wòwɔ kple klosalo kple sika si wòxɔ tso dukɔ siwo katã dzi wòɖu gbɔ,
King David set aside these objects to Yahweh, together with the silver and gold from all the nations that he conquered—
12 tso Edom kple Moab, Amonitɔwo kple Filistitɔwo kple Amalekitɔwo gbɔ ene. Ekɔ nu siwo wòha tso Hadadezer, Rehob ƒe vi, Zoba fia hã gbɔ la ŋu na Yehowa.
from Aram, Moab, the people of Ammon, the Philistines, and Amalek, along with all of the plundered goods of Hadadezer son of Rehob, the king of Zobah.
13 Ale David ƒe ŋkɔ ɖi hoo. Esi wòtrɔ gbɔ la, ewu Siriatɔ akpe wuienyi le Dze Balime
David's name was well known when he returned from conquering the Arameans in the Valley of Salt, with their eighteen thousand men.
14 eye wòda asrafo aɖewo ɖe Edom ƒe teƒe ɖe sia ɖe. Ale Edomtɔwo zu David teviwo. Yehowa na wòɖua dzi le afi sia afi si wòayi.
He placed garrisons throughout all of Edom, and all the Edomites became servants to him. Yahweh gave victory to David wherever he went.
15 David ɖu Israel blibo la dzi kple dzɔdzɔenyenye eye wòwɔ nyui na ame sia ame.
David reigned over all Israel, and he administered justice and righteousness to all his people.
16 Yoab, Zeruya ƒe vi nɔ aʋakɔ la nu. Yehosafat, Ahilud ƒe vi nye fia ƒe tsiami.
Joab son of Zeruiah was the commander of the army, and Jehoshaphat son of Ahilud was recorder.
17 Zadok, Ahitub ƒe vi kple Ahimelek, Abiata ƒe vi nye nunɔlawo eye Seraya nye fia la ƒe nuŋlɔla.
Zadok son of Ahitub and Ahimelech son of Abiathar were priests, and Seraiah was scribe.
18 Benaya, Yehoiada ƒe vi nɔ Keretitɔwo kple Peletitɔwo, ame siwo nye fiaŋudzɔlawo la nu eye David ƒe viŋutsuwo nye nunɔlawo.
Benaiah son of Jehoiada was in charge of the Kerethites and Pelethites, and David's sons were the chief officials at the king's hand.

< Samuel 2 8 >