< Petro 2 1 >

1 Nye, Simɔn Petro, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo gbɔe agbalẽ sia tso, Na ame siwo, to míaƒe Mawu kple Yesu Kristo ƒe dzɔdzɔenyenye me la hã xɔ xɔse si xɔ asi abe mía tɔ ene la:
イエス・キリストの僕また使徒なるシメオン・ペテロ、書を我らの神および救主イエス・キリストの義によりて、我らと同じ貴き信仰を受けたる者に贈る。
2 Amenuveve kple ŋutifafa nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ blibo me, to sidzedze Mawu kple Yesu míaƒe Aƒetɔ la me.
願はくは神および我らの主イエスを知るによりて、恩惠と平安と汝らに増さんことを。
3 Mawu ƒe ŋusẽ tsɔ nu sia nu si míehiãna na agbe kple mawusosroɖa, to míaƒe sidzedze eya amea me, ame si yɔ mí to eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe kple dɔmenyonyo me.
キリストの神たる能力は、生命と敬虔とに係る凡てのものを我らに賜へり。是おのれの榮光と徳とをもて召し給へる者を我ら知るに因りてなり。
4 To esiawo me wòtsɔ eƒe nunana gã kple ŋugbedodo xɔasi na mí, ale be to wo dzi míakpɔ gome le eƒe mawunyenye me, eye míasi le gbegblẽ si ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo he va xexea me la nu.
その榮光と徳とによりて我らに貴き大なる約束を賜へり、これは汝らが世に在る慾の滅亡をのがれ、神の性質に與る者とならん爲なり。
5 Le susu sia ta miɖe afɔ ɖe sia ɖe be miatsɔ nyuiwɔwɔ akpe ɖe miaƒe xɔse ŋu, sidzedze nakpe ɖe dɔmenyonyo ŋu,
この故に勵み勉めて汝らの信仰に徳を加へ、徳に知識を、
6 ɖokuidziɖuɖu nakpe ɖe sidzedze ŋu, vevidodo nu nakpe ɖe ɖokuidziɖuɖu ŋu, mawumegbenɔnɔ nakpe ɖe vevidodo nu ŋu;
知識に節制を、節制に忍耐を、忍耐に敬虔を、
7 dɔmenyowɔwɔ na havi nakpe ɖe mawumegbenɔnɔ ŋu, eye lɔlɔ̃ hã nakpe ɖe dɔmenyowɔwɔ ŋu.
敬虔に兄弟の愛を、兄弟の愛に博愛を加へよ。
8 Elabena ne nɔnɔme siawo dzi ɖe edzi le mia me le agbɔsɔsɔ me la, woakpe ɖe mia ŋu be miaganye ŋutetemanɔŋutɔwo kple ame matsekuwo le miaƒe sidzedze míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo me o.
此 等のもの汝らの衷にありて彌増すときは、汝 等われらの主イエス・キリストを知るに怠ることなく、實を結ばぬこと無きに至らん。
9 Ke ne nɔnɔme mawo mele ame aɖe me o la, enye ame si mekpɔa nu dea adzɔge o, eye eƒe ŋkuwo gbã, eye wòŋlɔ be be woklɔ ye ŋu tso yeƒe tsã nu vɔ̃wo me.
此 等のものの無きは盲人にして遠く見ること能はず、己が舊き罪を潔められしことを忘れたるなり。
10 Eya ta nɔvinyewo, midze agbagba ɖe edzi wu tsã be miakpɔ kpeɖodzi na miaƒe yɔyɔ kple tiatia. Elabena ne miewɔ esiawo la, miada ƒu akpɔ o,
この故に兄弟よ、ますます勵みて汝らの召されたること、選ばれたることを堅うせよ。若し此 等のことを行はば躓くことなからん。
11 eye miaxɔ dzadoname tɔxɛ le míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela, Yesu Kristo ƒe fiaɖuƒe mavɔ la me. (aiōnios g166)
かくて汝らは我らの主なる救主イエス・キリストの永遠の國に入る恩惠を豐に與へられん。 (aiōnios g166)
12 Togbɔ be mienya nu siawo, eye mieli ke ɖe nyateƒe si su mia si fifia la me hã la, manɔ ŋku ɖom wo dzi na mi ɣe sia ɣi.
されば汝らは此 等のことを知り、既に受けたる眞理に堅うせられたれど、我つねに此 等のことを思ひ出させんとするなり。
13 Mesusu be zi ale si mele ŋutilã ƒe agbadɔ sia me la, enyo be manɔ ŋku ɖom nu dzi na mi,
我は尚この幕屋に居るあいだ、汝らに思ひ出させて勵ますを正當なりと思ふ。
14 elabena menya be esusɔ vie maɖe agbadɔ sia ɖi abe ale si míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo gblɔe nam kɔtɛe la ene.
そは我らの主イエス・キリストの我に示し給へるごとく、我わが幕屋を脱ぎ去ることの速かなるを知ればなり。
15 Makpɔ egbɔ be meɖe afɔ ɖe sia ɖe si mate ŋui, be ne meva dzo la, miaɖo ŋku nu siawo dzi ɣe sia ɣi.
我また汝 等をして我が世を去らん後にも、常に此 等のことを思ひ出させんと勉むべし。
16 Menye gli siwo wokpa kple nunya la yome míedze esi míeƒo nu na mi tso míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava ŋuti o, ke boŋ míenye eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ si míekpɔ kple ŋku la ƒe ɖasefowo.
我らは我らの主イエス・キリストの能力と來りたまふ事とを汝らに告ぐるに、巧なる作話を用ひざりき、我らは親しくその稜威を見し者なり。
17 Elabena exɔ bubu kple ŋutikɔkɔe tso Mawu, Fofo la gbɔ esi gbe aɖe ɖi tso eƒe Gãnyenye ƒe Ŋutikɔkɔe me gblɔ be, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, esi ŋu mekpɔa ŋudzedze le.”
いとも貴き榮光の中より聲 出でて『こは我が愛しむ子なり、我これを悦ぶ』と言ひ給へるとき、主は父なる神より尊貴と榮光とを受け給へり。
18 Míawo ŋutɔ míese gbe sia esi wòɖi tso dziƒo, esi míeli kplii le to kɔkɔe la dzi.
我らも彼と偕に聖なる山に在りしとき、天より出づる此の聲をきけり。
19 Ale míegakpɔ kpeɖodzi na Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒe nyawo, eya ta anye nu dzeame ne mieɖo to wo, elabena ele abe ale si kekeli klẽna ɖe viviti me ene va se ɖe esime ŋkekea nava, eye ŋukeɣletivi la naklẽ ɖe miaƒe dziwo me.
かくて我らが有てる預言の言は堅うせられたり。汝 等この言を暗き處にかがやく燈火として、夜明け、明星の汝らの心の中にいづるまで顧みるは善し。
20 Gawu la, ele be miase egɔme be nyagblɔɖi aɖeke mele mawunya me si va eme to Mawu ƒe gbeƒãɖela la ŋutɔ ƒe nyameɖeɖe me o.
なんじら先づ知れ、聖書の預言は、すべて己がままに釋くべきものにあらぬを。
21 Elabena nyagblɔɖi ƒe dzɔtsoƒe metso amegbetɔ ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ ame xɔa gbe tso Mawu gbɔ abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ene.
預言は人の心より出でしにあらず、人々 聖 靈に動かされ、神によりて語れるものなればなり。

< Petro 2 1 >