< Samuel 2 17 >
1 Azɔ la, Ahitofel gblɔ na Absalom be, “Na ame akpe wuievem ne míati David yome le zã sia me.
亞希多弗又對押沙龍說:「求你准我挑選一萬二千人,今夜我就起身追趕大衛,
2 Madze edzi esi ɖeɖi te eŋu eye wògbɔdzɔ. Made vɔvɔ̃ lãme nɛ ekema eŋumewo katã asi, agblẽe ɖi. Mawu fia la ɖeɖe ko,
趁他疲乏手軟,我忽然追上他,使他驚惶;跟隨他的民必都逃跑,我就單殺王一人,
3 eye makplɔ ame bubuawo katã vɛ na wò. Ame si dim nèle ƒe ku la anye ame bubuawo ƒe tɔtrɔ gbɔ; nuvevi mawɔ ame bubuawo dometɔ aɖeke o.”
使眾民都歸順你。你所尋找的人既然死了,眾民就如已經歸順你;這樣,也都平安無事了。」
4 Absalom kple Israel ƒe ametsitsiwo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi.
押沙龍和以色列的長老都以這話為美。
5 Ke Absalom gblɔ be, “Mina míabia Husai, Arkitɔ la, nu si wòbu tso ɖoɖo sia ŋu.”
押沙龍說:「要召亞基人戶篩來,我們也要聽他怎樣說。」
6 Esi Husai va ɖo la, Absalom gblɔ nya si Ahitofel gblɔ la nɛ eye wòbia Husai be, “Aleke nèbu tso ɖoɖo sia ŋu? Ɖe míazɔ ɖe Ahitofel ƒe aɖaŋu nua? Ne mèda asi ɖe edzi o la, ekema gblɔ nu si nèbu be míawɔ la na mí.”
戶篩到了押沙龍面前,押沙龍向他說:「亞希多弗是如此如此說的,我們照着他的話行可以不可以?若不可,你就說吧!」
7 Husai ɖo eŋu na Absalom be, “Mebu be azɔ ya la, Ahitofel da ƒu.
戶篩對押沙龍說:「亞希多弗這次所定的謀不善。」
8 Ènya fofowò kple eƒe amewo nyuie, ènya be wonye aʋawɔla sesẽwo. Ɖewohĩ David ƒe mo nyra ɖa abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi le egbɔ la ene. Aʋawɔla xɔŋkɔ, kpɔnuteƒee fofowò nye, ne zã do la, mamlɔ aʋawɔlawo dome o.
戶篩又說:「你知道,你父親和跟隨他的人都是勇士,現在他們心裏惱怒,如同田野丟崽子的母熊一般,而且你父親是個戰士,必不和民一同住宿。
9 Ɖewohĩ ebe ɖe do alo agado aɖe me ɖa xoxo! Ne edo va dze mia dzi eye wòwu miaƒe ame aɖewo la, vɔvɔ̃ aɖo wò aʋawɔlawo eye ame sia ame ade asi ɣlidodo me be wosi aʋakɔ si kplɔ Absalom ɖo.
他現今或藏在坑中或在別處,若有人首先被殺,凡聽見的必說:『跟隨押沙龍的民被殺了。』
10 Ekema wò kalẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã, nenye dzata ƒe dzie le dɔ me na wo gɔ̃ hã la, vɔvɔ̃ ana woatsi teƒe ɖeka elabena Israel blibo la nya be fofowò bi ɖe aʋawɔwɔ me eye eƒe asrafowo hã nye kalẽtɔwo.
雖有人膽大如獅子,他的心也必消化;因為以色列人都知道你父親是英雄,跟隨他的人也都是勇士。
11 “Nu si mebue nye be nàƒo Israel dukɔ blibo la ƒe aʋakɔ la nu ƒu tso keke Dan va se ɖe Beerseba ale be aʋakɔ gã aɖe nanɔ asiwò. Mebu hã be wò ŋutɔ nàkplɔ aʋakɔ la.
依我之計,不如將以色列眾人-從但直到別是巴,如同海邊的沙那樣多-聚集到你這裏來,你也親自率領他們出戰。
12 Ekema ne mieke ɖe David ŋu la, miate ŋu atsrɔ̃ eƒe aʋakɔ blibo la ale be ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã masusɔ anɔ agbe o.
這樣,我們在何處遇見他,就下到他那裏,如同露水下在地上一般,連他帶跟隨他的人,一個也不留下。
13 Ne David si yi du aɖe me la, Israel ƒe aʋakɔ blibo la anɔ wò kpɔkplɔ te, miatsi kawo ɖe dua ƒe gliwo ŋu eye miahe gliawo ayi aɖakɔ ɖe balime si te ɖe eŋu la me va se ɖe esime kpe aɖeke maganɔ kpe dzi o.”
他若進了哪一座城,以色列眾人必帶繩子去,將那城拉到河裏,甚至連一塊小石頭都不剩下。」
14 Tete Absalom kple Israelviwo katã gblɔ be, “Husai, Arkitɔ la ƒe aɖaŋu nyo wu Ahitofel tɔ.” Esia va eme elabena Yehowa ɖo be, yeagblẽ Ahitofel ƒe aɖaŋu, si nye nyuitɔ boŋ hafi la me ale be yeahe dzɔgbevɔ̃e va Absalom dzi.
押沙龍和以色列眾人說:「亞基人戶篩的計謀比亞希多弗的計謀更好!」這是因耶和華定意破壞亞希多弗的良謀,為要降禍與押沙龍。
15 Husai gblɔ na nunɔla Zadok kple Abiata bena; Ale kple ale Ahitofel ɖo aɖaŋu na Absalom kple Israel ametsitsiwo kple eya ŋutɔ tɔ na nunɔlawo.
戶篩對祭司撒督和亞比亞他說:「亞希多弗為押沙龍和以色列的長老所定的計謀是如此如此,我所定的計謀是如此如此。
16 Egblɔ na wo be, “Afɔ netsɔ! Midi David enumake eye miagblɔ nɛ be, meganɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe tɔtsoƒe le zã sia me o ke boŋ ele be wòatso tɔsisi la enumake ayi gbedzi le tɔsisi la godo. Ne mewɔ alea o la, eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ la katã atsrɔ̃.”
現在你們要急速打發人去,告訴大衛說:『今夜不可住在曠野的渡口,務要過河,免得王和跟隨他的人都被吞滅。』」
17 Yonatan kple Ahimaaz nɔ En Rogel ale be amewo makpɔ wo ne woge ɖe dua me alo wodo go le dua me o. Wowɔ ɖoɖo kple nyɔnudɔla aɖe be wòayi aɖagblɔ nya si woagblɔ na David la na wo.
那時,約拿單和亞希瑪斯在隱‧羅結那裏等候,不敢進城,恐怕被人看見。有一個使女出來,將這話告訴他們,他們就去報信給大衛王。
18 Ke esi wodzo le En Rogel yina David gbɔ la, ŋutsu aɖe kpɔ wo eye wòyi ɖagblɔe na Absalom. Le ɣeyiɣi sia me la, wosi yi Bahurim eye ŋutsu aɖe ɣla wo ɖe eƒe vudo me le eƒe aƒe godo.
然而有一個童子看見他們,就去告訴押沙龍。他們急忙跑到巴戶琳某人的家裏;那人院中有一口井,他們就下到井裏。
19 Ŋutsua srɔ̃ ɖo avɔ aɖe ɖe vudo la nu eye wosia bli ɖe avɔ la dzi ale be ame aɖeke mabu be woanɔ afi ma o.
那家的婦人用蓋蓋上井口,又在上頭鋪上碎麥,事就沒有洩漏。
20 Esi Absalom ƒe amewo va nyɔnu la gbɔ la, wobia be, “Afi ka Ahimaaz kple Yonatan wole?” Nyɔnu la gblɔ na wo be, “Wotso tɔʋu la xoxo.” Ameawo di wo gake womekpɔ wo o, ale wotrɔ yi Yerusalem.
押沙龍的僕人來到那家,問婦人說:「亞希瑪斯和約拿單在哪裏?」婦人說:「他們過了河了。」 僕人找他們,找不着,就回耶路撒冷去了。
21 Ame eveawo do le vudo la me eye woɖe abla yi Fia David gbɔ. Wogblɔ nɛ be, “Afɔ netsɔ! Tso Yɔdan tɔsisi la le zã sia me.” Wogblɔ ale si Ahitofel ɖo aɖaŋu na Absalom be wòalée, awui la hã nɛ.
他們走後,二人從井裏上來,去告訴大衛王說:「亞希多弗如此如此定計害你,你們務要起來,快快過河。」
22 Ale David kple eŋumewo katã tso tɔsisi la le zã ma me eye woɖo tɔsisi la godo hafi ŋu ke.
於是大衛和跟隨他的人都起來,過約旦河。到了天亮,無一人不過約旦河的。
23 Le ɣeyiɣi ma me la, esi Absalom do ŋukpe Ahitofel le dukɔ la ŋkume eye mexɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo o ta la, Ahitofel de eƒe tedzi dzi eye wòyi wo de. Esi wòdzra eƒe aƒe ɖo vɔ la, ede ka ve na eɖokui. Ale Ahitofel ku eye woɖii ɖe fofoa xa.
亞希多弗見不依從他的計謀,就備上驢,歸回本城;到了家,留下遺言,便吊死了,葬在他父親的墳墓裏。
24 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, David va ɖo Mahanaim. Absalom ƒo Israel dukɔ blibo la nu ƒu eye wòkplɔ ameawo wonɔ tɔsisi la tsom.
大衛到了瑪哈念,押沙龍和跟隨他的以色列人也都過了約旦河。
25 Absalom na Amasa zu aʋafia ɖe Yoab teƒe. Amasa fofoe nye Itra, Ismaeltɔ eye dadae nye Abigail, Nahas ƒe vinyɔnu, ame si nye Yoaz dada, Zeruya nɔvinyɔnu.
押沙龍立亞瑪撒作元帥,代替約押。亞瑪撒是以實瑪利人 以特拉的兒子。以特拉曾與拿轄的女兒亞比該親近;這亞比該與約押的母親洗魯雅是姊妹。
26 Absalom kple Israel ƒe aʋakɔ la ƒo ƒu ɖe Gileadnyigba dzi.
押沙龍和以色列人都安營在基列地。
27 Esi David va ɖo Mahanaim la, Sobi, Nahas ƒe vi si tso Amon ƒe viwo ƒe Raba kple Makir, Amiel ƒe vi si tso Lo Debar kple Barzilai, Gileadtɔ la si tso Rogelun la
大衛到了瑪哈念,亞捫族的拉巴人拿轄的兒子朔比,羅‧底巴人亞‧米利的兒子瑪吉,基列的羅基琳人巴西萊,
28 tsɔ abadzivɔwo, agbawo kple zewo vɛ. Wotsɔ lu kple ƒo, wɔ, bli tɔtɔe, ayi kple
帶着被、褥、盆、碗、瓦器、小麥、大麥、麥麵、炒穀、豆子、紅豆、炒豆、
29 anyitsi, nyinotsi babla, alẽwo kple akpɔnɔ si wowɔ kple nyinotsi la hã vɛ na David kple eƒe amewo be woaɖu. Wogblɔ be, “Dɔ le ameawo wum, ɖeɖi te wo ŋu eye tsikɔ hã le wo wum le gbegbea.”
蜂蜜、奶油、綿羊、奶餅,供給大衛和跟隨他的人吃;他們說:「民在曠野,必飢渴困乏了。」