< Fiawo 2 9 >

1 Nyagblɔɖila Elisa yɔ nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka eye wògblɔ nɛ be, “Tsɔ alidziblaka bla wò awu ʋlaya dzi, tsɔ amigoe sia ɖe asi eye nàyi Ramot Gilead.
Now Elisha the prophet summoned one of the sons of the prophets and said to him, “Tuck your cloak under your belt, take this flask of oil, and go to Ramoth-gilead.
2 Ne èɖo afi ma la, di Yehu, Yehosafat ƒe vi, Nimsi ƒe vi, yi ɖe egbɔ nàkplɔe dzoe le nɔviawo dome eye nàkplɔe age ɖe xɔ gã mee.
When you arrive, look for Jehu son of Jehoshaphat, the son of Nimshi. Go in, get him away from his companions, and take him to an inner room.
3 Ekema tsɔ amigoe la eye nàkɔ ami la ɖe eƒe tame agblɔ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: mesi ami na wò, ɖo wò fiae ɖe Israel dzi.’ Ekema nàʋu ʋɔa eye nàlé du atsɔ, mègatɔ o!”
Then take the flask of oil, pour it on his head, and declare, ‘This is what the LORD says: I anoint you king over Israel.’ Then open the door and run. Do not delay!”
4 Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la la wɔ nu si wògblɔ nɛ. Esi wòva ɖo Ramot Gilead la,
So the young prophet went to Ramoth-gilead,
5 ekpɔ Yehu wònɔ anyi ɖe ehati asrafomegãwo dome. Egblɔ nɛ be, “Nya aɖe le asinye na wò.” Yehu biae be, “Na mía dometɔ ka?” Nusrɔ̃la la ɖo eŋu be, “Na wò, Yehu.”
and when he arrived, the army commanders were sitting there. “I have a message for you, commander,” he said. “For which of us?” asked Jehu. “For you, commander,” he replied.
6 Ale Yehu dzo le ehatiwo dome heyi aƒea me. Nusrɔ̃la la kɔ ami la ɖe tame nɛ eye wògblɔ nɛ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Mesi ami na wò eye meɖo wò fiae ɖe Yehowa ƒe dukɔ, Israel nu.
So Jehu got up and went into the house, where the young prophet poured the oil on his head and declared, “This is what the LORD, the God of Israel, says: ‘I anoint you king over the LORD’s people Israel.
7 Ele be nàtsrɔ̃ Ahab ƒe ƒometɔwo eye nàbia nye nyagblɔɖilawo kple ame siwo Yezebel wu la ƒe hlɔ̃.
And you are to strike down the house of your master Ahab, so that I may avenge the blood of My servants the prophets and the blood of all the servants of the LORD shed by the hand of Jezebel.
8 Ele be nàtsrɔ̃ Ahab ƒe ƒometɔwo katã; àtsrɔ̃ ŋutsu ɖe sia ɖe le Israel, ame ka kee wònye hã ele be nàtsrɔ̃e.’
The whole house of Ahab will perish, and I will cut off from Ahab every male, both slave and free, in Israel.
9 Matsrɔ̃ Ahab ƒe ƒome la abe ale si metsrɔ̃ Yeroboam, Nebat ƒe vi kple Baasa, Ahiya ƒe vi ƒe ƒomewo ene.
I will make the house of Ahab like the houses of Jeroboam son of Nebat and Baasha son of Ahijah.
10 Avuwo aɖu Ahab srɔ̃, Yezebel le Yezreel eye ame aɖeke maɖii o!” Esia megbe la, nusrɔ̃la la ʋu ʋɔa eye wòsi dzo.
And on the plot of ground at Jezreel the dogs will devour Jezebel, and there will be no one to bury her.’” Then the young prophet opened the door and ran.
11 Yehu trɔ yi xɔlɔ̃awo gbɔ eye wo dometɔ ɖeka biae be, “Nu ka dim aɖaʋatɔ ma le? Nya kae dzɔ?” Yehu ɖo eŋu be, “Mienya ame si wònye kple nu si dim wòle la nyuie.”
When Jehu went out to the servants of his master, they asked, “Is everything all right? Why did this madman come to you?” “You know his kind and their babble,” he replied.
12 Woɖo eŋu be, “Ao, míenya o, gblɔe na mí.” “Egblɔ nya si nusrɔ̃la la gblɔ nɛ la na wo eye wòna wonya be woɖo ye fiae ɖe Israel nu!”
“That is a lie!” they said. “Tell us now!” So Jehu answered, “He talked to me about this and that, and he said, ‘This is what the LORD says: I anoint you king over Israel.’”
13 Enumake wotsɔ woƒe awuwo ɖo ɖe atrakpuiawo dzi, woku kpẽ eye wodo ɣli be, “Yehu zu fia!”
Quickly, each man took his garment and put it under Jehu on the bare steps. Then they blew the ram’s horn and proclaimed, “Jehu is king!”
14 Aleae Yehu, Yehosafat ƒe vi kple Nimsi ƒe tɔgbuiyɔvi dze aglãe ɖe fia Yoram ŋu. (Ke Yoram kple Israel blibo la nɔ ŋudzɔ na Aram fia Hazael le Ramot Gilead.
Thus Jehu son of Jehoshaphat, the son of Nimshi, conspired against Joram. (Now Joram and all Israel had been defending Ramoth-gilead against Hazael king of Aram,
15 Emegbe Fia Yoram trɔ va Yezreel be woada gbe le abi si Arameatɔwo de eŋu le aʋa la wɔwɔ me kple Aram fia Hazael la nɛ.) Yehu gblɔ na ame siwo nɔ egbɔ la be, “Esi miedi be maɖu fia la, migana ame aɖeke nasi ayi Yezreel aɖagblɔ nu si míewɔ la o.”
but King Joram had returned to Jezreel to recover from the wounds he had suffered at the hands of the Arameans in the battle against Hazael their king.) So Jehu said, “If you commanders wish to make me king, then do not let anyone escape from the city to go and tell it in Jezreel.”
16 Yehu ge ɖe tasiaɖam me enumake eye eya ŋutɔ yi Yezreel be yeaɖadi Fia Yoram, ame si xɔ abi eye wòmlɔ afi ma. Yuda fia Ahazia hã va afi ma be yeakpɔ Fia Yoram ɖa.
Then Jehu got into his chariot and went to Jezreel, because Joram was laid up there and Ahaziah king of Judah had gone down to see him.
17 Dzɔla si nɔ Fia Yehoram ƒe gbetakpɔxɔ dzi la kpɔ Yehu kple eƒe amewo gbɔna ɖa eye wòdo ɣli be, “Ame aɖe gbɔna!” Fia Yehoram ɖe gbe be, “Dɔ sɔdola aɖe ɖa wòakpɔe ɖa be xɔlɔ̃e loo alo futɔe hã.”
Now the watchman standing on the tower in Jezreel saw Jehu’s troops approaching, and he called out, “I see a company of troops!” “Choose a rider,” Joram commanded. “Send him out to meet them and ask, ‘Have you come in peace?’”
18 Ale asrafo aɖe do sɔ yi ɖakpe Yehu hegblɔ nɛ be, “Fia la di be yeanya nenye xɔlɔ̃e nènye loo alo futɔe nènye. Ŋutifafa mee nèva lea?” Yehu ɖo eŋu be, “Nu ka nènya tso ŋutifafa ŋu? Dze yonyeme.” Dzɔla la do ɣli gblɔ na fia la be ame dɔdɔ la yi ɖakpee gake mele gbɔgbɔm o.
So a horseman rode off to meet Jehu and said, “This is what the king asks: ‘Have you come in peace?’” “What do you know about peace?” Jehu replied. “Fall in behind me.” And the watchman reported, “The messenger reached them, but he is not coming back.”
19 Ale fia la gaɖo sɔdola bubu ɖa. Eyi ɖatu wo eye wògblɔ na wo be, “Ale fia la gblɔe nye esi, ‘Ŋutifafa dzie mielea?’” Yehu ɖo eŋu be, “Ŋutifafanya kae tsɔ gbɔwò? Va, dze yonyeme!”
So the king sent out a second horseman, who went to them and said, “This is what the king asks: ‘Have you come in peace?’” “What do you know about peace?” Jehu replied. “Fall in behind me.”
20 Dzɔla la gado ɣli be, “Eya hã mele gbɔgbɔm o! Yehu kokoko wòanye elabena eƒe tasiaɖam le du ƒum sesĩe.”
Again the watchman reported, “He reached them, but he is not coming back. And the charioteer is driving like Jehu son of Nimshi —he is driving like a madman!”
21 Fia Yoram ɖe gbe be, “Netsɔ, midzra nye tasiaɖam ɖo nam!” Ale eya kple Yuda fia, Ahazia woyi ɖado go Yehu le Nabɔt ƒe agble me.
“Harness!” Joram shouted, and they harnessed his chariot. Then Joram king of Israel and Ahaziah king of Judah set out, each in his own chariot, and met Jehu on the property of Naboth the Jezreelite.
22 Fia Yehoram biae be, “Yehu, ŋutifafa dzie nèlea?” Yehu ɖo eŋu be, “Zi ale si dawò Yezebel ƒe trɔ̃subɔsubɔ kple adzewɔwɔ gale mía dome kokoko la, aleke ŋutifafa ate ŋu anɔ anyi?”
When Joram saw Jehu, he asked, “Have you come in peace, Jehu?” “How can there be peace,” he replied, “as long as the idolatry and witchcraft of your mother Jezebel abound?”
23 Fia Yoram trɔ eƒe tasiaɖam la kaba eye wòsi dzo yina. Edo ɣli gblɔ na Fia Ahazia be, “Ahazia, nugbeɖoɖoe!”
Joram turned around and fled, calling out to Ahaziah, “Treachery, Ahaziah!”
24 Tete Yehu he eƒe da me kple eƒe ŋusẽ katã eye wòte Yehoram ƒe megbe kpam. Aŋutrɔ la ŋɔe yi ɖatɔ eƒe dzi eye wòmu dze tasiaɖam la me heku.
Then Jehu drew his bow and shot Joram between the shoulders. The arrow pierced his heart, and he slumped down in his chariot.
25 Yehu gblɔ na Bidkar, ame si nye eƒe tasiaɖamkula gã be, “Kɔe eye nàtsɔe aƒu gbe ɖe Yezreeltɔ Nabɔt ƒe agble me. Ɖo ŋku ale si nye kpli wò míenɔ tasiaɖamwo me nɔ fofoa Ahab megbe esi Yehowa ƒe nyagblɔɖi sia va ku ɖe eŋuti be,
And Jehu said to Bidkar his officer, “Pick him up and throw him into the field of Naboth the Jezreelite. For remember that when you and I were riding together behind his father Ahab, the LORD lifted up this burden against him:
26 ‘Etsɔ si va yi la mekpɔ Nabɔt ƒe ʋu kple viawo ƒe ʋu. Yehowae gblɔe eye makpɔ egbɔ be, exɔ tohehe ɖe nu sia ta le anyigba sia dzi. Yehowae gblɔe.’ Eya ta azɔ la kɔe ƒu gbe ɖe anyigba ma dzi le Yehowa ƒe nya la nu.”
‘As surely as I saw the blood of Naboth and the blood of his sons yesterday, declares the LORD, so will I repay you on this plot of ground, declares the LORD.’ Now then, according to the word of the LORD, pick him up and throw him on the plot of ground.”
27 Esi Yuda fia Ahazia kpɔ nu si va dzɔ la, esi dze Bet Hagan mɔ dzi. Yehu kplɔe ɖo nɔ ɣli dom be, “Miwu eya hã!” Ale wode abi eŋu le eƒe tasiaɖam la me le Gur si te ɖe Ibleam ŋuti la ƒe mɔ dzi, ke ete ŋu si dzo yi Megido afi si wòyi ɖaku ɖo.
When King Ahaziah of Judah saw this, he fled up the road toward Beth-haggan. And Jehu pursued him, shouting, “Shoot him too!” So they shot Ahaziah in his chariot on the Ascent of Gur, near Ibleam, and he fled to Megiddo and died there.
28 Eƒe dɔlawo kɔe de tasiaɖam me yi Yerusalem eye woɖii ɖe fofoawo gbɔ ɖe eƒe yɔdo me le David ƒe du la me.
Then his servants carried him by chariot to Jerusalem and buried him with his fathers in his tomb in the City of David.
29 Ahazia ƒe fiaɖuɖu ɖe Yuda dzi dze egɔme le Ahab ƒe vi Yoram ƒe fiaɖuɖu ɖe Israel dzi ƒe ƒe wuiɖekɛlia me.
(In the eleventh year of Joram son of Ahab, Ahaziah had become king over Judah.)
30 Esi Yezebel se be Yehu va Yezreel la, ede ama eƒe aɖaba, dzra eƒe taɖa ɖo nyuie eye wòtsi tsitre ɖe fiasã la ƒe fesre ɖeka to hele mɔtata la dzi kpɔm.
Now when Jehu arrived in Jezreel, Jezebel heard of it. So she painted her eyes, adorned her head, and looked down from a window.
31 Esi Yehu ge ɖe fiasã la me la, Yezebel do ɣli ɖe eta gblɔ be, “Wò, Zimri, wò amewula, nu ka dim nèle le afi sia?”
And as Jehu entered the gate, she asked, “Have you come in peace, O Zimri, murderer of your master?”
32 Yehu fɔ kɔ dzi, kpɔ Yezebel le fesre la nu eye wòdo ɣli bia be, “Ame kawoe le dzinye?” Ŋutsu tata eve alo etɔ̃ do mo ɖe fesre la nu kpɔe ɖo ɖa.
He looked up at the window and called out, “Who is on my side? Who?” And two or three eunuchs looked down at him.
33 Yehu gblɔ na wo be, “Midae ɖo ɖe anyigba!” Ale woda Yezebel to fesre la to wòge va dze anyigba. Eƒe ʋu hlẽ ɖe gli la kple sɔwo ŋu, Yehu do eƒe tasiaɖam kple sɔwo, zɔ eƒe ŋutilã kukua dzi.
“Throw her down!” yelled Jehu. So they threw her down, and her blood splattered on the wall and on the horses as they trampled her underfoot.
34 Ege ɖe fiasã la me heɖu nu eye wòno nu le afi ma. Le esia megbe la, egblɔ be, “Ame aɖe nayi aɖaɖi nyɔnu fiƒodeme sia elabena fia vinyɔnue.”
Then Jehu went in and ate and drank. “Take care of this cursed woman,” he said, “and bury her, for she was the daughter of a king.”
35 Esi woyi be yewoaɖii la, eƒe taƒu kple eƒe afɔwo kple eƒe asiwo ko wokpɔ.
But when they went out to bury her, they found nothing but her skull, her feet, and the palms of her hands.
36 Esi wotrɔ gbɔ va gblɔ nu siwo wokpɔ na Yehu la, egblɔ be, “Nu si tututu Yehowa gblɔ lae va eme! Egblɔ na Nyagblɔɖila Eliya be avuwo aɖu Yezebel ƒe kukua le Yezreel
So they went back and told Jehu, who replied, “This is the word of the LORD, which He spoke through His servant Elijah the Tishbite: ‘On the plot of ground at Jezreel the dogs will devour the flesh of Jezebel.
37 eye eƒe ŋutilã akaka ɖe anyigba abe ale si wokakaa aɖu ɖe agble me ene, ale be ame aɖeke mate ŋu agblɔ be Yezebel ƒe ŋutilãe nye esia o.”
And Jezebel’s body will lie like dung in the field on the plot of ground at Jezreel, so that no one can say: This is Jezebel.’”

< Fiawo 2 9 >