< Samuel 2 21 >

1 Dɔ to ƒe etɔ̃ sɔŋ le David ƒe fiaɖuɣi. David do gbe ɖa na Yehowa ɖe eta eye Yehowa gblɔ na David be, “Dɔ sia to le Saul kple eƒe ƒometɔwo ƒe nu vɔ̃wo ta elabena wowu Gibeontɔwo.”
Now there was a famine in the days of David for three consecutive years, so David sought the face of the LORD. And the LORD said, "There is bloodguilt on Saul and on his house, because he murdered the Gibeonites."
2 Ale Fia David yɔ Gibeontɔwo ƒo ƒu. Womenye Israelviwo o, ke boŋ wonye Amoritɔ siwo susɔ. Israel ka atam be yemawu wo o, ke Saul di be yeatsrɔ̃ wo le ŋuʋaʋã ɖe Israel kple Yuda nu ta.
So the king summoned the Gibeonites, and spoke to them. (Now the Gibeonites were not of the children of Israel but of the remnant of the Amorites. And the children of Israel had sworn to them, but Saul sought to exterminate them in his zeal for the children of Israel and Judah.)
3 David bia wo be, “Nu ka mate ŋu awɔ na mi be nu vɔ̃ sia naɖe ɖa le mia dzi eye wòana miabia Mawu be wòayra mi?”
And David said to the Gibeonites, "What can I do for you? And how can I make atonement, that you may bless the inheritance of the LORD?"
4 Gibeontɔwo ɖo eŋu be, “Ga mawɔ naneke tso nya sia ŋu o eye míedi be woatsɔ hlɔ̃biabia awu Israelviwo hã o.” David bia be, “Ekema nu ka mawɔ? Migblɔe nam ko eye mawɔe na mi.”
The Gibeonites said to him, "It is not a matter of silver or gold between us and Saul or his house, nor is it our place to put anyone to death in Israel." Then he said, "What do you want? For I will do it for you."
5 Woɖo eŋu na fia la be, “Le ame si tsrɔ̃ mí eye wòɖo nugbe ɖe mía ŋu, na wowu mía dometɔ aɖewo eye teƒe aɖeke mele mía si le Israel ƒe akpa aɖeke o ta la,
So they said to the king, "The man who opposed us and persecuted us, who meant to eradicate us from having a place anywhere in the territory of Israel,
6 na woatsɔ via ŋutsu adre na mí eye míawu wo le Yehowa ŋkume le Gibea si nye Saul, Yehowa ƒe ame tiatia la ƒe du la me.” Fia la gblɔ be, “Matsɔ wo na mi.”
let seven of his sons be delivered to us, and we will hang them before the LORD at Gibeon on the mountain of the LORD." And the king replied, "I will do it."
7 Ena Yonatan ƒe viŋutsu Mefiboset, ame si nye Saul ƒe tɔgbuiyɔvi la tsi agbe le atam si eya kple Yonatan ka na wo nɔewo la ta.
But the king spared Mippibaal, the son of Jonathan, the son of Saul, because of the LORD's oath that was between them, between David and Jonathan the son of Saul.
8 Ke etsɔ Rizpa ƒe viŋutsu eveawo, Armoni kple Mefiboset ame siwo nye Saul ƒe tɔgbuiyɔviwo to srɔ̃a Aya dzi la na wo. Eɖe asi le Saul ƒe vinyɔnu Merab ƒe viŋutsu atɔ̃ siwo wòdzi na Adriel si nye Barzilai, Meholatitɔ la hã ŋu na wo.
But the king took the two sons of Rizpah the daughter of Aiah, whom she bore to Saul, Armoni and Mippibaal; and the five sons of Merob the daughter of Saul, whom she bore to Adriel the son of Barzillai the Meholathite.
9 Gibeontɔwo he wo ɖe ati ŋu le toa dzi le Yehowa ŋkume. Ale wo ame adreawo katã ku zi ɖeka le luxaɣi la ƒe gɔmedzedze.
And he delivered them into the hands of the Gibeonites, and they hanged them on the mountain before the LORD, and all seven of them fell together. And they were put to death in the first days of harvest at the beginning of barley harvest.
10 Rizpa, Aya ƒe vinyɔnu, ame si nye ŋutsu eveawo dada la keke akpanya ɖe agakpe aɖe dzi eye wònɔ afi ma le viawo ƒe kukuawo gbɔ tso nuxaɣi va se ɖe tsidzaŋɔli la, ale be akagawo mavuvu wo le ŋkeke me o eye lã wɔadãwo hã maɖu wo le zã me o.
And Rizpah the daughter of Aiah took sackcloth and spread it for herself on a rock, from the beginning of harvest until it rained on them from the sky. And she did not allow the birds of the sky to rest on them by day, nor the wild animals by night.
11 Esi David se nu si Rizpa, Aya ƒe vinyɔnu, Saul ƒe ahiãvi wɔ la,
It was told David what Rizpah the daughter of Aiah, the secondary wife of Saul, had done.
12 eyi ɖaxa Saul kple Yonatan ƒe ƒuwo le Yabes Gileadtɔwo gbɔ. Yabes Gileadtɔwo fi wo le ablɔ me le Bet Sean, afi si Filistitɔwo tsi woƒe kukuawo ɖo le gbe si gbe wowu Saul le Gilboa to la dzi.
Then David went and obtained the bones of Saul and the bones of his son Jonathan from the citizens of Jabesh Gilead, who had stolen them from the public square of Beth Shan, where the Philistines had hung them on the day that the Philistines killed Saul on Gilboa;
13 David lɔ Saul kple Yonatan ƒe ƒuwo eye wòƒo ƒu Saul ƒe vi adreawo hã ƒe ƒuwo.
and he brought up from there the bones of Saul and the bones of Jonathan his son. And they gathered the bones of those who were hanged.
14 Woɖi Saul kple Yonatan ƒe ƒuwo ɖe Saul fofo, Kis ƒe yɔdo la me le Zela, le Benyaminyigba dzi eye wowɔ nu siwo katã fia la ɖo da ɖi. Le esia megbe la, Mawu se woƒe gbedodoɖa eye wòtsi dɔwuame la nu.
And he buried the bones of Saul and Jonathan in the land of Benjamin in Zela, in the tomb of Kish his father. And they performed all that the king commanded. After that God responded to prayers for the land.
15 Filistitɔwo gaho aʋa ɖe Israelviwo ŋu gbe ɖeka. David kple eƒe amewo wɔ aʋa la ale gbegbe be ɖeɖi te David ŋu eye wògbɔdzɔ.
The Philistines had war again with Israel; and David went down, and his servants with him, and fought against the Philistines. Now David became exhausted,
16 Filistitɔwo ƒe ame dzɔatsu aɖe si nye Rafa ƒe dzidzimevi, Isbi Benob, ame si ƒe akplɔ ƒe akɔbliteƒe kpe wu kilogram wuieve la, do gawu yeye aɖe hã. Egblɔ be yele David wu ge.
and Dodo son of Joash, of the descendants of the Raphah, captured him. His spear weighed three hundred bronze shekels, and he was girded with a new sword, and he thought he could kill David.
17 Ke Abisai, Zeruya ƒe vi xɔ nɛ eye wòwu Isbibenɔb, Filistitɔ la. Le esia megbe la, David ƒe amewo gblɔ nɛ be, “Màgayi aʋa kpli mí azɔ o! Nu ka ta míaɖe mɔ Israel ƒe kekeli natsi?”
But Abishai the son of Zeruiah helped him and struck the Philistine, and killed him. Then the men of David took an oath, saying, "You must not go out to battle with us again, so that you do not extinguish the lamp of Israel."
18 Emegbe, le aʋa aɖe me kple Filistitɔwo le Gob la, Sibekai, Husatitɔ la wu Saf si tso Rafa ƒe dzidzimeviwo dome.
Now it came to pass after this that there was another battle with the Philistines at Gezer. Then Sibbekai the Hushathite killed Saph, a descendant of the Raphah.
19 Le aʋa bubu si wogawɔ kple Filistitɔwo le Gob la, Elhanan, Yair Betlehemtɔ ƒe vi wu Goliat si nye Gititɔ, ame si ƒe akplɔti lolo abe ati si le avɔlɔ̃lawo ƒe agbati me ene.
There was again war with the Philistines at Gob; and Elhanan the son of Jair the Bethlehemite killed the brother of Goliath the Gittite, the staff of whose spear was like a weaver's beam.
20 Le aʋa bubu aɖe si wowɔ le Gat me la, ame dzɔatsu aɖe si to asibidɛ ade ɖe asi ɖeka kple afɔbidɛ ade ɖe afɔ ɖeka, wo katã le blaeve-vɔ-ene eye eya hã tso Rafa ƒe dzidzime la
There was another battle at Gath, where there was a man of great stature who had on six fingers on each hand, and six toes on each foot, twenty four in number, and he also was a descendant of Raphah.
21 ɖu fewu le Israel ŋu ale Yonatan, ame si nye, David nɔviŋutsu Simea ƒe vi la wui.
When he defied Israel, Jonathan the son of Shimeah, David's brother, killed him.
22 Ame ene siawo nye Rafa ƒe dzidzimeviwo tso Gat eye wotsi David kple eƒe amewo ƒe asi me.
These four were descendants of Raphah in Gath; and they fell by the hand of David, and by the hand of his servants.

< Samuel 2 21 >