< Samuel 2 11 >

1 Le Adame esi fiawo ƒe aʋawɔɣi ɖo la, David ɖo Yoab kple Israel ƒe aʋakɔ la ɖa be woatsrɔ̃ Amonitɔwo eye woɖe to ɖe Raba. Ke David nɔ Yerusalem.
بهار سال بعد، داوود لشکر اسرائیل را به فرماندهی یوآب به جنگ عمونی‌ها فرستاد. (پادشاهان، طبق معمول در فصل بهار به دشمنان حمله‌ور می‌شدند.) آنها عمونی‌ها را شکست داده، شهر ربه را محاصره کردند. اما داوود در اورشلیم ماند.
2 Gbe ɖeka le ɣetrɔ me la, David fɔ eye wòɖi tsa le eƒe fiasã la ƒe xɔta ƒe gbadzaƒe. Ekpɔ nyɔnu aɖe si dze tugbe ŋutɔŋutɔ wònɔ tsi lem,
یک روز هنگام عصر داوود از خواب برخاست و برای هواخوری به پشت بام کاخ سلطنتی رفت. وقتی در آنجا قدم می‌زد چشمش به زنی زیبا افتاد که مشغول حمام کردن بود.
3 ale wòdɔ ame ɖa be woakpɔe ɖa be nyɔnu kae mahã. Amea de gbɔ va gblɔ nɛ be nyɔnu lae nye Batseba, Eliam ƒe vinyɔnu eye wònye Uria srɔ̃.
داوود یک نفر را فرستاد تا بپرسد آن زن کیست. معلوم شد اسمش بَتشِبَع، دختر الیعام و زن اوریای حیتی است.
4 Enumake David na woyɔe nɛ. Le ɣeyiɣi sia me tututu la, Batseba wu ɖokuiŋukɔkɔ le gbɔtotsitsi megbe ƒe wɔnawo nu teti ko. Esi wòva la, David dɔ egbɔ eye wòtrɔ yi aƒe me.
پس داوود چند نفر را فرستاد تا او را بیاورند. وقتی بَتشِبَع نزد او آمد، داوود با او همبستر شد. سپس بَتشِبَع خود را با آب طاهر ساخته، به خانه برگشت.
5 Emegbe esi Batseba kpɔ be yefɔ fu la eɖo ame ɖe David hegblɔe nɛ.
وقتی بَتشِبَع فهمید که حامله است، پیغام فرستاد و این موضوع را به داوود خبر داد.
6 Ale David dɔ ame ɖo ɖe Yoab be, “Ɖo Uria, Hititɔ la ɖem.”
پس داوود برای یوآب این پیغام را فرستاد: «اوریای حیتی را نزد من بفرست.»
7 Esi Uria va ɖo la, David bia gbee tso Yoab kple aʋakɔ la kple aʋa la ƒe yiyi me ŋuti.
وقتی اوریا آمد، داوود از او سلامتی یوآب و سربازان و اوضاع جنگ را پرسید.
8 Emegbe la, David gblɔ na Uria be wòayi aɖagbɔ ɖe eme le eƒe aƒe me eye wòɖo nunana aɖe ɖee.
سپس به او گفت: «حال به خانه برو و استراحت کن.» بعد از رفتن اوریا، داوود هدایایی نیز به خانهٔ او فرستاد.
9 Ke Uria meyi aƒe me o; etsi fiasã la ƒe agbonu kple fia la ƒe subɔlawo.
اما اوریا به خانهٔ خود نرفت و شب را کنار دروازهٔ کاخ، پیش محافظین پادشاه به سر برد.
10 Esi David se nu si Uria wɔ la, eyɔe hebiae be, “Nya kae dzɔ? Nu ka ta mèyi srɔ̃wò gbɔ le wò aƒe me etsɔ fiẽ esi nèdzo le aƒe me eteƒe didi alea o?”
وقتی داوود این را شنید، اوریا را احضار کرد و پرسید: «چه شده است؟ چرا پس از این همه دوری از خانه، دیشب به خانه نرفتی؟»
11 Uria ɖo eŋu na David be, “Nubablaɖaka la kple Israel kpakple Yuda wole agbadɔ me. Nye aʋafia Yoab kple nye aƒetɔ ƒe amewo katã le gbedzi. Ɖe nye ya mayi aƒe me, ano wain, aɖu nu eye madɔ srɔ̃nye gbɔa? Meka atam be nyemaɖi fɔ to nu siawo wɔwɔ me o.”
اوریا گفت: «صندوق عهد خداوند و سپاه اسرائیل و یهودا و فرماندهٔ من یوآب و افسرانش در صحرا اردو زده‌اند، آیا رواست که من به خانه بروم و با زنم به عیش و نوش بپردازم و با او بخوابم؟ به جان شما قسم که این کار را نخواهم کرد.»
12 David gblɔ nɛ be, “Enyo; tsi anyi zã sia eye nàtrɔ ayi aʋagbedzi etsɔ,” Ale Uria tsi fiasã la me le Yerusalem.
داوود گفت: «بسیار خوب، پس امشب هم اینجا بمان و فردا به میدان جنگ برگرد.» پس اوریا آن روز و روز بعد هم در اورشلیم ماند.
13 David kpee ɖe fiẽnuɖukplɔ̃ ŋu eye wòna wòno aha mu gake egagbe aƒemeyiyi eye wògatsi fiasã la ƒe agbo nu dɔ.
داوود او را برای صرف شام نگه داشت و او را مست کرد. با این حال، اوریا آن شب نیز به خانه‌اش نرفت بلکه دوباره کنار دروازهٔ کاخ خوابید.
14 Esi ŋu ke la, David ŋlɔ agbalẽ de asi na Uria be wòatsɔ ayi na Yoab.
بالاخره، صبح روز بعد، داوود نامه‌ای برای یوآب نوشت و آن را به‌وسیلۀ اوریا برایش فرستاد.
15 Fia la ɖo na Yoab to agbalẽ la me be wòaɖo Uria ɖe afi si aʋa la sẽ le eye wòana amewo nade megbe le eŋu ale be woawui!
در نامه به یوآب دستور داده بود که وقتی جنگ شدت می‌گیرد، اوریا را در خط مقدم جبهه قرار بدهد و او را تنها بگذارد تا کشته شود.
16 Ale Yoab ɖo Uria ɖe teƒe aɖe si te ɖe du si ŋu woɖe to ɖe afi si wònya be futɔwo ƒe aʋawɔla sesẽwo nɔ.
پس وقتی یوآب در حال محاصرهٔ شهر دشمن بود، اوریا را به جایی فرستاد که می‌دانست سربازان قوی دشمن در آنجا می‌جنگند.
17 Ale wowu Uria, Hititɔ la kple Israelvi geɖewo.
مردان شهر با یوآب جنگیدند و در نتیجه اوریا و چند سرباز دیگر اسرائیلی کشته شدند.
18 Yoab ɖo du ɖe David tso aʋa la ƒe yiyime ŋuti.
وقتی یوآب گزارش جنگ را برای داوود می‌فرستاد،
19 Egblɔ na ame si wòdɔ la be, “Ne ègblɔ nya sia nya tso aʋa la ŋu la,
به قاصد گفت: «وقتی این گزارش را به عرض پادشاه برسانی ممکن است او خشمگین شود و بپرسد: چرا سربازان تا این اندازه به شهر محاصره شده نزدیک شدند؟ مگر نمی‌دانستند از بالای دیوار به طرفشان تیراندازی خواهد شد؟ مگر فراموش کرده‌اند که ابیملک پسر جدعون در تاباص به دست زنی کشته شد که از بالای دیوار، یک سنگ آسیاب دستی روی سرش انداخت؟ آنگاه بگو: اوریا هم کشته شد.»
20 ɖewohĩ ado dɔmedzoe abia wò be, ‘Nu ka ta miegogo du la nenema le aʋa la wɔwɔ me? Ɖe mienya be woada aŋutrɔwo tso gli la dzi oa?
21 Mieɖo ŋku ale si wowu Abimelek, Yerub Beset ƒe vi, la dzi oa? Nyɔnu aɖee ɖe asi le wɔtutevi ŋu tso gli la dzi wòwui le Tebez. Nu ka ta miegogo gli la nenema?’ Ne Fia la bia nya siawo wò la, gblɔ nɛ be, ‘Wowu wò aʋakplɔla Uria, Hititɔ la hã.’”
22 Ale ame dɔdɔ la yi Yerusalem eye wògblɔ nya la na David.
پس، آن قاصد به اورشلیم رفت و به داوود گزارش داده، گفت: «افراد دشمن از ما قویتر بودند و از شهر خارج شده، به ما حمله کردند ولی ما آنها را تا دروازهٔ شهر عقب راندیم.
23 Egblɔ be, “Futɔwo lũ ɖe mía dzi; míenya wo wogbugbɔ yi dua ƒe agbowo nu.
24 Glidzinɔlawo ho aʋa ɖe mía ŋu, wowu míaƒe ame aɖewo eye wowu wò aʋakplɔla Uria, Hititɔ la, hã.”
تیراندازان از روی دیوار ما را هدف قرار دادند. چند نفر از سربازان ما کشته شدند که اوریای حیتی هم در بین ایشان بود.»
25 David gblɔ nɛ be, “Gblɔ na Yoab be dzi megaɖe le eƒo o; ame sia ame ate ŋu atsi yi nu gbe ɖeka. Miyi aʋa la wɔwɔ dzi sesĩe wu tsã eye miagbã du la. De dzi ƒo nɛ be eyae le dɔ dzi loo!”
داوود گفت: «بسیار خوب، به یوآب بگو که ناراحت نباشد، چون شمشیر فرقی بین این و آن قائل نمی‌شود. این دفعه سختتر بجنگید و شهر را تسخیر کنید. در ضمن به او بگو از کارش راضی‌ام.»
26 Esi Batseba se be ye srɔ̃ Uria ku la, efae vevie
وقتی بَتشِبَع شنید شوهرش مرده است، عزادار شد.
27 eye esi konyifaɣi la wu nu la, David na Batseba ʋu yi fiasã la me eye wòzu srɔ̃awo dometɔ ɖeka. Batseba dzi ŋutsuvi nɛ, ke nu si David wɔ la, medze Yehowa ŋu kura o.
بعد از تمام شدن ایام سوگواری، داوود بَتشِبَع را به کاخ سلطنتی آورد و او نیز یکی از زنان داوود شده، از او پسری به دنیا آورد. اما کاری که داوود کرده بود در نظر خداوند ناپسند آمد.

< Samuel 2 11 >