< Samuel 2 2 >
1 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, David bia Yehowa be, “Mayi Yuda duawo dometɔ ɖeka mea?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi.” David gabiae be, “Du ka mee mayi?” Yehowa ɖo eŋu be, “Yi Hebron.”
After this David asked Yahweh and said, “Should I go up to one of the cities of Judah?” Yahweh replied to him, “Go up.” David said, “To which city should I go?” Yahweh replied, “To Hebron.”
2 Ale David kplɔ srɔ̃awo, Ahinoam tso Yezreel kple Abigail, Nabal ƒe ahosi tso Karmel,
So David went up with his two wives, Ahinoam from Jezreel, and Abigail from Carmel, the widow of Nabal.
3 eƒe amewo kple wo srɔ̃wo kple wo viwo katã eye woyi Hebron.
David brought the men who were with him, who each brought his family, to the cities of Hebron, where they began to live.
4 Yuda ƒe kplɔlawo va ɖo David fiae ɖe Yuda ƒe dukɔ ƒoƒuwo nu. Esi David se be Yabes Gileadtɔwo ɖi Saul la,
Then men from Judah came and anointed David king over the house of Judah. They told David, “The men of Jabesh Gilead have buried Saul.”
5 eɖo du ɖe wo be, “Yehowa nayra mi le ale si miewɔ nuteƒe na miaƒe aƒetɔ eye mieɖii kple bubu la ta.
So David sent messengers to the men of Jabesh Gilead and said to them, “You are blessed by Yahweh, since you have showed this loyalty to your master Saul and have buried him.
6 Yehowa nave mia nu eye wòatsɔ eƒe lɔlɔ̃ ƒe ɖeɖefia kple nyateƒe aɖo eteƒe na mi. Nye hã mave mia nu le nu si miewɔ la ta.
Now may Yahweh show you covenantal loyalty and faithfulness. I also will show you this goodness because you have done this thing.
7 Azɔ la, mele biabiam tso mia si be esi Saul ku la, mianye nye ame sesẽwo, eye miawɔ nuteƒe nam. Minɔ abe Yuda ƒe viwo, ame siwo tsɔm ɖo woƒe Fia yeye ene.”
Now then, let your hands be strong; be courageous for Saul your master is dead, and the house of Judah has anointed me king over them.”
8 Ke Abner, Saul ƒe aʋafia do ŋgɔ yi Mahanaim be yeatsɔ Saul ƒe viŋutsu Is Boset aɖo fiae,
But Abner son of Ner, commander of Saul's army, took Ishbosheth son of Saul and brought him to Mahanaim.
9 be wòaɖu fia ɖe Gilead, Asuri, Yezreel, Efraim, Benyamin kple Israel ƒe akpa bubuawo keŋ dzi.
He made Ishbosheth king over Gilead, Asher, Jezreel, Ephraim, Benjamin, and over all Israel.
10 Exɔ ƒe blaene hafi woɖoe fiae eye wòɖu Israel dzi ƒe eve. Ke Yuda ƒe viwo nɔ David yome
Ishbosheth son of Saul, was forty years old when he began to reign over Israel, and he reigned two years. But the house of Judah followed David.
11 eye wòɖu fia le Hebron ɖe Yuda dzi ƒe adre kple afã.
The time that David was king in Hebron over the house of Judah was seven years and six months.
12 Gbe ɖeka la, Aʋafia Abner kplɔ Is Boset ƒe aʋawɔlawo tso Mahanaim yi Gibeon,
Abner son of Ner, and the servants of Ishbosheth son of Saul, went out from Mahanaim to Gibeon.
13 eye Aʋafia Yoab, Zeruya ƒe vi, hã kplɔ David ƒe aʋakɔ be woado go wo. Wodo go le Gibeon ta la to eye wonɔ ta la ƒe akpa eveawo dzi, dze ŋgɔ wo nɔewo.
Joab son of Zeruiah and the servants of David went out and met them by the pool of Gibeon. There they sat down, one group on one side of the pool and the other on the other side.
14 Abner gblɔ na Yoab be, “Mina míaƒe ɖekakpuiawo nawɔ fefe kple woƒe yiwo míakpɔ!” Yoab lɔ̃ hegblɔ bena, “Enyo, na ne woawɔe.”
Abner said to Joab, “Let the young men arise and compete before us.” Then Joab said, “Let them arise.”
15 Ale aʋakɔ eveawo dometɔ ɖe sia ɖe tia ɖekakpui wuieve na Benyamin kple Saul vi Is Boset eye wuieve bubu na David.
Then the young men got up and gathered together, twelve for Benjamin and Ishbosheth son of Saul, and twelve from servants of David.
16 Ame sia ame lé nɔvia ƒe ɖa eye wòtɔ yi axadame na nɔvia. Ale wo katã ku. Woyɔa teƒe ma le Gibeon va se ɖe egbe be “Yi ƒe gbedzi.”
Each man seized his opponent by the head and thrust his sword into the side of his opponent, and they fell down together. Therefore that place was called “Helkath Hazzurim,” or “Field of Swords,” which is in Gibeon.
17 Aʋakɔ eveawo de asi aʋawɔwɔ me azɔ eye hafi zã nado la, Yoab kple David ƒe amewo ɖu Abner kple eƒe amewo tso Israel dzi.
The battle was very severe that day and Abner and the men of Israel were defeated before the servants of David.
18 Yoab nɔviŋutsuwo, Abisai kple Asahel hã nɔ aʋawɔlawo dome. Asahel ƒua du abe zi ene
The three sons of Zeruiah were there: Joab, and Abishai, and Asahel. Asahel was swift in his feet like a wild gazelle.
19 eye eya ɖeka kplɔ Abner ɖo. Medze ɖe ɖusi alo mia me le Abner yome o.
Asahel closely pursued Abner and followed him without turning away in any direction.
20 Esi Abner nye kɔ kpɔ megbe eye wòkpɔ Asahel wògbɔna la, ebiae be, “Wòe nye ema, Asahel?” Asahel ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee!”
Abner looked behind him and said, “Is that you Asahel?” He answered, “It is I.”
21 Abner gblɔ nɛ be, “Ti ame bubu yome!” Ke Asahel gbe eye wòyi eyometiti dzi.
Abner said to him, “Turn aside to your right or to your left, and seize one of the young men and take his armor.” But Asahel would not turn aside.
22 Abner gado ɣli gblɔ nɛ be, “Dzo le afi sia. Ne mewu wò la, nyemate ŋu anɔ te ɖe nɔviwò Yoab nu o.”
So Abner said again to Asahel, “Stop pursuing me. Why should I strike you to the ground? How then could I hold up my face to Joab, your brother?”
23 Ke egbe, megbugbɔ o. Ale Abner ƒo akplɔ ɖe dɔ me nɛ eye akplɔ la ŋɔe do ɖe eƒe dzime. Edze anyi, heku eye ame sia ame si va ɖo afi si wòmlɔ la tɔna ɖe afi ma.
But Asahel refused to turn aside, and so Abner stabbed him in the body with the blunt end of his spear, so that the spear came out the other side. Asahel fell down and died there. So it came about that anyone who arrived at the place where Asahel fell down and died, he stopped and stood still.
24 Azɔ la, Yoab kple Abisai ti Abner yome. Ɣe la nɔ to ɖom esi wova ɖo Ama togbɛ la gbɔ le Gia lɔƒo le mɔ si yi Gibeon gbegbe la dzi.
But Joab and Abishai pursued Abner. When the sun was going down, they came to the hill of Ammah, which is near Giah by the road to the wilderness of Gibeon.
25 Abner ƒe aʋawɔlawo tso Benyamin ƒe to la me ƒu asaɖa anyi ɖe to la tame.
The men of Benjamin gathered themselves together behind Abner and stood on the top of the hill.
26 Abner do ɣli gblɔ na Yoab be, “Ɖe míatsɔ míaƒe yiwo anɔ mía nɔewo wuwu dzi ɖaa? Ɣe ka ɣie nàna wò amewo nagbugbɔ le wo nɔviwo yome?”
Then Abner called to Joab and said, “Must the sword devour forever? Do you not know it will be bitter in the end? How long will it be before you tell your men to stop pursuing their brothers?”
27 Yoab ɖo eŋu be, “Metsɔ Mawu ka atam be, ne menye ɖe nèƒo nu o gɔ̃ hã la, anye ne mí katã míatrɔ adzo, ayi aƒe me etsɔ ŋdi.”
Joab replied, “Just as God lives, if you had not said that, my soldiers would have pursued their brothers until the morning!”
28 Tete Yoab ku kpẽ eye eƒe amewo dzudzɔ Israel ƒe aʋakɔ la yometiti.
So Joab blew the trumpet, and all his men stopped and did not pursue Israel anymore, nor did they fight anymore.
29 Gbe ma gbe fiẽ la, Abner kple eƒe amewo gbugbɔ to Araba. Woyi Yɔdan ƒe balime, tso tɔsisi la eye wozɔ mɔ le zã va se ɖe ŋufɔke ŋdi hafi woɖo Mahanaim.
Abner and his men traveled all that night through the Arabah. They crossed the Jordan, marched all the next morning, and then reached Mahanaim.
30 Yoab trɔ le Abner yome eye ekple eƒe amewo hã trɔ yi aƒe. Esi wòxlẽ eƒe amewo kpɔ la, ede dzesii be ame wuiasiekɛ koe tsi aʋa hekpe ɖe Asahel ŋu.
Joab returned from pursuing Abner. He assembled all his men, from whom were missing Asahel and nineteen of David's soldiers.
31 Ke Abner ƒe ame alafa etɔ̃ blaade, ame siwo tso Benyamin ƒe to la me la ku.
But the men of David had killed 360 men of Benjamin with Abner.
32 Yoab kple eƒe amewo kɔ Asahel ƒe kukua yi Betlehem eye woɖii ɖe fofoa xa. Le esia megbe la, wozɔ mɔ to zã blibo la me eye woɖo Hebron le ŋdi.
Then they took up Asahel and buried him in the tomb of his father, which was in Bethlehem. Joab and his men traveled all night, and the day dawned on them at Hebron.