< Samuel 2 12 >

1 Ale Yehowa ɖo Nyagblɔɖila Natan ɖa be wòagblɔ ŋutinya sia na David be, “Ŋutsu eve aɖewo le du aɖe me, ɖeka nye kesinɔtɔ gã aɖe eye evelia nye ame dahe.
And the Lord sent Nathan to David: and when he was come to him, he said to him: There were two men in one city, the one rich, and the other poor.
2 Alẽwo kple nyiwo nɔ kesinɔtɔ la si fũu,
The rich man had exceeding many sheep and oxen.
3 ke alẽvi ɖeka pɛ koe nɔ ame dahe la ya si eye eya kple viawo kpɔa dzidzɔ le alẽvi la ŋu ŋutɔ. Ame dahe la nana alẽvi la ɖua nu le eya ŋutɔ ƒe agba me eye wònoa nu le eƒe kplu nu. Elénɛ ɖe abɔ abe via nyɔnuvie wònye ene.
But the poor man had nothing at all but one little ewe lamb, which he had bought and nourished up, and which had grown up in his house together with his children, eating of his bread, and drinking of his cup, and sleeping in his bosom: and it was unto him as a daughter.
4 “Gbe ɖeka la, amedzro aɖe va dze kesinɔtɔ la. Le esime kesinɔtɔ la nalé alẽ ɖeka tso eya ŋutɔ ƒe alẽ gbogboawo dome awu na amedzroa teƒe la, elé ame dahe la ƒe alẽ ɖeka ma, wui eye wòtsɔe ɖa nue na amedzro la.”
And when a certain stranger was come to the rich man, he spared to take of his own sheep and oxen, to make a feast for that stranger, who was come to him, but took the poor man’s ewe, and dressed it for the man that was come to him.
5 David do dɔmedzoe eye wòka atam be, “Meta Yehowa ƒe agbe be ame si wɔ nu sia la dze na ku!
And David’s anger being exceedingly kindled against that man, he said to Nathan: As the Lord liveth, the man that hath done this is a child of death.
6 Ele be wòatsɔ alẽ ene aɖo ɖeka si wòfi la teƒe le eƒe nublanuimakpɔmakpɔ ta.”
He shall restore the ewe fourfold, because he did this thing, and had no pity.
7 Tete Natan gblɔ na David be, “Wò tututue nye kesinɔtɔ ma! Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Meɖo wò fiae ɖe Israel dzi eye meɖe wò tso Saul ƒe asi me;
And Nathan said to David: Thou art the man. Thus saith the Lord the God of Israel: I anointed thee king over Israel, and I delivered thee from the hand of Saul,
8 metsɔ eƒe fiasã, srɔ̃awo, eƒe fiaɖuƒe, Israel kple Yuda siaa na wò. Magate ŋu ana nu geɖewo wò wu ne esiawo mesɔ gbɔ na wò o.
And gave thee thy master’s house and thy master’s wives into thy bosom, and gave thee the house of Israel and Juda: and if these things be little, I shall add far greater things unto thee.
9 Ke nu ka ta nèdo vlo Yehowa ƒe sewo eye nèwɔ nu vɔ̃ɖi sia ɖo? Èwu Uria, Hititɔ eye nèxɔ srɔ̃a!
Why therefore hast thou despised the word of the Lord, to do evil in my sight? Thou hast killed Urias the Hethite with the sword, and hast taken his wife to be thy wife, and hast slain him with the sword of the children of Ammon.
10 Eya ta tso azɔ dzi la, yi madzo le aƒewò me o, elabena edo vlom eye nèxɔ Uria Hititɔ la srɔ̃ ɖe.’
Therefore the sword shall never depart from thy house, because thou hast despised me, and hast taken the wife of Urias the Hethite to be thy wife.
11 “‘Meka atam be le nu si nèwɔ ta la, mana wò ŋutɔ wò aƒemetɔwo natso ɖe ŋuwò. Matsɔ srɔ̃wòwo ana ŋutsu bubuwo eye wòadɔ wo gbɔ le ŋdɔkutsu dzatsɛ be ame sia ame nakpɔ.
Thus saith the Lord: Behold, I will raise up evil against thee out of thy own house, and I will take thy wives before thy eyes I and give them to thy neighhour, and he shall lie with thy wives in the sight of this sun.
12 Èwɔe le bebeme ke nye ya mawɔ nu sia ɖe ŋuwò le gaglãgbe, le Israel blibo la ŋkume.’”
For thou didst it secretly: but I will do this thing in the sight of all Israel, and in the sight of the sun.
13 David ʋu eme nublanuitɔe na Natan be, “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.” Natan ɖo eŋu be, “Ɛ̃, gake Yehowa tsɔe ke wò eye màku le nu vɔ̃ sia ta o
And David said to Nathan: I have sinned against the Lord. And Nathan said to David: The Lord also hath taken away thy sin: thou shalt not die.
14 gake èna mɔnukpɔkpɔ gã aɖe Yehowa ƒe futɔwo be woado vlo Yehowa eye woagblɔ busunyawo ɖe eŋu eya ta viwò la aku.”
Nevertheless, because thou hast given occasion to the enemies of the Lord to blaspheme, for this thing, the child that is born to thee, shall surely die.
15 Natan trɔ yi aƒe me. Yehowa na Uria srɔ̃ ƒe vidzĩ si wòdzi na David la dze dɔ kutɔkutɔe.
And Nathan returned to his house. The Lord also struck the child which the wife of Urias had borne to David, and his life was despaired of.
16 David ɖe kuku na Mawu be wòana ɖevi la natsi agbe, egbe nuɖuɖu eye wòmlɔ anyigba ƒuƒlu le Yehowa ŋkume to zã blibo la me.
And David besought the Lord for the child: and David kept a fast, and going in by himself lay upon the ground.
17 Ametsitsi siwo le eƒe aƒe me la kpɔ egbɔ be woana wòafɔ aɖu nu, gake egbe fɔfɔ eye melɔ̃ hã be yeaɖu naneke kpli wo o.
And the ancients of his house came, to make him rise from the ground: but he would not, neither did he eat meat with them.
18 Le ŋkeke adrea gbe la, ɖevi la ku. David ŋumewo vɔ̃ be yewoagblɔe nɛ. Wogblɔ be “Esi ɖevia nɔ agbe la, míeƒo nu nɛ, ke meɖo to mí o; azɔ la, aleke míawɔ agblɔ nɛ be ɖevia ku? Ate ŋu awɔ nuvevi eɖokui.”
And it came to pass on the seventh day that the child died: and the servants of David feared to tell him, that the child was dead. For they said: Behold when the child was yet alive, we spoke to him, and he would not hearken to our voice: how much more will he afflict himself if we tell him that the child is dead?
19 Ke esi David kpɔ wo wonɔ dalĩ dom na wo nɔewo la, enya nya si dzɔ. Ebia be, “Ɖevia kua?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, eku.”
But when David saw his servants whispering, he understood that the child was dead: and he said to his servants: Is the child dead? They answered him: He is dead.
20 David fɔ le anyigba, le tsi, vu ɖa, ɖɔli awu eye wòyi ɖasubɔ le Yehowa ƒe aƒe me. Le esiawo megbe la, etrɔ va fiasã la me, bia be woaɖa nu na ye eye wòɖu nua nyuie.
Then David arose from the ground, and washed and anointed himself: and when he had changed his apparel, he went into the house of the Lord: and worshipped, and then he came into his own house, and he called for bread, and ate.
21 Nu sia wɔ nuku na eŋumewo eye wogblɔ nɛ be, “Míese wò nuwɔna sia gɔme o. Esi ɖevia nɔ agbe la, èfa avi eye nègbe nuɖuɖu, ke azɔ esi ɖevia ku la, èdzudzɔ konyifafa eye nègade asi nuɖuɖu me.”
And his servants said to him: What thing is this that thou hast done? thou didst fast and weep for the child, while it was alive, but when the child was dead, thou didst rise up, and eat bread.
22 David ɖo eŋu be, “Metsi nu dɔ eye mefa avi esi ɖevia nɔ agbe elabena megblɔ be, ‘Ɖewohĩ Yehowa ave nunye eye wòana ɖevia natsi agbe.’
And he said: While the child was yet alive, I fasted and wept for him: for I said: Who knoweth whether the Lord may not give him to me, and the child may live?
23 Ke nu ka ta magatsi nu adɔ esi wòku? Ɖe mate ŋu ana wòagbɔ agbea? Egbɔe mayi, ke eya magate ŋu atrɔ va gbɔnye o.”
But now that he is dead, why should I fast? Shall I be able to bring him back any more? I shall go to him rather: but he shall not return to me.
24 David fa akɔ na Batseba eye esi wògadɔ egbɔ la, edzi ŋutsuvi eye wòna ŋkɔe be Solomo. Yehowa lɔ̃ ɖevia
And David comforted Bethsabee his wife, and went in unto her, and slept with her: I and she bore a son, and he called his name Solomon, and the Lord loved him.
25 eye wòɖo du kple yayra ɖee to Nyagblɔɖila Natan dzi, be woana ŋkɔ ɖevia be “Yedidia” si gɔmee nye, “Yehowa ƒe lɔlɔ̃tɔ” le lɔlɔ̃ tɔxɛ si Yehowa tsɔ nɛ la ta.
And he sent by the hand of Nathan the prophet, and called his name, Amiable to the Lord, because the Lord loved him.
26 Azɔ la, Yoab wɔ aʋa kple Amonitɔwo ƒe Raba eye wòxɔ fiadu la.
And Joab fought against Rabbath of the children of Ammon, and laid close siege to the royal city.
27 Yoab ɖo amewo ɖa be woagblɔ na David be, “Mewɔ aʋa kple Raba eye mexɔ eƒe tsiduƒe la.
And Joab sent messengers to David, saying: I have fought against Rabbath, and the city of waters is about to be taken.
28 Azɔ la, kplɔ aʋawɔla mamlɛawo, nàɖe to ɖe dua eye nàxɔe. Ne menye nenema o la, maxɔ dua eye matsɔ nye ŋkɔ nɛ.”
Now therefore gather thou the rest of the people together, and besiege the city and take it: lest when the city shall be wasted by me, the victory be ascribed to my name.
29 Ale David kplɔ aʋakɔ blibo la yi Raba, wɔ aʋa eye wòxɔ du la.
Then David gathered all the people together, and went out against Rabbath: and after fighting, he took it.
30 Eɖe fiakuku le ta na Fia la. Fiakuku la ƒe kpekpemee nye sika talento ɖeka eye wotɔ kpe xɔasiwo ɖe eŋu. Wotsɔe ɖɔ na David. Elɔ afunyinu geɖewo tso du la me.
And he took the crown of their king from his head, the weight of which was a talent of gold, set with most precious stones, and it was put upon David’s head, and the spoils of the city which were very great he carried away.
31 Ekplɔ dua me nɔlawo dzoe eye wode dɔ sesẽwo wɔwɔ asi na wo be woawɔ kple laxalaxawo, fiwo kple fiawo. Ena wowɔ dɔ le kpemeƒe la hã. Ewɔ Amonitɔwo ƒe duwo katã me tɔwo alea. David kple aʋakɔ la gbugbɔ va Yerusalem.
And bringing forth the people thereof he sawed them, and drove over them chariots armed with iron: and divided them with knives, and made them pass through brickkilns: so did he to all the cities of the children of Ammon: and David returned, with all the army to Jerusalem.

< Samuel 2 12 >