< Samuel 2 7 >

1 Azɔ la, esime fia la li ke ɖe eƒe fiasã me vɔ eye Yehowa na gbɔɖemee tso eƒe futɔ siwo katã ƒo xlãe ƒe asi me la,
王其家に住にいたり且ヱホバ其四方の敵を壞てかれを安らかならしめたまひし時
2 David gblɔ na Nyagblɔɖila Natan be, “Kpɔ ɖa! Nye ya mele sedatifiasã nyui sia me le esime Mawu ƒe nubablaɖaka la le agbadɔ me.”
王預言者ナタンに云けるは視よ我は香柏の家に住む然ども神の櫃は幔幕の中にあり
3 Natan ɖo eŋu nɛ be, “Wɔ nu si nèɖo be yeawɔ elabena Yehowa li kpli wò.”
ナタン王に云けるはヱホバ汝と共に在せば往て凡て汝の心にあるところを爲せ
4 Ke Yehowa gblɔ na Natan le zã ma me be,
其夜ヱホバの言ナタンに臨みていはく
5 “Yi nàgblɔ na nye dɔla David be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ɖe wòle be nàtu xɔ nam manɔ emea?
往てわが僕ダビデに言へヱホバ斯く言ふ汝わがために我の住むべき家を建んとするや
6 Nyemenɔ xɔ aɖeke me kpɔ o, tso esime mekplɔ mi Israelviwo tso Egipte la, agbadɔ me koe nye nye nɔƒe.
我はイスラエルの子孫をエジプトより導き出せし時より今日にいたるまで家に住しことなくして但天幕と幕屋の中に歩み居たり
7 Afi sia afi si meɖe zɔ kple Israelviwo yi la, ɖe megblɔ na woƒe kplɔla siwo mede se na be woakplɔ nye dukɔ la dometɔ aɖe kpɔ be, “Nu ka ŋutie mietu sedatixɔ nam o mahã?”’
我イスラエルの子孫と共に凡て歩める處にて汝ら何故に我に香柏の家を建ざるやとわが命じてわが民イスラエルを牧養しめしイスラエルの士師の一人に一言も語りしことあるや
8 “Azɔ la, gblɔ na nye dɔla David be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la le gbɔgblɔm na wò be; meɖe wò le alẽkplɔdɔ nu eye meɖo wò fiae ɖe nye dukɔ Israel dzi.
然ば汝わが僕ダビデに斯く言ふべし萬軍のヱホバ斯く言ふ我汝を牧場より取り羊に隨ふ所より取りてわが民イスラエルの首長となし
9 Menɔ kpli wò le afi sia afi si nède eye metsrɔ̃ wò futɔwo. Mana wò ŋkɔ nagade dzi wu ale si wòle fifia ale be nànye ame xɔŋkɔtɔwo dometɔ ɖeka le xexea me!
汝がすべて往くところにて汝と共にあり汝の諸の敵を汝の前より斷さりて地の上の大なる者の名のごとく汝に大なる名を得さしめたり
10 Mana teƒe aɖe nye amewo, Israel. Maɖo teƒe na wo ɖe afi ma ale be aƒe nanɔ woawo ŋutɔ si eye ame aɖeke magaɖe fu na wo o. Ame vɔ̃ɖiwo magate wo ɖe anyi azɔ abe ale si wowɔ le gɔmedzedzea ene
又我わが民イスラエルのために處を定めてかれらを植つけかれらをして自己の處に住て重て動くことなからしめたり
11 alo abe ale si wowɔ tso esime meɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe nye dukɔ, Israel dzi ene o. Mana miavo tso miaƒe futɔwo ƒe asi me azɔ. “‘Yehowa ɖe gbeƒã na wò be, Yehowa ŋutɔ aɖo aƒe aɖe gɔme anyi na wò.
また惡人昔のごとくまたわが民イスラエルの上に士師を立てたる時よりの如くふたたび之を惱ますことなかるべし我汝の諸の敵をやぶりて汝を安かならしめたり又ヱホバ汝に告ぐヱホバ汝のために家をたてん
12 Ne wò ɣeyiɣi de le anyigba sia dzi eye nèku la, matsɔ viwò si nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple wò ʋu, aɖo wò fiazikpui la dzi eye mana eƒe fiaɖuƒe nakpɔ ŋusẽ.
汝の日の滿て汝が汝の父祖等と共に寝らん時に我汝の身より出る汝の種子を汝の後にたてて其國を堅うせん
13 Eyae anye ame si atu gbedoxɔ nam eye mana eƒe fiaɖuƒe nanɔ anyi ɖaa.
彼わが名のために家を建ん我永く其國の位を堅うせん
14 Manye fofo nɛ eye eya hã anye vi nam. Ne ewɔ nu vɔ̃ la, mawɔ dukɔ bubuwo ŋu dɔ atsɔ ahe to nɛ,
我はかれの父となり彼はわが子となるべし彼もし迷はば我人の杖と人の子の鞭を以て之を懲さん
15 ke nye lɔlɔ̃ maɖe ɖa le edzi abe ale si meɖee ɖa le Saul, ame si ɖu fia do ŋgɔ na wò la dzi ene o.
されど我の恩惠はわが汝のまへより除きしサウルより離れたるごとくに彼よりは離るることあらじ
16 Wò aƒe kple wò fiaɖuƒe anɔ anyi tegbee le ŋkunye me, eye wò fiazikpui ali ke tegbee.’”
汝の家と汝の國は汝のまへに永く保つべし汝の位は永く堅うせらるべし
17 Ale Natan gblɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ la na David.
ナタン凡て是等の言のごとくまたすべてこの異象のごとくダビデに語りければ
18 Ale Fia David ɖanɔ anyi ɖe Yehowa ŋkume eye wòdo gbe ɖa be, “Oo, Aƒetɔ Yehowa, ame kae menye eye nu kae nye nye ƒome be nètsɔ nu siawo katã nam?
ダビデ王入りてヱホバの前に坐していひけるは主ヱホバよ我は誰わが家は何なればか爾此まで我を導きたまひしや
19 Abe esia ɖe mesɔ gbɔ le wò ŋkume o ene la, Oo Aƒetɔ Yehowa, ègaƒo nu tso nu si wò dɔla ƒe aƒe ava nye le etsɔ me la ŋuti. Oo Aƒetɔ Yehowa, alea koe nènɔna kple amewoa?
主ヱホバよ此はなほ汝の目には小き事なり汝また僕の家の遥か後の事を語りたまへり主ヱホバよ是は人の法なり
20 “Nya kae gale David si wòagblɔ na wò? Elabena, Oo Aƒetɔ Yehowa, ènya wò dɔla.
ダビデ此上何を汝に言ふを得ん其は主ヱホバ汝僕を知たまへばなり
21 Le wò nya la ta kple wò lɔlɔ̃nu me, nèwɔ nu gã sia eye nèna wò dɔla nya.
汝の言のためまた汝の心に隨ひて汝此諸の大なることを爲し僕に之をしらしめたまふ
22 “Oo Aƒetɔ Yehowa, èlolo loo! Ame aɖeke mele abe wò ene o eye mawu bubu aɖeke meli o, negbe wò, Mawu ko, abe ale si míesee kple míaƒe towo ene.
故に神ヱホバよ爾は大なり其は我らが凡て耳に聞る所に依ば汝の如き者なくまた汝の外に神なければなり
23 Azɔ la, dukɔ kae le abe wò dukɔ, Israel ene, dukɔ ɖeka si le anyigba dzi, esi ƒe Mawu ɖaɖe dukɔ ma na eɖokui? Eye wòwɔ ŋkɔ na eɖokui to nukunu gãwo kple ŋɔdzinu dzɔatsuwo wɔwɔ me eye nènya dukɔwo kpe woƒe mawuwo le wò dukɔ si nèɖe tso Egipte la ŋgɔ.
地の何れの國か汝の民イスラエルの如くなる其は神ゆきてかれらを贖ひ己の民となして大なる名を得たまひまた彼らの爲に大なる畏るべき事を爲したまへばなり即ち汝がエジプトより贖ひ取たまひし民の前より國々の人と其諸神を逐拂ひたまへり
24 Èɖo wò dukɔ, Israel te be woanye tɔwòwo koŋ tegbee eye wò Yehowa nèva zu woƒe Mawu.
汝は汝の民イスラエルをかぎりなく汝の民として汝に定めたまへりヱホバよ汝はかれの神となりたまふ
25 “Azɔ la, Yehowa Mawu, lé ŋugbe si nèdo na wò dɔla kple eƒe aƒe la ɖe asi tegbee. Wɔ abe ale si nèdo ŋugbee ene,
されば神ヱホバよ汝が僕と其家につきて語りたまひし言を永く堅うして汝のいひしごとく爲たまへ
26 ale be wò ŋkɔ nanye gã tegbee. Ekema amewo agblɔ be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ enye Mawu ɖe Israel dzi!’ Ale woaɖo wò dɔla, David ƒe aƒe anyi ɖe ŋkuwòme tegbee.
ねがはくは永久に汝の名を崇めて萬軍のヱホバはイスラエルの神なりと曰しめたまへねがはくは僕ダビデの家をして汝のまへに堅く立しめたまへ
27 “Oo Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, èɖe esia fia wò dɔla be, ‘Matu xɔ na wò.’ Eya ta dzi ɖo wò dɔla ƒo wòle gbe sia dom ɖa na wò.
其は萬軍のヱホバ、イスラエルの神よ汝僕の耳に示して我汝に家をたてんと言たまひたればなり 是故に僕此祈祷を汝に爲す道を心の中に得たり
28 Oo, Aƒetɔ Yehowa, Mawue nènye! Wò nyawo le eteƒe eye nètsɔ nu nyui siawo do ŋugbee na wò dɔla.
主ヱホバよ汝は神なり汝の言は眞なり汝この惠を僕に語りたまへり
29 Azɔ la, nedze ŋuwò be nàyra wò dɔla ƒe aƒe be wòanɔ anyi ɖaa le ŋkuwòme, elabena wò, Oo Aƒetɔ Yehowae ƒo nu eye wò dɔla ƒe aƒe axɔ yayra to wò yayra me tegbee.”
願くは僕の家を祝福て汝のまへに永く続くことを得さしめたまへ其は主ヱホバ汝これを語りたまへばなりねがはくは汝の祝福によりて僕の家に永く祝福を蒙らしめたまへ

< Samuel 2 7 >