< Petro 2 3 >
1 Nɔvi lɔlɔ̃awo, esia nye nye agbalẽ evelia na mi. Meŋlɔ agbalẽ siawo na mi be woanye ŋkuɖodzinu si ade dzo mia me be miaƒe tamesusuwo nanɔ blibo.
This is now, beloved, the second letter that I have written to you; and in both of them I stir up your sincere mind by reminding you;
2 Medi be miaɖo ŋku nya siwo Mawu ƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo gblɔ na mi va yi kple se si míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela de na mi to miaƒe apostolowo dzi la dzi.
that you should remember the words which were spoken before by the holy prophets, and the commandment of the Lord and Savior through your emissaries:
3 Gbã la, ele be miase egɔme be le ŋkeke mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava, anɔ fewu ɖum, eye woadze woawo ŋutɔ ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome.
knowing this first, that in the last days scoffers will come, mocking and walking after their own lusts,
4 Woagblɔ be, “Afi ka eƒe ‘vava’ ƒe ŋugbedodo la le? Elabena tso ɣe aɖe ɣi ke, esi mía fofowo ku la, nu sia nu le edzi yim abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene.”
and saying, "Where is the promise of his coming? For, from the day that the fathers fell asleep, all things continue as they were from the beginning of the creation."
5 Ke woɖoe koŋ heŋlɔ be be gbe aɖe gbe ʋĩi ke wotsɔ Mawu ƒe nya wɔ dziƒo, eye wowɔ anyigba tso tsi me kple tsi.
For this they willfully forget, that there were heavens from of old, and an earth formed out of water and amid water, by the word of God;
6 To tsi sia ke dzi wotsrɔ̃ xexe si nɔ anyi ɣe ma ɣi le esi woxɔ beble dzi se ta.
by which means the world that then was, being deluged with water, was destroyed.
7 To Mawu ƒe nya sia ke dzi wodzra fifi dziƒo kple anyigba ɖo na dzo, eye woɖoe da ɖi na ʋɔnudrɔ̃gbe la kple mawumavɔ̃lawo ƒe tsɔtsrɔ̃.
But the heavens that now are, and the earth, by the same word have been stored up for fire, being reserved against the day of judgment and destruction of ungodly people.
8 Ke nɔvi lɔlɔ̃wo, migaŋlɔ nu ɖeka sia be o, ŋkeke ɖeka le Aƒetɔ la gbɔ le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye nenema ke ƒe akpe ɖeka le abe ŋkeke ɖeka ene.
But do not forget this one thing, beloved, that one day is with the Lord as a thousand years, and a thousand years as one day.
9 Aƒetɔ la mele wɔwɔm blewublewu le eƒe ŋugbedodo la me abe ale si ame aɖewo se blewu gɔmee ene o. Egbɔ dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ be amewo katã natrɔ dzi me.
The Lord is not slow concerning his promise, as some count slowness; but is patient toward you, not wishing that any should perish, but that all should come to repentance.
10 Ke Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene. Dziƒowo nu ava yi kple gbeɖeɖe gã aɖe, woatsrɔ̃ gɔmeɖonuwo kple dzo, eye anyigba kple edzinuwo katã abi keŋkeŋ.
But the day of the Lord will come as a thief; in which the heavens will pass away with a great noise, and the elements will be dissolved with fervent heat, and the earth and the works on it will not be found.
11 Esi woatsrɔ̃ nu sia nu alea la, ame ka ƒomeviwo wòle be mianye? Ele be mianɔ agbe le kɔkɔenyenye kple mawuvɔvɔ̃ me,
Therefore since all these things will be destroyed like this, what kind of people ought you to be in holy living and godliness,
12 esi miele mɔ kpɔm na Mawu ƒe ŋkeke la, hele du dom eƒe vava. Ŋkeke sia ƒe vava ana woatsrɔ̃ dziƒowo kple dzo, eye emenuwo alolõ le dzoxɔxɔ la me.
looking for and earnestly desiring the coming of the day of God, which will cause the burning heavens to be dissolved, and the elements will melt with fervent heat?
13 Ke le eƒe ŋugbedodo la nu, míele mɔ kpɔm na dziƒo yeye kple anyigba yeye, afi si anye dzɔdzɔenyenyeteƒe la.
But, according to his promise, we look for new heavens and a new earth, in which righteousness dwells.
14 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃wo, esi miele mɔ kpɔm na esia la, miɖe afɔ ɖe sia ɖe si miate ŋui la, be woakpɔ mi ɖimaƒomaƒoe, mokakamanɔŋutɔe, eye mianɔ ŋutifafa me kplii.
Therefore, beloved, seeing that you look for these things, be diligent to be found in peace, without blemish and blameless in his sight.
15 Nenɔ susu me na mi be míaƒe Aƒetɔ la ƒe dzigbɔɖi nye miaƒe ɖeɖe, abe ale si mía nɔvi lɔlɔ̃ Paulo ŋlɔ na mi kple nunya si Mawu nɛ la ene.
Regard the patience of our Lord as salvation; even as our beloved brother Paul also, according to the wisdom given to him, wrote to you;
16 Eŋlɔ nu siawo ɖe eƒe agbalẽwo katã me, eye wòƒoa nu tso nu siawo katã ŋu. Nanewo le eƒe agbalẽawo me siwo ƒe gɔmesese sesẽ, esi ame manyanuwo kple ame malikewo blua afɔ na, abe ale si wowɔna na mawunya bubuwo hã ene, hena woawo ŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃.
as also in all of his letters, speaking in them of these things. In those, there are some things that are hard to understand, which the ignorant and unsettled twist, as they also do to the other Scriptures, to their own destruction.
17 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃wo, esi mienya esia xoxo la, minɔ ŋudzɔ be sedzimawɔlawo ƒe nu tovo wɔwɔ makplɔ mi adzoe, be miage le teƒe si mieli ke ɖo la o.
You therefore, beloved, knowing these things beforehand, beware, lest being carried away with the error of the wicked, you fall from your own steadfastness.
18 Ke mitsi le amenuveve kple sidzedze míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela Yesu Kristo me. Eya ko tɔ anye ŋutikɔkɔe tso fifia yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen. (aiōn )
But grow in the grace and knowledge of our Lord and Savior Yeshua the Messiah. To him be the glory both now and forever. (aiōn )