< Samuel 2 16 >

1 Esi David to toa tame yina sẽe ko la, Ziba, ame si nye Mefiboset ƒe aƒedzikpɔla la va tui. Etsɔ abolo alafa eve, waintsetse ƒuƒu ka alafa ɖeka, waintsetse mumu kpo alafa ɖeka kple wain adzafi sue ɖeka ɖe tedzi eve dzi vɛ.
大衛剛過山頂,見米非波設的僕人洗巴拉着備好了的兩匹驢,驢上馱着二百麵餅,一百葡萄餅,一百個夏天的果餅,一皮袋酒來迎接他。
2 Fia la bia Ziba be, “Nu ka míawɔ kple nu siawo?” Ziba ɖo eŋu be, “Tedziawo nye wò amewo tɔ be woanɔ dodom, aboloawo kple kutsetseawo nye ɖekakpuiawo ƒe nuɖuɖu. Ne ɖeɖi te ŋuwòme aɖe ŋu le gbegbea la, wòano wain la.”
王問洗巴說:「你帶這些來是甚麼意思呢?」洗巴說:「驢是給王的家眷騎的;麵餅和夏天的果餅是給少年人吃的;酒是給在曠野疲乏人喝的。」
3 Fia la bia be, “Afi ka Mefiboset le?” Ziba ɖo eŋu be, “Enɔ Yerusalem; egblɔ be, ‘Mezu fia azɔ! Egbe la maxɔ fofonye, Saul, ƒe fiaɖuƒe la!’”
王問說:「你主人的兒子在哪裏呢?」洗巴回答王說:「他仍在耶路撒冷,因他說:『以色列人今日必將我父的國歸還我。』」
4 Fia la gblɔ na Ziba be, “Ekema metsɔ nu sia nu si nye etɔ la na wò.” Ziba ɖo eŋu be, “Akpe na wò; meda akpe gã aɖe na wò, nye amegã.”
王對洗巴說:「凡屬米非波設的都歸你了。」洗巴說:「我叩拜我主我王,願我在你眼前蒙恩。」
5 Esi David kple eŋumewo gogo Bahurim la, ŋutsu aɖe do go tso kɔƒe aɖe me heƒo fi de wo. Ame siae nye Simei, Gera ƒe vi eye wòganye Saul ƒe ƒometɔ.
大衛王到了巴戶琳,見有一個人出來,是掃羅族基拉的兒子,名叫示每。他一面走一面咒罵,
6 Eda kpe Fia la kple eƒe aʋafiawo kple aʋawɔla siwo katã ƒo xlãe!
又拿石頭砍大衛王和王的臣僕;眾民和勇士都在王的左右。
7 Simei ƒo fi de David kple ɣli be, “Bu le afi sia, bu le afi sia, wò hlɔ̃dola kple ame vɔ̃ɖi!
示每咒罵說:「你這流人血的壞人哪,去吧去吧!
8 Yehowa xe fe na wò ɖe ʋu siwo katã nèkɔ ɖe anyi le Saul, ame si teƒe nèle fia ɖum le la ƒe aƒe me eya ta Yehowa xɔ fiaɖuƒe la na viwò Absalom. Ège ɖe dzɔgbevɔ̃e me elabena ènye hlɔ̃dola!”
你流掃羅全家的血,接續他作王;耶和華把這罪歸在你身上,將這國交給你兒子押沙龍。現在你自取其禍,因為你是流人血的人。」
9 Abisai bia be, “Nu ka ta avu kuku sia aƒo fi ade wò, nye aƒetɔ, fia, mahã? Ɖe mɔ nam matso ta le enu!”
洗魯雅的兒子亞比篩對王說:「這死狗豈可咒罵我主我王呢?求你容我過去,割下他的頭來。」
10 Ke fia la gblɔ be, “Nya kae le nye kple miawo, Zeruya ƒe viwo, dome? Ne ele ɖiŋu dom elabena Yehowae gblɔ nɛ be, ‘Ƒo fi de David’ la, ame ka ate ŋu abia be, ‘Nu ka ta nèle nu sia wɔm ɖo?’”
王說:「洗魯雅的兒子,我與你們有何關涉呢?他咒罵是因耶和華吩咐他說:『你要咒罵大衛。』如此,誰敢說你為甚麼這樣行呢?」
11 David gblɔ na Abisai kple eŋumewo be, “Vinye, ame si nye nye ŋutɔ nye ŋutilã la, le agbagba dzem be yeawum, ekema nu ka Benyamintɔ sia mawɔ o? Zi kpi kpɔe wòaƒo fi dem elabena Yehowae ɖoe nɛ.
大衛又對亞比篩和眾臣僕說:「我親生的兒子尚且尋索我的性命,何況這便雅憫人呢?由他咒罵吧!因為這是耶和華吩咐他的。
12 Alo ɖewohĩ Yehowa akpɔe be edo ɖiŋu nam dzodzro eye wòayram le eƒe fiƒodewo ta.”
或者耶和華見我遭難,為我今日被這人咒罵,就施恩與我。」
13 Ale David kplɔ eƒe amewo yi mɔzɔzɔ la dzi eye Simei hã nɔ zɔzɔm ɖe wo ŋu le togbɛa ƒe akpa kemɛ. Enɔ fi ƒom de David, nɔ kpe damii eye wònɔ ke wum ɖe yame ɖe wo ŋu.
於是大衛和跟隨他的人往前行走。示每在大衛對面山坡,一面行走一面咒罵,又拿石頭砍他,拿土揚他。
14 Ɖeɖi te Fia la kple eŋumewo katã ŋu azɔ, esime woɖo Bahurim ale wotɔ ɖe afi ma hegbɔ ɖe eme sẽe.
王和跟隨他的眾人疲疲乏乏地到了一個地方,就在那裏歇息歇息。
15 Le ɣeyiɣi sia me la, Absalom kple Israelviwo va ɖo Yerusalem; Ahitofel hã nɔ wo ŋu.
押沙龍和以色列眾人來到耶路撒冷;亞希多弗也與他同來。
16 Esi David xɔlɔ̃, Husai, Arkitɔ la va ɖo la, eyi Absalom gbɔ enumake eye wòdo gbe nɛ be, “Fia nenɔ agbe tegbee. Fia nenɔ agbe tegbee!”
大衛的朋友亞基人戶篩去見押沙龍,對他說:「願王萬歲!願王萬歲!」
17 Absalom biae be, “Aleae nàwɔ ɖe xɔwò, David ŋue nye sia? Nu ka ta mègale egbɔ o?”
押沙龍問戶篩說:「這是你恩待朋友嗎?為甚麼不與你的朋友同去呢?」
18 Husai ɖo eŋu na Absalom be, “Elabena ame si Yehowa kple Israel tia lae mewɔa dɔ na.
戶篩對押沙龍說:「不然,耶和華和這民,並以色列眾人所揀選的,我必歸順他,與他同住。
19 Nu ka ta nyemawɔ nenema o? Mekpe ɖe fofowò ŋu. Azɔ la, makpe ɖe ŋuwò.”
再者,我當服事誰呢?豈不是前王的兒子嗎?我怎樣服事你父親,也必照樣服事你。」
20 Absalom trɔ ɖe Ahitofel gbɔ eye wòbiae be, “Nu ka magawɔ azɔ?”
押沙龍對亞希多弗說:「你們出個主意,我們怎樣行才好?」
21 Ahitofel ɖo eŋu na Absalom be, “Yi nàdɔ fofowò ƒe ahiãviwo gbɔ elabena egblẽ wo ɖe afi sia be woakpɔ fiasã la dzi. Ekema Israel blibo la anya be, èdo vlo fofowò ale gbegbe be ame aɖeke magate ŋu adzra mia dome ɖo o. Ekema ame sia ame adze yowòme.”
亞希多弗對押沙龍說:「你父所留下看守宮殿的妃嬪,你可以與她們親近。以色列眾人聽見你父親憎惡你,凡歸順你人的手就更堅強。」
22 Ale wotu agbadɔ aɖe ɖe fiasã la ƒe xɔta ƒe gbadzaƒe, afi si ame sia ame ate ŋu akpɔ nu le. Absalom yina ɖadɔa fofoa ƒe ahiãviwo gbɔ le agbadɔ la me le Israel blibo la ŋkume.
於是人為押沙龍在宮殿的平頂上支搭帳棚;押沙龍在以色列眾人眼前,與他父的妃嬪親近。
23 Le ŋkeke mawo me la, Ahitofel ƒe aɖaŋu si wòɖona la nɔna abe Mawu gbɔe wobia gbe le ene, ale David kple Absalom siaa dea bubu Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu.
那時亞希多弗所出的主意好像人問上帝的話一樣;他昔日給大衛,今日給押沙龍所出的主意,都是這樣。

< Samuel 2 16 >