< Samuel 2 23 >

1 David ƒe nya mamlɛtɔwoe nye esiawo: “David, Yese ƒe vi le nu ƒom, David, ame si Yehowa, do ɖe dzi, David, Yakob ƒe Mawu ƒe amesiamina, David, Israel ƒe Psalmo viviwo kpala.
These are the last words of David: “The oracle of David son of Jesse, the oracle of the man raised on high, the one anointed by the God of Jacob, and the sweet psalmist of Israel:
2 “Yehowa ƒe Gbɔgbɔ ƒo nu to dzinye eye eƒe nya le nye aɖe dzi.
The Spirit of the LORD spoke through me; His word was on my tongue.
3 Israel ƒe Agakpe la gblɔ nam be, ‘Ame si ɖua dzi kple dzɔdzɔenyenye le mawuvɔvɔ̃ me la,
The God of Israel spoke; the Rock of Israel said to me, ‘He who rules the people with justice, who rules in the fear of God,
4 anɔ abe ŋdikekeli ene, ɣe keklẽ si ŋgɔ lilikpo mexe o si naa gbe mumu dona tso anyigba me le ɣe keklẽ kple tsidzadza megbe ene.’
is like the light of the morning at sunrise of a cloudless dawn, the glistening after the rain on the sprouting grass of the earth.’
5 “Ɖe nye aƒe mele dzɔdzɔe le Mawu ŋkume oa? Ɖe mebla nu mavɔ si le dedie la kplim oa? Ɛ̃, ebla nu si meʋãna o la kplim. Ɖe mana nye ɖeɖekpɔkpɔ nava eme eye wòana nu sia nu si nye dzi di la, nasu asinye oa?
Is not my house right with God? For He has established with me an everlasting covenant, ordered and secured in every part. Will He not bring about my full salvation and my every desire?
6 Ke woaɖe ame vɔ̃ɖiwo katã ɖe aga abe ŋutiwo wonye ene. Ŋuti si womefɔna kple asi o.
But the worthless are all like thorns raked aside, for they can never be gathered by hand.
7 Ame si di be yeafɔ ŋuti la tsɔa nu lénɛ, ƒoa ƒui, tɔa dzoe le afi si wòƒo ƒui ɖo.”
The man who touches them must be armed with iron or with the shaft of a spear. The fire burns them to ashes in the place where they lie.”
8 Kalẽtɔ xɔŋkɔ etɔ̃ siwo nɔ David ƒe aʋakɔ la me woe nye esiawo: Gbãtɔe nye Yoseb Basebet, tso Tahkemɔn, si wogayɔna be Adino, Eznitɔ la, ame si nye ame etɔ̃awo ƒe tatɔ. Ewu ame alafa enyi kpɔ le aʋakpekpe ɖeka me.
These are the names of David’s mighty men: Josheb-basshebeth the Tahchemonite was chief of the Three. He wielded his spear against eight hundred men, whom he killed at one time.
9 Ame Sesẽ Etɔ̃awo dometɔ eveliae nye Eleazar, Dodai ƒe vi, ame si nye Ahohitɔ. Enɔ ame etɔ̃ siwo kpe ɖe David ŋu wotɔ te Filistitɔwo le Pas Damim esime Israel ƒe aʋawɔla bubuawo katã si la dome.
Next in command was Eleazar son of Dodo the Ahohite. As one of the three mighty men, he went with David to taunt the Philistines who had gathered for battle at Pas-dammim. The men of Israel retreated,
10 Ewu Filistitɔwo va se ɖe esime ɖeɖi te eƒe asi ŋu eye magate ŋu alé yi o; Yehowa na dziɖuɖu gã aɖee. Aʋawɔla mamlɛawo megatrɔ gbɔ o va se ɖe esime ɣeyiɣi ɖo hena afunyinuwo haha!
but Eleazar stood his ground and struck the Philistines until his hand grew weary and stuck to his sword. The LORD brought about a great victory that day. Then the troops returned to him, but only to plunder the dead.
11 Ame si kplɔe ɖo lae nye Sama, Agee ƒe vi, tso Harar. Gbe ɖeka le aʋakpekpe aɖe kple Filistitɔwo me le teƒe aɖe si bli le fũu eye Israel ƒe aʋawɔlawo katã si la,
And after him was Shammah son of Agee the Hararite. When the Philistines had banded together near a field full of lentils, Israel’s troops fled from them.
12 Sama ɖeka tɔ ɖe bligble la titina eye wòxɔe hewu Filistitɔwo. Yehowa na wòɖu dzi gã aɖe.
But Shammah took his stand in the middle of the field, defended it, and struck down the Philistines. So the LORD brought about a great victory.
13 Gbe ɖeka, esime David nɔ agado me le Adulam eye Filistitɔwo ƒe aʋawɔlawo nɔ Refaim balime la, ame etɔ̃ tso Israelviwo ƒe aʋafia xɔŋkɔtɔ blaetɔ̃ me yi ɖakpɔe ɖa le nuŋeɣi.
At harvest time, three of the thirty chief men went down to David at the cave of Adullam, while a company of Philistines was encamped in the Valley of Rephaim.
14 David nɔ mɔ la me eye Filistitɔwo ƒe aʋakɔ ɖo Betlehem le ɣe ma ɣi.
At that time David was in the stronghold, and the garrison of the Philistines was at Bethlehem.
15 David gblɔ kple didi be, “Tsikɔ le wunyem vevie. Oo, ne ame aɖe aku tsi tso vudo si le Betlehem ƒe agbo nu la me vɛ nam la, anyo ŋutɔ.”
David longed for water and said, “Oh, that someone would get me a drink of water from the well near the gate of Bethlehem!”
16 Ale aʋafia etɔ̃ siawo to Filistitɔwo dome, ku tsi tso vudo si te ɖe Betlehem ƒe agbo ŋu me yi na David. Ke David gbe meno tsi la o, ke boŋ etrɔe kɔ ɖi le Yehowa ƒe ŋkume,
So the three mighty men broke through the Philistine camp, drew water from the well near the gate of Bethlehem, and brought it back to David. But he refused to drink it; instead, he poured it out to the LORD,
17 hegblɔ be, “Yehowa, nyemate ŋu awɔ esia gbeɖe o!” “Esiae nye ame etɔ̃ siwo tsɔ woƒe agbe ke la ƒe ʋu.”
saying, “Far be it from me, O LORD, to do this! Is this not the blood of the men who risked their lives?” So he refused to drink it. Such were the exploits of the three mighty men.
18 Abisai, Yoab nɔvi, Zeruya vi nye amegã na ame etɔ̃awo. Etsɔ eƒe akplɔ wu futɔ alafa etɔ̃ kpɔ ale wòxɔ ŋkɔ abe ame etɔ̃awo ene.
Now Abishai, the brother of Joab and son of Zeruiah, was chief of the Three, and he lifted his spear against three hundred men, killed them, and won a name along with the Three.
19 Ɖe womede bubu eŋu wu ame xɔŋkɔ etɔ̃awo oa? Ezu woƒe kplɔla togbɔ be womebui ɖe wo dome o hã.
Was he not more honored than the Three? And he became their commander, even though he was not included among the Three.
20 Benaya Yehoiada ƒe vi, ame si fofo nye aʋawɔla kalẽtɔ aɖe tso Kabzeel la wu ame dzɔtsu xɔŋkɔ eve siwo nɔ Moab nyigba dzi. Emegbe la, egawu dzata le do aɖe me gbe si gbe sno dza.
And Benaiah son of Jehoiada was a man of valor from Kabzeel, a man of many exploits. He struck down two champions of Moab, and on a snowy day he went down into a pit and killed a lion.
21 Le ɣeyiɣi bubu hã la, ewu Egiptetɔ aɖe. Togbɔ be Egiptetɔ la lé akplɔ ɖe asi hã la, Benaya lũ ɖe edzi kple kpo, dui le esi eye wòtsɔ Egiptetɔ la ŋutɔ ƒe akplɔ wui.
He also killed an Egyptian, a huge man. Although the Egyptian had a spear in his hand, Benaiah went against him with a club, snatched the spear from his hand, and killed the Egyptian with his own spear.
22 Nu siawoe Benaya, Yehoiada ƒe vi wɔ. Eya hã xɔ ŋkɔ abe ame sesẽ etɔ̃awo ene.
These were the exploits of Benaiah son of Jehoiada, who won a name alongside the three mighty men.
23 Wobunɛ wu ame xɔŋkɔ Blaetɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe gake womedee ame Etɔ̃awo dome o. Ke David tsɔe ɖo eŋudzɔlawo nu.
He was most honored among the Thirty, but he did not become one of the Three. And David appointed him over his guard.
24 Ame siwo nɔ ame blaetɔ̃awo dome: Asahel, Yoab nɔvi, hã nɔ ame blaetɔ̃awo dome. Bubuawoe nye: Elhanan, Dodo ƒe vi, tso Betlehem;
Now these were members of the Thirty: Asahel the brother of Joab, Elhanan son of Dodo of Bethlehem,
25 Sama tso Harod; Elika tso Harod;
Shammah the Harodite, Elika the Harodite,
26 Helez tso Palti; Ira, Ikes ƒe vi tso Tekoa;
Helez the Paltite, Ira son of Ikkesh the Tekoite,
27 Abiezer tso Anatɔt; Sibekai tso Husat;
Abiezer the Anathothite, Mebunnai the Hushathite,
28 Zalmɔn si nye Ahohitɔ, Maharai tso Netofat;
Zalmon the Ahohite, Maharai the Netophathite,
29 Heleb, Boana ƒe vi, tso Netofat; Itai, Ribai ƒe vi, tso Gibea, le Benyamin ƒe to la me;
Heled son of Baanah the Netophathite, Ittai son of Ribai from Gibeah of the Benjamites,
30 Benaya tso Piratɔn; Hidai tso afi si Gaas tɔʋuwo le;
Benaiah the Pirathonite, Hiddai from the brooks of Gaash,
31 Abi Albon tso Arbat; Azmavet tso Bahurim;
Abi-albon the Arbathite, Azmaveth the Barhumite,
32 Eliahba tso Saalbɔn; Yasen ƒe viwo; Yonatan;
Eliahba the Shaalbonite, the sons of Jashen, Jonathan
33 Sama tso Hara, Ahiam, Sarar ƒe vi, tso Harar;
son of Shammah the Hararite, Ahiam son of Sharar the Hararite,
34 Elifelet, Ahasbai ƒe vi, tso Maka; Eliam, Ahitofel ƒe vi, tso Giloh;
Eliphelet son of Ahasbai the Maacathite, Eliam son of Ahithophel the Gilonite,
35 Hezro tso Karmel; Parai tso Arba;
Hezro the Carmelite, Paarai the Arbite,
36 Igal, Natan ƒe vi tso Zoba; Bani tso Gad;
Igal son of Nathan of Zobah, Bani the Gadite,
37 Zelek tso Amon; Naharai tso Beerot; Yoab, Zeruya ƒe vi ƒe akpoxɔnutsɔla;
Zelek the Ammonite, Naharai the Beerothite, the armor-bearer of Joab son of Zeruiah,
38 Ira tso Yatir; Gareb tso Yatir;
Ira the Ithrite, Gareb the Ithrite,
39 kple Uria, Hititɔ la. Ale wo katã de ame blaetɔ̃-vɔ-adre.
and Uriah the Hittite. There were thirty-seven in all.

< Samuel 2 23 >