< Fiawo 2 1 >

1 Le Fia Ahab ƒe ku megbe la, Moab dze aglã ɖe Israel ŋu.
Moab rebelled against Israel after the death of Ahab.
2 Azɔ la, Ahazia ge tso eƒe fesre nu le eƒe dziƒoxɔ dzi le Samaria eye nuvevi wɔe eya ta wòdɔ dɔlawo gblɔ na wo be, “Miyi miabia nu le Ekrontɔwo ƒe mawu, Baal Zebub gbɔ nam ne miakpɔe ɖa be mahaya tso dɔléle sia me mahã.”
Ahaziah fell down through the lattice in his upper room that was in Samaria, and was sick. So he sent messengers, and said to them, "Go, inquire of Baal Zebub, the god of Ekron, whether I will recover of this sickness."
3 Ke mawudɔla aɖe gblɔ na Nyagblɔɖila Eliya, Tisbitɔ la be, “Yi nàdo go ame siwo Samaria fia dɔ eye nàbia wo be, ‘Nyateƒee wònye be Mawu aɖeke mele Israel oa? Eya ta mieyina Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawu gbɔ be miabia ne fia la ƒe lãme asẽa?’
But the angel of the LORD said to Elijah the Tishbite, "Arise, go up to meet the messengers of the king of Samaria, and tell them, 'Is it because there is no God in Israel, that you go to inquire of Baal Zebub, the god of Ekron?
4 Azɔ nu si Yehowa gblɔe nye esi. ‘Màfɔ le aba si dzi nèmlɔ la dzi o; àku godoo!’” Ale Eliya yi.
Now therefore thus says the LORD, "You shall not come down from the bed where you have gone up, but shall surely die."'" Elijah departed.
5 Esi ame dɔdɔawo trɔ va fia la gbɔ la, fia la bia wo be, “Nu ka ta mietrɔ gbɔ?”
The messengers returned to him, and he said to them, "Why is it that you have returned?"
6 Woɖo eŋu be, “Ŋutsu aɖe va tu mí eye wògblɔ na mí be, ‘Mitrɔ yi fia si dɔ mi la gbɔ eye miagblɔ nɛ be, “Nu si Yehowa gblɔe nye: Ɖe Mawu aɖeke mele Israel o tae nèle amewo dɔm be woaɖabia gbe Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawua? Eya ta màfɔ le aba si dzi nèmlɔ la dzi o. Àku godoo!”’”
They said to him, "A man came up to meet us, and said to us, 'Go, return to the king who sent you, and tell him, "Thus says the LORD, 'Is it because there is no God in Israel, that you send to inquire of Baal Zebub, the god of Ekron? Therefore you shall not come down from the bed where you have gone up, but shall surely die.'"'"
7 Fia la bia be, “Ame kae nye ŋutsu sia? Aleke eƒe dzedzeme le?”
He said to them, "What kind of man was he who came up to meet you, and told you these words?"
8 Woɖo eŋu nɛ be, “Enye ŋutsu aɖe si ŋu fu le kpedzee, ebla ali dzi kple alidziblaka keke aɖe si wowɔ kple lãgbalẽ.” Tete fia la do ɣli be, “Eliya, Tisbitɔ lae!”
They answered him, "He was a hairy man, and wearing a leather belt around his waist." He said, "It is Elijah the Tishbite."
9 Eɖo aʋakplɔla ɖeka kple asrafo blaatɔ̃ ɖa be woayi aɖalée vɛ. Wokpɔe wònɔ anyi ɖe togbɛ aɖe dzi. Aʋakplɔla la gblɔ nɛ be, “Oo, Mawu ƒe ame, fia la ɖe gbe be nàzɔ kpli mí ava ye gbɔ.”
Then the king sent a captain of fifty with his fifty to him. He went up to him; and look, he was sitting on the top of the hill. He said to him, "Man of God, the king has said, 'Come down.'"
10 Eliya ɖo eŋu be, “Nenye Mawu ƒe amee menye tututu la, ekema dzo nage tso dziƒo eye wòafia wò kple wò ame blaatɔ̃awo!” Enumake dzo ge tso dziƒo eye wòfia aʋakplɔla la kple ame blaatɔ̃wo katã.
Elijah answered to the captain of fifty, "If I am a man of God, let fire come down from the sky, and consume you and your fifty." Fire came down from the sky, and consumed him and his fifty.
11 Ale fia la gaɖo aʋakplɔla bubu aɖe kple asrafo blaatɔ̃ bubu ɖa be woagblɔ nɛ be, “Oo, Mawu ƒe ame, fia la be nàva ye gbɔ fifi laa!”
Again he sent to him another captain of fifty and his fifty. And he went up and said to him, "Man of God, the king has said, 'Come down quickly.'"
12 Eliya gblɔ na wo be, “Nenye Mawu ƒe amee menye tututu la, ekema dzo nage tso dziƒo eye wòafia wò kple wò ame blaatɔ̃awo!” Ale Mawu ƒe dzo ge tso dziƒo eye wòfia woawo hã.
And Elijah answered and said to him, "If I am a man of God, let fire come down from the sky, and consume you and your fifty." The fire of God came down from the sky, and consumed him and his fifty.
13 Fia la gaɖo aʋakplɔla kple ame blaatɔ̃ bubu ɖa. Azɔ ya la, aʋakplɔla la dze klo ɖe Eliya ƒe akɔme eye wòɖe kuku nɛ be, “Oo, Mawu ƒe ame, meɖe kuku, na nye kple wò dɔla blaatɔ̃ siawo míatsi agbe.
And he tried again and sent a third captain with his fifty. The third captain of fifty went up, and came and fell on his knees before Elijah, and begged him, and said to him, "Man of God, please let my life, and the life of these fifty your servants, be precious in your sight.
14 Kpɔ ɖa, dzo ge tso dziƒo hefia aʋakplɔla gbãtɔ eveawo kple woƒe amewo. Ke azɔ la, na nye agbe naxɔ asi le gbɔwò!”
Look, fire came down from the sky, and consumed the two former captains of fifty with their fifties. But now let my life be precious in your sight."
15 Yehowa ƒe dɔla aɖe gblɔ na Eliya be, “Mègavɔ̃ o, Yi kpli wo.” Ale Eliya yi fia la gbɔ.
The angel of the LORD said to Elijah, "Go down with him. Do not be afraid of him." He arose, and went down with him to the king.
16 Eliya gblɔ na fia la be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi. Esi Mawu aɖeke mele Israel be nàbia gbee o tae nèɖo amewo ɖa be woaɖabia gbe Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawu la? Esi nèwɔ esia ta la, màfɔ le aba si dzi nèmlɔ la dzi akpɔ gbeɖe o; àku godoo!”
He said to him, "Thus says the LORD, 'Because you have sent messengers to inquire of Baal Zebub, the god of Ekron, is it because there is no God in Israel to inquire of his word? Therefore you shall not come down from the bed where you have gone up, but shall surely die.'"
17 Ale Ahazia ku abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi to Eliya dzi la ene eye nɔvia Yehoram zu fia ɖe eteƒe elabena viŋutsu aɖeke menɔ esi aɖu fia ɖe eyome o. Nya sia dzɔ le Yuda fia Yehoram, Yehosafat ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me.
So he died according to the word of the LORD which Elijah had spoken. And his brother Jehoram began to reign in his place in the second year of Jehoram the son of Jehoshaphat king of Judah; because he had no son.
18 Woŋlɔ nu bubuwo tso Ahazia ƒe fiaɖuɖu ŋu ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
Now the rest of the acts of Ahaziah which he did, aren't they written in the book of the chronicles of the kings of Israel?

< Fiawo 2 1 >