< Samuel 2 19 >
1 Du ɖo Yoab gbɔ kaba be fia la nɔ avi fam na Absalom.
有人告訴約押說:「王為押沙龍哭泣悲哀。」
2 Esi amewo se be fia la nɔ nu xam vevie la, gbe ma gbe ƒe dzidzɔ le woƒe dziɖuɖu wɔnuku la ta trɔ zu nuxaxa gã aɖe.
眾民聽說王為他兒子憂愁,他們得勝的歡樂卻變成悲哀。
3 Aʋakɔ blibo la te ɖɔɖɔɖɔ va dua me abe ɖe woɖu wo dzi eye wogbɔ kple ŋukpe ene.
那日眾民暗暗地進城,就如敗陣逃跑、慚愧的民一般。
4 Fia la tsyɔ asi mo, nɔ avi fam henɔ gbɔgblɔm be, “Oo, vinye Absalom, oo, Absalom, vinye, vinye!”
王蒙着臉,大聲哭號說:「我兒押沙龍啊!押沙龍,我兒,我兒啊!」
5 Yoab yi Fia la gbɔ le eƒe xɔ me eye wògblɔ nɛ be, “Míeɖe wò ŋutɔ, viwò ŋutsuwo, viwò nyɔnuwo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãviwo ƒe agbe egbe, ke èle nu wɔm ale eye nèna ŋukpe lé mí abe vo aɖee míeda ene.
約押進去見王,說:「你今日使你一切僕人臉面慚愧了!他們今日救了你的性命和你兒女妻妾的性命,
6 Èle fiafiam be yelɔ̃ ame siwo lé fu ye eye yelé fu ame siwo lɔ̃ ye. Edze abe míexɔ asi le gbɔwò kura o ene. Nenye ɖe Absalom le agbe eye mí katã míeku la, anye ne àkpɔ dzidzɔ.
你卻愛那恨你的人,恨那愛你的人。你今日明明地不以將帥、僕人為念。我今日看明,若押沙龍活着,我們都死亡,你就喜悅了。
7 Azɔ, do go nàda ŋkɔ ɖe wò aʋawɔlawo dzi elabena metsɔ Yehowa ka atam be ne mèyi ɖakafu wo o la, wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã matsi afi sia le zã sia me o. Ekema àxaxa azɔ wu ale si nèxaxa kpɔ le wò agbenɔnɔ blibo la me.”
現在你當出去,安慰你僕人的心。我指着耶和華起誓:你若不出去,今夜必無一人與你同在一處;這禍患就比你從幼年到如今所遭的更甚!」
8 Fia la tso eye wòyi ɖanɔ dua ƒe agbonu. Esi amewo se be, “Fia la nɔ anyi ɖe dua ƒe agbonu” la, wo katã va ƒo ƒu ɖe eŋu. Le ɣeyiɣi sia me la, Israel ƒe aʋawɔlawo katã ka hlẽ: ame sia ame yi eya ŋutɔ ƒe aƒe me.
於是王起來,坐在城門口。眾民聽說王坐在城門口,就都到王面前。 以色列人已經逃跑,各回各家去了。
9 Wode asi nyahehe me le wo ɖokuiwo dome henɔ gbɔgblɔm be, “Fia David ɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me. Eɖe mí tso Filistitɔwo ƒe asi me, ke azɔ la esi le Absalom nu eye wòdzo le anyigba la dzi.
以色列眾支派的人紛紛議論說:「王曾救我們脫離仇敵的手,又救我們脫離非利士人的手,現在他躲避押沙龍逃走了。
10 Míesi ami na Absalom abe míaƒe fia ene, ke wowui le aʋa me. Ekema nu ka ta ame aɖeke madze agbagba ana Fia David natrɔ agbɔ o?”
我們膏押沙龍治理我們,他已經陣亡。現在為甚麼不出一言請王回來呢?」
11 Fia David ɖo du sia ɖe Zadok kple Abiata, ame siwo nye nunɔlawo la be, “Mibia Yuda ƒe ametsitsiwo be, ‘Nu ka ta miawoe anye ame mamlɛtɔ siwo agbugbɔ fia la va eƒe fiasã la me esi nya si gblɔm wole le Israelnyigba blibo la dzi la ɖo fia la gbɔ le eƒe nɔƒe?
大衛王差人去見祭司撒督和亞比亞他,說:「你們當向猶大長老說:『以色列眾人已經有話請王回宮,你們為甚麼落在他們後頭呢?
12 Miawoe nye nɔvinyewo, nye ŋutɔ nye ŋutilã kple ʋu eya ta nu ka ta miawoe anye ame mamlɛtɔ agbugbɔ Fia la vɛ?’
你們是我的弟兄,是我的骨肉,為甚麼在人後頭請王回來呢?』
13 Migblɔ na Amasa be, ‘Menye nye ŋutɔ nye lã kple ʋue nènye oa? Mawu nafiam, agafiam ɖe edzi wu, ne tso azɔ dzi yina la, wò Amasa, manye aʋafia na nye aʋakɔ la ɖe Yoab teƒe o fĩi.’”
也要對亞瑪撒說:『你不是我的骨肉嗎?我若不立你替約押常作元帥,願上帝重重地降罰與我!』」
14 Amasa ɖe nya me na Yuda ƒe kplɔlawo katã eye wolɔ̃ abe ame ɖeka ene. Woɖo du ɖe fia la be, “Gbugbɔ va mía gbɔ kple ŋuwòmewo katã.”
如此就挽回猶大眾人的心,如同一人的心。他們便打發人去見王,說:「請王和王的一切臣僕回來。」
15 Ale fia la dze mɔ ɖo ta Yerusalem. Esi wòva ɖo Yɔdan tɔsisi la to la, edze abe ame siwo katã le Yuda la, ɖe wova Gilgal be yewoakpee, akplɔe atso tɔsisi lae ene!
王就回來,到了約旦河。猶大人來到吉甲,要去迎接王,請他過約旦河。
16 Simei, Benyamintɔ, Gera ƒe vi, ame si tso Bahurim la ɖe abla tso tɔsisi la kple ame siwo tso Yuda be yewoado dzaa na Fia la.
巴戶琳的便雅憫人、基拉的兒子示每急忙與猶大人一同下去迎接大衛王。
17 Ame akpe ɖeka tso Benyamin ƒe viwo dome nɔ eŋu. Ziba, Saul ƒe subɔla kple Ziba ƒe viŋutsu wuiatɔ̃ kple subɔla blaeve hã nɔ ame siawo dome. Woyi Yɔdan tɔsisi la to be yewoatre afi ma ɖoɖo na fia la.
跟從示每的有一千便雅憫人,還有掃羅家的僕人洗巴和他十五個兒子,二十個僕人;他們都詵過約旦河迎接王。
18 Wo katã wona kpekpeɖeŋu fia la kple eƒe aƒemetɔwo kple aʋawɔlawo eye wokpe ɖe wo ŋu ale si woate ŋui. Esi fia la va yina la, Simei, Gera ƒe vi mlɔ anyigba le eŋkume
有擺渡船過去,渡王的家眷,任王使用。 王要過約旦河的時候,基拉的兒子示每就俯伏在王面前,
19 eye wòɖe kuku nɛ be, “Nye aƒetɔ kple fia, meɖe kuku na wò, tsɔ nu vɔ̃ɖi siwo mewɔ esi nèdzo le Yerusalem la kem eye nàŋlɔ wo be
對王說:「我主我王出耶路撒冷的時候,僕人行悖逆的事,現在求我主不要因此加罪與僕人,不要記念,也不要放在心上。
20 elabena medze si nye nu vɔ̃ eya ta meva afi sia egbe. Nyee nye ame gbãtɔ tso Yosef ƒe to la me be mado dzaa na wò nye aƒetɔ la egbea.”
僕人明知自己有罪,所以約瑟全家之中,今日我首先下來迎接我主我王。」
21 Abisai, Zeruya ƒe vi, bia be, “Ɖe womawu Simei esi wòƒo fi de Yehowa ƒe amesiamina la oa?”
洗魯雅的兒子亞比篩說:「示每既咒罵耶和華的受膏者,不應當治死他嗎?」
22 David blu ɖe eta gblɔ be, “Nya kae le nye kple mi Zeruya ƒe viwo dome? Egbe miezu nye futɔwo. Ɖe wòle be woawu ame aɖe le Israel egbea? Ɖe mènya be egbea menye fia le Israel oa?”
大衛說:「洗魯雅的兒子,我與你們有何關涉,使你們今日與我反對呢?今日在以色列中豈可治死人呢?我豈不知今日我作以色列的王嗎?」
23 Fia la trɔ ɖe Simei ŋu eye wògblɔ be, “Mana nànɔ agbe.” Ale fia la ka atam ɖe nya sia dzi nɛ.
於是王對示每說:「你必不死。」王就向他起誓。
24 Mefiboset, Saul ƒe tɔgbuiyɔvi hã yi be yeakpe fia la. Tso gbe si gbe fia la dzo va se ɖe esime wòtrɔ gbɔ dedie la, Mefiboset meklɔ eƒe afɔwo alo fɔ eƒe nuge dzi loo alo nya eƒe awuwo o.
掃羅的孫子米非波設也下去迎接王。他自從王去的日子,直到王平平安安地回來,沒有修腳,沒有剃鬍鬚,也沒有洗衣服。
25 Esi wòtso Yerusalem va be yeakpe fia la la, fia la biae be, “Nu ka ta mèyi kplim o, Mefiboset?”
他來到耶路撒冷迎接王的時候,王問他說:「米非波設,你為甚麼沒有與我同去呢?」
26 Eɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ kple nye fia, nye subɔla Zibae blem. Megblɔ nɛ be, bla akpa na nye tedzi nam ale be mate ŋu ayi kple fia la! Wò ŋutɔ ènya be tekunɔe menye.
他回答說:「我主我王,僕人是瘸腿的。那日我想要備驢騎上,與王同去,無奈我的僕人欺哄了我,
27 Ke Ziba gblẽ nye ŋkɔ gblɔ be, ɖe megbe koŋ be nyemava o. Ke menya be èle abe mawudɔla ene eya ta wɔ nu si nyo na wò.
又在我主我王面前讒毀我。然而我主我王如同上帝的使者一般,你看怎樣好,就怎樣行吧!
28 Ku koe nye kple nye ƒometɔwo katã míakpɔ mɔ na tso gbɔwò hafi, ke le esia teƒe la, ède bubu ŋunye le ame siwo katã ɖua nu kpli wò le kplɔ̃ ŋu la dome! Ekema, nu ka ta malĩ liʋĩliʋĩ?”
因為我祖全家的人,在我主我王面前都算為死人,王卻使僕人在王的席上同人吃飯,我現在向王還能辨理訴冤嗎?」
29 David gblɔ be, “Enyo, nye ɖoɖoe nye be wò kple Ziba miama anyigba la sɔsɔe ɖe mi ame evea dome.”
王對他說:「你何必再提你的事呢?我說,你與洗巴均分地土。」
30 Ke Mefiboset gblɔ na fia la be, “Tsɔ anyigba la katã nɛ: nye aƒetɔ ƒe tɔtrɔgbɔ ɖeɖe sɔ gbɔ nam!”
米非波設對王說:「我主我王既平平安安地回宮,就任憑洗巴都取了也可以。」
31 Barzilai, Gileadtɔ la hã tso Rogelim va be yeatso Yɔdan tɔsisi la kple fia la eye wòayi eƒe mɔ dzi tso afi sia.
基列人巴西萊從羅基琳下來,要送王過約旦河,就與王一同過了約旦河。
32 Azɔ la, Barzilai nye amegãɖeɖi aɖe: exɔ ƒe blaenyi. Ekpɔ fia la dzi le esime wònɔ Mahanaim elabena enye hotsuitɔ gã aɖe ŋutɔ.
巴西萊年紀老邁,已經八十歲了。王住在瑪哈念的時候,他就拿食物來供給王;他原是大富戶。
33 Fia la gblɔ na Barzilai be, “Tso tɔsisi la kplim eye nàva nɔ Yerusalem; makpɔ dziwò le afi ma.”
王對巴西萊說:「你與我同去,我要在耶路撒冷那裏養你的老。」
34 Ke Barzilai ɖo eŋu na fia la be, “Ƒe nenie gasusɔ nam be manɔ agbe hafi magakplɔ wò ɖo ayi Yerusalem?
巴西萊對王說:「我在世的年日還能有多少,使我與王同上耶路撒冷呢?
35 Egbe mexɔ ƒe blaenyi; ɖe magate ŋu ade vovototo nu si nyo kple nu si menyo o la domea? Ɖe nuɖuɖu kple nunono agasɔ aɖe dzi na wò dɔla abe tsã enea? Alo ɖe ŋutsu kple nyɔnu hadzihawo ƒe ha agasɔ to me nam abe tsã enea? Nu ka wɔ nye aƒetɔ, fia la aɖe mɔ be nye, wò dɔla, mazu agba na wò?
僕人現在八十歲了,還能嘗出飲食的滋味、辨別美惡嗎?還能聽男女歌唱的聲音嗎?僕人何必累贅我主我王呢?
36 Ke wò dɔla atso Yɔdan tɔsisi la kpli wò, ade afɔ mɔ me na wò ʋɛe. Ke nu ka ta fia la natsɔ fetu geɖe sia nam ɖo?
僕人只要送王過約旦河,王何必賜我這樣的恩典呢?
37 Meɖe kuku, na wò dɔla natrɔ adzo, ale be maku ɖe mía dedu me be mate ɖe fofonye kple danye ƒe yɔdowo ŋu. Ke wò dɔla, Kimham, nye esi; na wòakplɔ nye aƒetɔ fia la ɖo, be wòawɔ nu sia nu si nyo eye wòdze la na wò.”
求你准我回去,好死在我本城,葬在我父母的墓旁。這裏有王的僕人金罕,讓他同我主我王過去,可以隨意待他。」
38 Fia la gblɔ be, “Kimham atso tɔ la kplim eye mawɔ nu sia nu si nèdzro la nɛ eye mawɔ nu sia nu si nèdzro la na wò.”
王說:「金罕可以與我同去,我必照你的心願待他。你向我求甚麼,我都必為你成就。」
39 Ale ameawo katã tso Yɔdan tɔsisi la kple fia la. Fia la kpla asi kɔ na Barzilai, yrae eye Barzilai trɔ yi aƒe.
於是眾民過約旦河,王也過去。王與巴西萊親嘴,為他祝福,巴西萊就回本地去了。
40 Fia la kplɔ Kimham ɖe asi eye woyi Gilgal. Ame geɖewo tso Yuda kple Israelviwo ƒe afã nɔ afi ma be yewoaxɔe.
王過去,到了吉甲,金罕也跟他過去。猶大眾民和以色列民的一半也都送王過去。
41 Ke Israelviwo fa konyi na fia la be ame siwo tso Yuda koe kpe ɖe eya ŋutɔ kple eƒe aƒemetɔwo ŋu le Yɔdan tɔsisi la tsotso me.
以色列眾人來見王,對他說:「我們弟兄猶大人為甚麼暗暗送王和王的家眷,並跟隨王的人過約旦河?」
42 Yuda ƒe viwo ɖo eŋu be, “Nu kae gblẽ le nu sia ŋu? Míaƒe to la mee fia la tso, nu ka ta nu sia ado dɔmedzoe na mi? Míexɔ ga aɖeke le esi o. Mena nuɖuɖu alo nunana aɖeke mí o!”
猶大眾人回答以色列人說:「因為王與我們是親屬,你們為何因這事發怒呢?我們吃了王的甚麼呢?王賞賜了我們甚麼呢?」
43 Israelviwo ɖo eŋu be, “To ewoe le Israel eya ta míawo tɔe nye teƒe ewo le fia la ƒe nyawo me. Nu ka ta miekpe míaƒe ame mamlɛawo o? Miɖo ŋku edzi be míawoe nye ame gbãtɔ siwo do susua ɖa be míana wòatrɔ agbɔ agava nye míaƒe fia.” Wohe nya sia ɣeyiɣi didi aɖe, ke Yuda ŋutsuwo ƒe nyawo ɖu Israel ŋutsuwo tɔwo dzi.
以色列人回答猶大人說:「按支派,我們與王有十分的情分;在大衛身上,我們也比你們更有情分。你們為何藐視我們,請王回來不先與我們商量呢?」 但猶大人的話比以色列人的話更硬。