< Samuel 2 5 >

1 Emegbe la, amewo tso Israel ƒe toawo dometɔ ɖe sia ɖe me va David gbɔ le Hebron hegblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, míenye wò ŋutilã kple ʋu.
Then all the tribes of Israel came to David at Hebron and said, “Here we are, your own flesh and blood.
2 Tsã esi Saul nye fia le mia nu hã la, wòe nye ame si kplɔ Israel le eƒe aʋawɔwɔ katã me eye Yehowa gblɔ na wò be wòe akplɔ nye eƒe dukɔ, Israel eye wòe ava nye woƒe fia.”
Even in times past, while Saul was king over us, you were the one who led Israel out and brought them back. And to you the LORD said, ‘You will shepherd My people Israel, and you will be ruler over them.’”
3 Esi Israel ƒe dumegãwo va kpe ta le Fia David gbɔ le Hebron la, ebla nu kpli wo le Yehowa ƒe ŋkume eye wosi ami na David heɖoe fiae ɖe Israel dzi.
So all the elders of Israel came to the king at Hebron, where King David made with them a covenant before the LORD. And they anointed him king over Israel.
4 David xɔ ƒe blaetɔ̃ esi wòzu fia. Eɖu fia ƒe blaene.
David was thirty years old when he became king, and he reigned forty years.
5 Le Hebron la, eɖu fia ɖe Yuda dzi ƒe adre kple ɣleti ade eye le Yerusalem la, eɖu fia ɖe Israel kple Yuda dzi ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃.
In Hebron he reigned over Judah seven years and six months, and in Jerusalem he reigned thirty-three years over all Israel and Judah.
6 Azɔ la, David kplɔ eƒe aʋawɔlawo yi Yerusalem be woawɔ aʋa kple Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem. Ke Yebusitɔwo gblɔ na David be, “Màte ŋu axɔ afi sia o, ŋkuagbãtɔwo kple xɔdrɔ̃wo gɔ̃ hã axe mɔ na wò!” Wogblɔ alea elabena wobu be yewonɔ dedie.
Now the king and his men marched to Jerusalem against the Jebusites who inhabited the land. The Jebusites said to David: “You will never get in here. Even the blind and lame can repel you.” For they thought, “David cannot get in here.”
7 Ke David kple eƒe amewo ɖu wo dzi eye woxɔ Zion mɔ sesẽ la si woyɔna azɔ be, “David Ƒe Du.”
Nevertheless, David captured the fortress of Zion (that is, the City of David).
8 David gblɔ gbe ma gbe be, “Ele be ame sia ame si aɖu Yebusitɔwo dzi la, nato tɔtsoƒe aɖo ‘xɔdrɔ̃ kple ŋkugbãtɔ mawo’ ame siwo nye David ƒe futɔwo la gbɔ.” Eya ta wogblɔna be, “‘Ŋkuagbãtɔwo kple xɔdrɔ̃wo’ mage ɖe fiasã la me o.”
On that day he said, “Whoever attacks the Jebusites must use the water shaft to reach the lame and blind who are despised by David.” That is why it is said, “The blind and the lame will never enter the palace.”
9 Ale David va nɔ mɔ la me hena ŋkɔe be, “David Ƒe Du.” Ekeke dua ɖe edzi tso Milo xoxoa ɖo ta du si li fifia la titina.
So David took up residence in the fortress and called it the City of David. He built it up all the way around, from the supporting terraces inward.
10 Ale David ƒe ŋkɔ kple ŋusẽ de dzi elabena Yehowa, Mawu ŋusẽkatãtɔ la nɔ kplii.
And David became greater and greater, for the LORD God of Hosts was with him.
11 Azɔ la, Hiram, Tiro fia dɔ dɔlawo ɖo ɖe David. Etsɔ sedatiwo, gliɖolawo kple atikpalawo kpe ɖe wo ŋuti eye wotu fiasã na David.
Now Hiram king of Tyre sent envoys to David, along with cedar logs, carpenters, and stonemasons, and they built a palace for David.
12 Azɔ la, David nya nu si ta Yehowa ɖoe fiae eye wòna eƒe fiaɖuƒe la keke ta, eyae nye be Yehowa di be yeakɔ eƒe amenuveve ɖe Israel, eƒe dukɔ tiatia la dzi.
And David realized that the LORD had established him as king over Israel and had exalted his kingdom for the sake of His people Israel.
13 Esi David ʋu yi Hebron la, egaɖe srɔ̃ bubuwo, egaɖo ahiãvi yeyewo eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu geɖewo.
After he had arrived from Hebron, David took more concubines and wives from Jerusalem, and more sons and daughters were born to him.
14 Vi siwo wodzi na Fia David le Yerusalem la ƒe ŋkɔwoe nye: Samua, Sobab, Natan, Solomo
These are the names of the children born to him in Jerusalem: Shammua, Shobab, Nathan, Solomon,
15 Ibhar, Elisua, Nefeg, Yafia,
Ibhar, Elishua, Nepheg, Japhia,
16 Elisama, Eliada kple Elifelet.
Elishama, Eliada, and Eliphelet.
17 Esi Filistitɔwo se be David zu Israel fia yeyea la, woƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu be yewoayi aɖalée. Ke David se be Filistitɔwo gbɔna eya ta wòsi yi mɔ sesẽ la me.
When the Philistines heard that David had been anointed king over Israel, they all went in search of him; but David learned of this and went down to the stronghold.
18 Filistitɔwo va do eye wokaka ɖe Refaim balime.
Now the Philistines had come and spread out in the Valley of Rephaim.
19 David bia Yehowa be, “Mayi aɖawɔ aʋa kpli woa? Ɖe nàtsɔ wo ade asi nama?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi, matsɔ wo ade asi na wò.”
So David inquired of the LORD, “Should I go up against the Philistines? Will You deliver them into my hand?” “Go,” replied the LORD, “for I will surely deliver the Philistines into your hand.”
20 Ale David yi ɖawɔ aʋa kpli wo le Baal Perazim eye wòɖu wo dzi. Egblɔ be, “Yehowae ɖu wo dzi; eƒu du to nye futɔwo dome abe ale si tɔsisi gba goe ene.” Ale wona ŋkɔ teƒe la be Baal Perazim si gɔmee nye “Aƒetɔ si gba go.”
So David went to Baal-perazim, where he defeated the Philistines and said, “Like a bursting flood, the LORD has burst out against my enemies before me.” So he called that place Baal-perazim.
21 Filistitɔwo gblẽ woƒe legbawo ɖe anyi eye David kple eƒe amewo fɔ wo.
There the Philistines abandoned their idols, and David and his men carried them away.
22 Ke Filistitɔwo trɔ va eye wogakaka ɖe Refaim balime.
Once again the Philistines came up and spread out in the Valley of Rephaim.
23 Esi David bia Yehowa be nu ka yeawɔ hã la, eɖo eŋu be, “Mègakpe aʋa kpli wo ŋkume kple ŋkume o, ke boŋ to wo megbe eye nàdo ɖe balsamtiawo gbɔ.
So David inquired of the LORD, who answered, “Do not march straight up, but circle around behind them and attack them in front of the balsam trees.
24 Ne èse gbeɖiɖi aɖe le atiawo tame abe asrafowoe le azɔli zɔm ene la, ekema nàdze wo dzi. Esiae anye dzesi na wò be Yehowa dze ŋgɔ na wò be nàtsrɔ̃ Filistitɔwo ƒe aʋakɔwo.”
As soon as you hear the sound of marching in the tops of the balsam trees, move quickly, because this will mean that the LORD has marched out before you to strike the camp of the Philistines.”
25 Ale David wɔ nu si Yehowa ɖo nɛ eye wòsi Filistitɔwo tso keke Gibeon va se ɖe Gezer.
So David did as the LORD had commanded him, and he struck down the Philistines all the way from Gibeon to Gezer.

< Samuel 2 5 >