< Samuel 2 22 >

1 David dzi ha sia na Yehowa le esime wòɖee tso Saul kple eƒe futɔ bubuawo ƒe asi me.
David sang the words of this song to the Lord on the day when the Lord saved him from all his enemies, and from Saul.
2 Egblɔ be: “Yehowae nye nye agakpe, nye mɔ kple nye xɔnametɔ.
He sang: “The Lord is my rock, my fortress, and my Savior.
3 Nye Mawu nye nye agakpe, eyae mesi tso, nye akpoxɔnu kple ɖeɖe ƒe ŋusẽ. Nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe kple nye ɖela èɖem le nye futɔwo katã ƒe asi me.
He is my God, my rock who protects me. He shields me from harm, his power saves me, he keeps me safe. He is my protector; he is my savior; he saves me from violence.
4 “Meyɔ Yehowa, ame si dze na kafukafu, eɖem tso nye futɔwo katã ƒe asi me.
I call for help from the Lord, who should be praised, and he saves me from those who hate me.
5 Ku ƒe ƒutsotsoewo ƒo xlãm, vɔ̃ ƒe tɔɖɔɖɔwo gbã ɖe dzinye.
The waves of death swept over me; surging waters of destruction flooded over me;
6 Tsiẽƒe ƒe kawo blam eye ku ƒe mɔtetrewo ɖi kpem. (Sheol h7585)
The grave wound its ropes around me; death set snares for me. (Sheol h7585)
7 “Ke meyɔ Yehowa le nye xaxa me, medo ɣli na nye Mawu be wòaɖem. Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me ke eye nye ɣlidodo ɖo egbɔ, ge ɖe eƒe to me.
In my despair I called on the Lord; I called out to my God. He heard my voice from his Temple; my cry for help reached his ears.
8 Tete anyigba dzo nyanyanya eye wòʋuʋu; dziƒo ƒe agunuwo ke hã ʋuʋu heyeheye eye wodzo kpekpekpe elabena dzi kui.
The earth shook to and fro; the foundations of the heavens trembled, shaking because of his anger.
9 Dzudzɔ do tso eƒe ŋɔtime; dzo ƒe aɖewo do tso eƒe nu me eye dzoka xɔxɔwo kplɔe ɖo.
Smoke came out of his nostrils, and fire from his mouth, burning coals that blazed before him.
10 Ema dziŋgɔli ɖe eve, wòto eme ɖi va anyi eye lilikpo do blukɔ le eƒe afɔ te.
He pushed aside the heavens and came down, with dark clouds beneath his feet.
11 Ede Kerubiwo dzi eye wòdzo dzo. Eɖo asagba ɖe ya ƒe aʋalawo dzi.
Riding on a heavenly being he flew, swooping on the wings of the wind.
12 Ewɔ viviti nɔ eme abe agbadɔ ene eye lilikpo yibɔ si dzaa tsi lae ƒo xlãe
He hid himself in darkness, covering himself with black rainclouds.
13 dzoka xɔxɔwo do tso eƒe keklẽ me le eŋgɔ.
Burning coals blazed out of his brightness.
14 Yehowa ɖe gbe tso dziƒo; eye Dziƒoʋĩtɔ la na wose eƒe gbe.
The Lord thundered from heaven; the voice of the Most High resounded.
15 Eda eƒe aŋutrɔ eye wòkaka eƒe futɔwo, eɖo dzikedzo ɖa eye wòtɔtɔ wo.
He fired his arrows, scattering his enemies, he routed them with his lightning bolts.
16 Atsiaƒu ƒe balimewo dze gaglãa eye anyigba ƒe gɔmeɖoɖo tsi ƒuƒlu le Yehowa ƒe nyaheɖeameŋu kple gbɔgbɔ si do tso eƒe ŋɔtime ta.
The Lord roared, and by the wind from the breath of his nostrils the valleys of the sea could be seen and the foundations of the earth were uncovered.
17 “Edo asi ɖa tso dziƒo lém, heɖem tso tɔ goglowo me;
He reached down his hand from above and grabbed hold of me. He dragged me out of the deep water.
18 tso nye futɔ ŋusẽtɔwo ƒe asi me, tso nye ketɔwo ƒe asi me, ame siwo sẽ wum akpa la ƒe asi me.
He rescued me from my powerful enemies, from those who hated me and who were much stronger than me.
19 Woƒo ɖe dzinye le nye dzɔgbevɔ̃egbe gake Yehowa nye nye kpeɖeŋutɔ.
They came at me at my worst possible moment, but the Lord supported me.
20 Eɖem tsɔ da ɖe teƒe gbadza; eɖem elabena nye nu nyo eŋu.
He set me free, he rescued me because he's happy with me.
21 “Yehowa nɔ kplim le nye dzɔdzɔenyenye nu eye wòwɔ nyui nam le esi nye asi me dza ta.
The Lord rewarded me because I do what's right; he repaid me because I am innocent.
22 Melé Yehowa ƒe mɔwo me ɖe asi. Nyemewɔ vɔ̃ hetrɔ le nye Mawu yome o;
For I have followed the Lord's ways; I have not sinned by turning away from my God.
23 Eƒe sewo katã le ŋkunye me; eye nyemetrɔ le eƒe ɖoɖowo yome o.
I have kept all his laws in mind; I have not ignored his commandments.
24 Nyemeɖi fɔ le eŋkume o eye mete ɖokuinye ɖa tso nu vɔ̃ gbɔ.
I am blameless in his sight; I keep myself from sinning.
25 Eya ta Yehowa wɔ nyui nam le nye dzɔdzɔenyenye kple esi nye asi me dza le eŋkume la ta.
The Lord rewarded me for doing what's right. I am innocent in his sight.
26 “Èwɔa nuteƒe na nuteƒewɔla eye nèfiaa ɖokuiwò fɔmaɖilae na ame si ŋu fɔɖiɖi mele o.
You show trust to those who are trusting; you show integrity to those with integrity,
27 Ame si dza le eƒe dzi me la, èɖea ɖokuiwò fianɛ be èdza eye nèfiaa ɖokuiwò ayetɔe ɖe ayetɔ la ŋu.
You show yourself pure to those who are pure, but you show yourself astute to those who are crafty.
28 Èɖea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui ke wò ŋku le dadalawo ŋu, be nabɔbɔ wo ɖe anyi.
You save the humble, but your eyes watch the proud to bring them down.
29 Wò, Yehowa, wòe nye nye akaɖi! Ènana nye viviti trɔna zua kekeli.
You, Lord, are my lamp. The Lord lights up my darkness.
30 Mate ŋu alũ ɖe aʋakɔ dzi to wò kpekpeɖeŋu me eye le nye Mawu ta mate ŋu ati kpo aflɔ gli.
With you, I can charge down a troop of soldiers; with you, my God, I can climb a fortress wall.
31 “Mawu ya ƒe mɔwo de blibo, Yehowa ƒe nya nye nyateƒe sɔŋ. Enye akpoxɔnu na ame siwo tsɔe wɔ sitsoƒee.
God's way is absolutely right. What the Lord says is trustworthy. He is a shield to all who come to him for protection.
32 Elabena ame kae ganye Mawu kpe ɖe Yehowa ŋu? Ame kae ganye Agakpe? Ɖe menye míaƒe Mawu la koe oa?
For who is God except the Lord? Who is a Rock, except our God?
33 Mawue nye nye mɔ sesẽ, eyae na nye mɔ zu gbadzaa.
God makes me strong and keeps me safe.
34 Ewɔ nye afɔwo abe zi tɔwo ene eye wòna metea ŋu tsia tsitre ɖe teƒe kɔkɔwo.
He makes me surefooted like the deer, able to walk the heights in safety.
35 Efia aʋawɔwɔ nye asiwo eye nye asiwo ate ŋu abɔ dati si wowɔ kple akɔbli.
He teaches me how to fight in battle; he gives me the strength to draw a bronze bow.
36 Ètsɔ wò dziɖuɖu ƒe akpoxɔnu la nam. Ebɔbɔ ɖokuiwò be nàdo kɔkɔm.
You protect me with the shield of your salvation; your help has made me great.
37 Èkeke mɔ le tenye, be nye klowo magli le tenye o.
You gave me room to walk, and prevented my feet from slipping.
38 “Meti nye futɔwo yome eye metsrɔ̃ wo; nyemetrɔ le wo yome o, va se ɖe esime wotsrɔ̃.
I chased my enemies, and caught up with them. I did not turn around until I had destroyed them.
39 Metsrɔ̃ wo gudugudu eye ɖeke magate ŋu afɔ o. Wodze anyi ɖe nye afɔ nu
I struck them down—they couldn't get up. They fell at my feet.
40 elabena wòe na ŋusẽm hena aʋa la wɔwɔ, èna mebɔbɔ ame siwo katã tso ɖe ŋunye la ɖe anyi.
You made me strong for the battle; you made those who rose up against me kneel low before me.
41 Èna nye futɔwo trɔ megbe dem helé du tsɔ eye metsrɔ̃ nye futɔwo.
You made my enemies run away; I destroyed all my enemies.
42 Wodo ɣli be Yehowa naxɔ na yewo gake ame aɖeke mexɔ na wo o elabena Yehowa metɔ na wo o.
They cried out for help, but no one came to rescue them. They even called out to the Lord, but he did not answer them.
43 Metu wo, wozu abe ke ene. Megbã wo, wokaka abe ʋuʋudedi si le ablɔwo dzi ene.
I ground them into dust, like the dust of the earth. I crushed them and threw them out like mud in the street.
44 “Èɖem tso ame siwo va dze dzinye la si me, èkpɔ tanye abe dukɔwo ƒe fia ene; eye ame siwo nyemenya o la dzie meɖu fia ɖo.
You rescued me from rebellious people; you have kept me as ruler over nations—people I didn't know now serve me.
45 Ne wose ŋkɔnye ko la, woɖoa tom eye du bubu me tɔwo gɔ̃ hã dzona nyanyanya le nye ŋkume.
Foreigners cower before me; as soon as they hear of me, they obey.
46 Dzi ɖena le wo katã ƒo eye wotsɔa dzodzo nyanyanya hedoa goe le woƒe mɔ sesẽwo me.
They lose heart, and come trembling in surrender from their strongholds.
47 “Yehowa li tegbee! Woakafu nye Agakpe la! Woado Mawu, nye Xɔla la ɖe dzi bobobo!
The Lord lives! Blessed be my Rock! May the God who saves me be praised!
48 Eyae nye Mawu, ame si bia hlɔ̃ nam. Etsɔ dukɔwo de nye afɔ te.
God avenges me, he puts peoples under me,
49 Èɖeam tso nye futɔwo ƒe asi me, ɛ̃, èkɔm gbɔ nye futɔwo ta eye nèɖem tso ŋutasẽlawo ƒe asi me,
He frees me from those who hate me. You keep me safe from those who rebel against me, you save me from violent men.
50 eya ta ele be makafu wò, Oo Yehowa, le dukɔwo katã dome eye madzi kafukafuha na wò ŋkɔ.
That's why I will praise you among the nations, Lord; I will sing praises about who you are.
51 “Ena dziɖuɖu geɖe eƒe fia la, eye wòvea eƒe amesiamina David kple eƒe dzidzimeviwo nu tegbee.”
You have saved the king so often, showing your trustworthy love to David, your anointed, and to his descendants forever.”

< Samuel 2 22 >