< Samuel 2 20 >

1 Seba nye yakame aɖe eye wòganye Bikri, Benyamintɔ la ƒe vi. Eku kpẽ eye wòdo ɣli be, “Migbugbɔ le David yome! Migadze eyome o, Israel ŋutsuwo, mina míadzo: menye míaƒe fiae o!”
마침 거기 난류 하나가 있으니 베냐민 사람 비그리의 아들 세바라 하는 자라 저가 나팔을 불며 가로되 우리는 다윗과 함께할 분의가 없으며 이새의 아들과 함께 할 업이 없도다 이스라엘아 각각 장막으로 돌아가라 하매
2 Ke Israel ŋutsuwo katã gblẽ David ɖi eye wodze Seba, Bikri vi yome! Ke Yuda ŋutsuwo nɔ woƒe fia la ŋu eye wokplɔe tso Yɔdan tɔsisi la ŋu yi Yerusalem.
이에 온 이스라엘 사람들이 다윗 좇기를 그치고 올라가 비그리의 아들 세바를 좇으나 유다 사람들은 왕에게 합하여 요단에서 예루살렘까지 좇으니라
3 Esi wòɖo eƒe fiasã me le Yerusalem la, ede se be woaɖe yeƒe ahiãvi ewo siwo yegblẽ ɖi be woakpɔ fiasã la dzi la ɖe aga, woakpɔ wo dzi le go ɖe sia ɖe me gake yemagadɔ wo gbɔ abe yeƒe ahiãviwo ene o. Ale wotrɔ zu abe ahosiwo ene va se ɖe woƒe kugbe.
다윗이 예루살렘 본궁에 이르러 전에 머물러 궁을 지키게 한 후궁 열 명을 잡아 별실에 가두고 먹을 것만 주고 더불어 동침치 아니하니 저희가 죽는 날까지 갇혀서 생과부로 지내니라
4 Fia la gblɔ na Amasa be wòaƒo Yuda ƒe aʋawɔlawo nu ƒu le ŋkeke etɔ̃ me eye wòana yeanya.
왕이 아마사에게 이르되 너는 나를 위하여 삼 일 내로 유다 사람을 소집하고 너도 여기 있으라
5 Ale Amasa yi ɖana nyanya aʋawɔlawo gake nu sia wɔwɔ xɔ wu ŋkeke etɔ̃ si wonae.
아마사가 유다 사람을 소집하러 가더니 왕의 정한 기한에 지체된지라
6 David gblɔ na Abisai be, “Azɔ Seba, Bikri vi awɔ nuvevi mí wu nu si Absalom wɔ. Netsɔ! Wò kple nye dɔlawo miti eyome hafi wòaɖo du aɖe si woɖo gli ƒo xlãe la me eye míaƒe asi magate ŋu asu edzi o.”
다윗이 이에 아비새에게 이르되 이제 비그리의 아들 세바가 압살롬보다 우리를 더 해하리니 너는 네 왕의 신복들을 거느리고 쫓아가라 저가 견고한 성에 들어가서 우리들을 피할까 염려하노라 하매
7 Ale Abisai kple Yoab kple ame ɖeka tso Yoab ƒe aʋawɔlawo dome kple fia la ŋutɔ ŋudzɔla dze Seba, Bikri vi la yome.
요압을 좇는 자들과 그렛 사람들과 블렛 사람들과 모든 용사들이 다 아비새를 따라 비그리의 아들 세바를 쫓으려고 예루살렘에서 나와서
8 Esi wova ɖo agakpe gã si le Gibeon gbɔ la, wodo go Amasa. Yoab do aʋawu eye adekpui si nɔ aku me la, nɔ eƒe alidziblaka ŋu. Esi wòɖe zɔ la, eɖe adekpui la le eƒe aku me.
기브온 큰 바위 곁에 이르매 아마사가 맞으러 오니 때에 요압이 군복을 입고 띠를 띠고 집에 꽂은 칼을 허리에 매었는데 저가 행할 때에 칼이 빠져 떨어졌더라
9 Yoab te ɖe Amasa ŋu hebiae be, “Èfɔa?” Yoab ku asi Amasa ƒe ge me kple ɖusi abe ɖe wòdi be yeagbugbɔ nu nɛ ene.
요압이 아마사에게 이르되 형은 평안하뇨 하며 오른손으로 아마사의 수염을 잡고 그 입을 맞추려는 체하매
10 Amasa mekpɔ yi ɖaɖɛ si Yoab lé kple miasi la o. Ale Yoab nyrɔ yi la ɖe dɔme nɛ flo, eƒe dɔmenuwo kaka ɖe anyigba eye wòku ɖe afi ma enumake. Yoab kple nɔvia Abisai gblẽe ɖe afi ma eye woti Seba, Bikri vi la yome.
아마사가 요압의 손에 있는 칼은 주의치 아니한지라 요압이 칼로 그 배를 찌르매 그 창자가 땅에 흐르니 다시 치지 아니하여도 죽으니라 요압과 그 동생 아비새가 비그리의 아들 세바를 쫓을새
11 Yoab ƒe aʋakplɔlawo dometɔ ɖeka do ɣli gblɔ na Amasa ƒe aʋawɔlawo be, “Ne miele David dzi la, ekema miva dze Yoab yome.”
요압의 소년 중 하나가 아마사의 곁에 서서 가로되 요압을 좋아하는 자와 다윗을 위하는 자는 요압을 따르라 할 때에
12 Ke Amasa ƒe kukua mlɔ eƒe ʋu me le mɔa titina. Esi Yoab ƒe aʋakplɔlawo kpɔ be ameawo nɔ ƒu ƒom na ame kuku la kpɔkpɔ la, wohe ame kuku la tso mɔa dzi do ɖe gbe me eye wotsɔ awu aɖe tsyɔ edzi.
아마사가 길 가운데 피 속에 굴어졌는지라 그 소년이 모든 백성의 섰는 것을 보고 아마사를 큰 길에서부터 밭으로 옮겼으나 거기 이르는 자도 다 멈추어 서는 것을 보고 옷을 그 위에 덮으니라
13 Esi wohe ame kuku la le mɔa dzi la, ame sia ame dze Yoab yome be yewoalé Seba, Bikri vi la.
아마사를 큰 길에서 옮겨가매 사람들이 다 요압을 따라 비그리의 아들 세바를 쫓아가니라
14 Le ɣeyiɣi sia me la, Seba zɔ to Israelnyigba dzi be yeaƒo aʋakɔ aɖe nu ƒu tso eya ŋutɔ ƒe hlɔ̃, Bikri hlɔ̃ la me le Abel Bet Maka dua me.
요압이 이스라엘 모든 지파 가운데 두루 행하여 아벨과 벧마아가와 베림 온 땅에 이르니 그 무리도 다 모여 저를 따르더라
15 Esi Yoab ƒe aʋawɔlawo va ɖo la, woɖe to ɖe Seba le Abel Bet Maka, ƒu kpo ɖe dua ŋu tso anyigba yi gli la tame eye wode asi gli la gbagbã me.
이에 저희가 벧마아가 아벨로 가서 세바를 에우고 그 성읍을 향하여 해자 언덕 위에 토성을 쌓고 요압과 함께한 모든 백성이 성벽을 쳐서 헐고자 하더니
16 Ke nyɔnu nyanu aɖe tso dua me yɔ Yoab gblɔ nɛ be, “Va afii, na míaɖo dze.”
그 성에서 지혜로운 여인 하나가 외쳐 가로되 들을지어다 들을지어다 청컨대 너희는 요압에게 이르기를 이리로 가까이 오라 내가 네게 말하려 하노라 한다 하라
17 Esi wòte ɖe eŋu la, nyɔnu la biae be, “Wòe nye Yoab la?” Yoab ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee.” Nyɔnu la gblɔ be, “Ɖo to wò dɔlanyɔnu ƒe nya.” Ke Yoab be, “Mele to ɖom wò nya.”
요압이 그 여인에게 가까이 가니 여인이 가로되 당신이 요압이니이까 대답하되 그러하다 여인이 저에게 이르되 여종의 말을 들으소서 대답하되 내가 들으리라
18 Nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Wonɔ nya aɖe gblɔm tsã be, ‘Ne èdi be yeawu nyahehe aɖe nu la, ekema bia aɖaŋu le Abel,’ elabena míeɖoa aɖaŋu nyui na ame ɣe sia ɣi.
여인이 말하여 가로되 옛 사람들이 흔히 말하기를 아벨에 가서 물을 것이라 하고 그 일을 끝내었나이다
19 Èle du tsitsi aɖe si me nɔlawo lɔ̃a ŋutifafa eye wowɔa nuteƒe na Israel la gbãm. Ɖe nàgblẽ nu si nye Yehowa tɔa?”
나는 이스라엘의 화평하고 충성된 자 중 하나이어늘 당신이 이스라엘 가운데 어미 같은 성을 멸하고자 하시는도다 어찌하여 당신이 여호와의 기업을 삼키고자 하시나이까
20 Yoab ɖo eŋu be, “Mele eme nenema kura o,
요압이 대답하여 가로되 결단코 그렇지 아니하다 결단코 그렇지 아니하다 삼키거나 멸하거나 하려함이 아니니
21 nu si dim mele koe nye ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Seba, Bikri vi; etso Efraim ƒe tonyigba la dzi. Etso ɖe Fia David ŋu eya ta ne miatsɔe ade asi na mí la, ekema míaɖe asi le dua ŋu le ŋutifafa me.” Nyɔnu la gblɔ be, “Enyo, míada eƒe ta do ɖe mi to gli la ta.”
그 일이 그러한 것이 아니니라 에브라임 산지 사람 비그리의 아들 세바라 하는 자가 손을 들어 왕 다윗을 대적하였나니 너희가 저만 내어 주면 내가 이 성읍에서 떠나가리라 여인이 요압에게 이르되 저의 머리를 성읍에서 당신에게 내어 던지리이다 하고
22 Ale nyɔnu la yi ameawo gbɔ kple eƒe aɖaŋu nyui la. Wotso ta le Seba, Bikri vi la nu eye woda eƒe ta la to gli la ta ɖo ɖe Yoab. Enumake Yoab ku kpẽ; ena ameawo dzudzɔ dua gbagbã eye wotrɔ yi fia la gbɔ le Yerusalem.
이에 여인이 그 지혜로 모든 백성에게 말하매 저희가 비그리의 아들 세바의 머리를 베어 요압에게 던진지라 이에 요압이 나팔을 불매 무리가 흩어져 성읍에서 물러나서 각기 장막으로 돌아가고 요압은 예루살렘으로 돌아와서 왕에게 나아가니라
23 Yoab nye aʋafia gãtɔ Israelʋakɔ la. Benaya nɔ fia la ŋu dzɔlawo, Keretitɔwo kple Peletitɔwo nu.
요압은 이스라엘 온 군대의 장관이 되고 여호야다의 아들 브나야는 그렛 사람과 블렛 사람의 장관이 되고
24 Adoram kpɔa dɔwɔlawo dzi. Yehosafat, Ahilud ƒe vi, nye nyadzɔdzɔwo ŋlɔla,
아도니람은 감역관이 되고 아힐룻의 아들 여호사밧은 사관이 되고
25 Seve nye nuŋlɔla eye Zadok kple Abiata nye nunɔlawo.
스와는 서기관이 되고 사독과 아비아달은 제사장이 되고
26 Ira, Yairtɔ la nye nunɔla le David ŋutɔ ƒe gbedoxɔ me.
야일 사람 이라는 다윗의 대신이 되니라

< Samuel 2 20 >