< Fiawo 2 8 >
1 Elisa gblɔ na nyɔnu si ƒe viŋutsu wògbɔ agbee la be, “Kplɔ wò ƒometɔwo eye miayi aɖanɔ teƒe aɖe si miate ŋu anɔ elabena Yehowa ɖe gbe be dɔwuame nava anyigba la dzi eye wòanɔ anyi ƒe adre.”
Elisha told the woman whose son he had brought back to life, “You and your family need to pack up and leave, and live where you can somewhere else like a foreigner. For the Lord announced a famine will come to the land and will last seven years.”
2 Nyɔnu la wɔ nu si Mawu ƒe ame la gblɔ. Eya kple eƒe ƒometɔwo yi ɖanɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ƒe adre.
The woman packed up and did what the man of God had told her. She and her family went and lived as foreigners for seven years in the country of the Philistines.
3 Esi dɔwuame la nu tso la, nyɔnu la gatrɔ va Israelnyigba dzi eye wòva kpɔ fia la be wòagbugbɔ yeƒe aƒe kple anyigba na ye.
When the seven years were over, she came back from the country of the Philistines and went to the king to appeal for the return of her house and lands.
4 Fia la nɔ nu ƒom kple Gehazi, Elisa ƒe subɔla, esime nyɔnu la do ɖe fia la ŋkume. Fia la nɔ gbɔgblɔm na Gehazi be, “Gblɔ nya aɖewo nam tso nu gã siwo Elisa wɔ la ŋu.”
The king was talking with Gehazi, the servant of the man of God, asking him, “Please tell me about all the wonderful things Elisha did.”
5 Gehazi nɔ nu ƒom na fia la tso gbe si gbe Elisa gbɔ agbe ŋutsuvi kuku aɖe la ŋuti. Ɣe ma ɣi tututue ŋutsuvia dada do ɖe fia la ŋkume! Gehazi gblɔ na fia la be, “Ahã! Nye aƒetɔ fia bubutɔ, nyɔnu lae nye esia, ame si ƒe viŋutsu ku eye Elisa gbɔ agbee lae nye esia!”
It so happened that right then Gehazi was telling the king the story of how Elisha had brought the dead boy back to life when his mother arrived to make her appeal to the king for the return of her house and lands. “My lord the king,” Gehazi called out, “this is the woman, and this is her son that Elisha brought back to life.”
6 Fia la bia nyɔnu la be, “Nyateƒea?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyateƒee!” Ale fia la ɖe gbe na eŋumewo dometɔ ɖeka be wòakpɔ egbɔ be nu sia nu si nye nyɔnu la tɔ kpɔ la naka esi eye be woaxe fe nɛ ɖe nuku siwo woxa le eƒe anyimanɔmanɔ me la nu.
The king asked the woman about it and she explained the whole story to him. The king gave orders to an official, saying, “Make sure everything that belonged to her is returned to her, together with all the profit from her lands from the day that she left the country until now.”
7 Le esia megbe la, Elisa yi Damasko, Siria ƒe fiadu me esime Siria fia, Ben Hadad nɔ dɔ lém le afi ma. Ame aɖe gblɔ na fia la be nyagblɔɖila la va.
Elisha went to Damascus when Ben-hadad king of Aram was ill. The king was informed, “The man of God has arrived in town.”
8 Egblɔ na Hazael be, “Tsɔ nunana ɖe asi eye nàyi ɖakpɔ Mawu ƒe ame la. Bia gbe Yehowa to Mawu ƒe ame la dzi. Biae be, ‘Ɖe mahaya tso nye dɔléle sia mea?’”
The king ordered Hazael, “Take a gift with you and go and meet the man of God. Ask him to ask the Lord, ‘Will I recover from this illness?’”
9 Hazael yi ɖado go Elisa. Edo agba na kposɔ blaene kple adzɔnu nyuitɔwo tso Damasko. Eyi ɖatsi tsitre ɖe eŋkume hegblɔ be, “Viwò Ben Hadad, Siria fia dɔm ɖa be mabia wò be, ‘Ɖe mahaya tso nye dɔléle sia mea?’”
So Hazael went to meet Elisha. He took with him a gift of all the best things from Damascus—forty camel-loads of goods. He came in and stood before him and said, “Your son Ben-hadad, king of Aram, has sent me to you to ask, ‘Will I recover from this illness?’”
10 Elisa ɖo eŋu be, “Gblɔ nɛ be ahaya gake Yehowa ɖee fiam be ele kuku ge godoo!”
“Go and tell him, ‘You will definitely recover.’ But the Lord has shown me that definitely he is going to die,” Elisha replied.
11 Elisa lĩ ŋku ɖe Hazael dzi gãa va se ɖe esime Hazael tɔtɔ eye Elisa de asi avifafa me.
Elisha stared at him for a long time until Hazael became uncomfortable. Then the man of God started to cry.
12 Hazael biae be, “Nu ka ta nye aƒetɔ le avi fam?” Elisa ɖo eŋu be, “Menya nu vɔ̃ɖi siwo nèle wɔwɔ ge Israelviwo; àtɔ dzo woƒe mɔwo, àwu woƒe ɖekakpuiwo, àxlã woƒe vidzĩwo ɖe agakpewo eye àdze ƒodo le woƒe funɔwo nu!”
“Why are you crying, my lord?” asked Hazael. “Because I know the evil things you are going to do to the Israelites,” Elisha replied. “You will set their fortresses on fire, kill their young men with the sword, dash to pieces their little ones, and rip open their pregnant women.”
13 Hazael gblɔ be, “Avue menyea? Nyemawɔ nu ma tɔgbi gbeɖegbeɖe o!” Ke Elisa ɖo eŋu be, “Yehowa na menya be wòe ava zu fia le Siria.”
“But how could someone like me who's just a ‘dog’ achieve anything like that?” Hazael asked. “The Lord has shown me that you are going to be the king of Aram,” Elisha replied.
14 Esi Hazael trɔ le Elisa gbɔ va yi eƒe aƒetɔ gbɔ la gbɔ la, ebiae be, “Nya kae nyagblɔɖila la gblɔ na wò?” Hazael ɖo eŋu be, “Egblɔ nam be àhaya.”
Hazael left Elisha and went to his master, who asked him, “What did Elisha tell you?” Hazael replied, “He told me you would definitely recover.”
15 Ke esi ŋu ke la, Hazael tsɔ kundru aɖe de tsi me eye wòtsɔe tsyɔ mo na fia Ben Hadad va se ɖe esime gbɔgbɔtsixe tsi eƒo eye wòku. Ale Hazael zu fia ɖe eteƒe.
But the following day Hazael took the bed cover, soaked it in water, and spread it over the king's face until he died. Then Hazael took over from him as king.
16 Fia Yoram, Yuda fia Yehosafat ƒe vi dze eƒe fiaɖuɖu gɔme le Israel fia, Yehoram, Fia Ahab ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia me.
Jehoram, son of Jehoshaphat, began his reign as king of Judah in the fifth year of the reign of Joram, son of Ahab, king of Israel, while Jehoshaphat was still king of Judah.
17 Yoram xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe enyi.
He was thirty-two when he became king, and he reigned in Jerusalem for eight years.
18 Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab kple Israel fia bubuawo ene. Eɖe Ahab ƒe vinyɔnu eye wòwɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume.
Jehoram followed the ways of the kings of Israel, just as the house of Ahab had done, for he married a daughter of Ahab and did what was evil in the Lord's sight.
19 Ke esi Yehowa do ŋugbe na eƒe dɔla, Fia David, be yeakpɔ eƒe dzidzimeviwo dzi eye yeakplɔ wo ta la, metsrɔ̃ Yuda o.
But for the sake of David his servant the Lord didn't want to destroy Judah since he had promised him that there would always be a ruler from his descendants, like a lamp forever.
20 Le Yoram ƒe fiaɖuɣi la, Edomtɔwo dze aglã, ɖe wo ɖokui ɖa tso Yuda te eye woɖo fia na wo ɖokui.
During Jehoram's time as king, Edom rebelled against Judah's rule and chose their own king.
21 Ke Yehoram kple eƒe tasiaɖamwo katã ho yi Zair. Le zã me la, Edomʋakɔ va ɖe to ɖe wo kpe ɖe eƒe tasiaɖam megãwo ŋu. Ke Yoram kple eƒe tasiaɖam megãwo kpe aʋa kple Edomtɔwo hekpe wo dzi hesi to wo dome dzo. Ke eƒe amewo si yi aƒe.
So Jehoram went over to Zair with all his chariots. The Edomites surrounded him and his chariot commanders, but he took action and attacked at night. But his army ran back to their homes.
22 Ale Edom do le Yuda ƒe kɔkuti te va se ɖe egbe. Libna hã dze aglã ɣe ma ɣi tututu.
As a result Edom has been in rebellion against Judah's rule to this day. At the same time Libnah also decided to rebel.
23 Woŋlɔ Fia Yoram ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe, Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
The rest of what happened in Jehoram's reign and all that he did are recorded in the Book of Chronicles of the Kings of Judah.
24 Eku eye woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le David ƒe du la me. Ke Ahazia si nye Via ŋutsuvi ɖu fia ɖe eteƒe.
Jehoram died and was buried with his forefathers in the City of David. His son Ahaziah succeeded him as king.
25 Yoram ƒe vi, Ahazia zu fia yeye la le Israel fia Yehoram, Ahab ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuievelia me.
Ahaziah, son of Jehoram, became king of Judah in the twelfth year of the reign of Joram, son of Ahab, king of Israel.
26 Ahazia xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòzu fia. Eɖu fia ƒe ɖeka ko le Yerusalem. Dadae nye Atalia, Israel fia, Omri ƒe tɔgbuiyɔvi.
Ahaziah was twenty-two when he became king, and he reigned in Jerusalem for one year. His mother's name was Athaliah, the granddaughter of Omri, king of Israel.
27 Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe ale si Fia Ahab ƒe dzidzimeviwo katã nɔ ene elabena edo ƒome kple Fia Ahab to srɔ̃ɖeɖe me.
Ahaziah also followed the evil ways of the family of Ahab, and did what was evil in the Lord's sight as the family of Ahab had done, for he was related to them by marriage.
28 Ahazia kple Ahab ƒe vi Yoram woho aʋa ɖe Aram fia Hazael ŋu le Ramot Gilead. Aramtɔwo de abi Yoram ŋu le aʋa sia me
Ahaziah went with Joram, son of Ahab, to fight against Hazael, king of Aram, at Ramoth-gilead. The Arameans wounded Joram,
29 eya ta Fia Yoram gbɔ va Yezreel be yeagbɔ ɖe eme, eye yeakpɔ egbɔ be woda gbe le abi siwo Aramtɔwo de eŋu le Ramot, esime wòwɔ aʋa kple Aram fia Hazael la ŋu. Ke Ahazia si nye Yuda fia Yehoram ƒe vi la yi Yezerel be yeakpɔ Ahab vi Yoram ɖa ɖe eƒe abixɔxɔ ta.
and he returned to Jezreel to recover from the wounds he'd received in Ramah fighting against Hazael king of Aram. Ahaziah, son of Jehoram, king of Judah, went to Jezreel to visit Joram, son of Ahab, because Joram was wounded.