< Fiawo 2 6 >
1 Gbe ɖeka la, nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo ƒe ha gblɔ na Elisa be, “Kpɔ ɖa, teƒe si míewɔa takpekpe kpli wò le la le sue na mí akpa.
Now the sons of the prophets said to Elisha, “Please take note that the place where we meet with you is too small for us.
2 Na míayi Yɔdan tɔsisi la to, ale be mía dometɔ ɖe sia ɖe natso ati eye míatsɔe atso teƒe aɖe si míanɔ.” Elisa gblɔ na wo be, “Miyi! Enyo, miate ŋu atu xɔ la faa.”
Please let us go to the Jordan, where each of us can get a log so we can build ourselves a place to live there.” “Go,” said Elisha.
3 Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Míeɖe kuku kplɔ mí yi teƒea.” Elisa lɔ̃ hegblɔ be, “Mayi!”
Then one of them said, “Please come with your servants.” “I will come,” he replied.
4 Ke eyi kpli wo. Woɖo Yɔdan tɔsisi la to eye wode asi atiawo tsotso me.
So Elisha went with them, and when they came to the Jordan, they began to cut down some trees.
5 Esi nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nɔ ati aɖe tsom la, eƒe fia do le fiati la me eye wòge ɖe tɔsisi la me. Nusrɔ̃la la do ɣli enumake be, “Oo, nye aƒetɔ, ɖe meɣe fia la hafi!”
As one of them was cutting down a tree, the iron axe head fell into the water. “Oh, my master,” he cried out, “it was borrowed!”
6 Nyagblɔɖila la biae be, “Afi ka fia la ge ɖo?” Nusrɔ̃la la fia teƒe lae. Elisa lã ati aɖe da ɖe teƒea le tsia me eye fia la ho ɖe tsi la ŋgɔ enumake!
“Where did it fall?” asked the man of God. And when he showed him the place, the man of God cut a stick, threw it there, and made the iron float.
7 Elisa gblɔ nɛ be wòalée eye wòlée.
“Lift it out,” he said, and the man reached out his hand and took it.
8 Gbe ɖeka esime Siria nɔ aʋa wɔm kple Israel la, Siria fia gblɔ na eƒe aʋakplɔlawo be, “Míaƒu asaɖa anyi ɖe teƒe aɖe.” Eyɔ teƒe la ŋkɔ na wo.
Now the king of Aram was at war against Israel. After consulting with his servants, he said, “My camp will be in such and such a place.”
9 Elisa gblɔ na Israel fia enumake be, “Mègate ɖe teƒe sia ŋu o, elabena Siriatɔwo ɖo be yewoaƒu asaɖa anyi ɖe afi ma!”
Then the man of God sent word to the king of Israel: “Be careful passing by this place, for the Arameans are going down there.”
10 Ale Israel fia la dɔ amewo ɖa be woayi aɖakpɔ teƒe si Mawu ƒe ame la fia. Elisa xlɔ̃ nu Israel fia enuenu tso nu siawo ƒomevi ŋuti ale wònɔa ŋudzɔ ɖe teƒe mawo ŋuti.
So the king of Israel sent word to the place the man of God had pointed out. Time and again Elisha warned the king, so that he was on his guard in such places.
11 Nu sia wɔ nuku na Siria fia la. Eyɔ eƒe aʋafiawo ƒo ƒu eye wòbia wo be, “Mia dometɔ kae nye ameyomemɔfiala sia? Mia dometɔ kae le nye ɖoɖowo gblɔm na Israel Fia la?”
For this reason the king of Aram became enraged and called his servants to demand of them, “Tell me, which one of us is on the side of the king of Israel?”
12 Aʋakplɔlawo dometɔ ɖeka ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia bubutɔ, menye míawoe o, Elisa, nyagblɔɖila la gblɔa nya si nègblɔ le bebeme le wò xɔ gã me la na Israel fia la!”
But one of his servants replied, “No one, my lord the king. For Elisha, the prophet in Israel, tells the king of Israel the very words you speak in your bedroom.”
13 Fia la ɖe gbe be, “Miyi miakpɔ afi si wòle ekema míaɖo asrafowo ɖa woayi aɖalée.” Woyi gbɔ va gblɔ na fia la be, “Elisa le Dotan!”
So the king said, “Go and see where he is, that I may send men to capture him.” On receiving the report, “Elisha is in Dothan,”
14 Ale le zã aɖe me la, Siria fia ɖo aʋakɔ gã aɖe kple tasiaɖamwo kple sɔ geɖewo ɖa be woaɖe to ɖe du la.
the king of Aram sent horses, chariots, and a great army. They went there by night and surrounded the city.
15 Esi nyagblɔɖila la ƒe subɔla fɔ ŋdi kanya eye wòdo ɖe xexe ko la, ekpɔ aʋawɔlawo, tasiaɖamwo kple sɔwo le afi sia afi. Edo ɣli bia Elisa be, “Aléle! Nye aƒetɔ, nu ka míawɔ fifia?”
When the servant of the man of God got up and went out early in the morning, an army with horses and chariots had surrounded the city. So he asked Elisha, “Oh, my master, what are we to do?”
16 Elisa gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o! Elabena míaƒe aʋakɔ sɔ gbɔ, eye wòtri akɔ wu wo tɔ!”
“Do not be afraid,” Elisha answered, “for those who are with us are more than those who are with them.”
17 Tete Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, ʋu nye subɔla ƒe ŋkuwo ne wòakpɔ nu!” Yehowa ʋu ɖekakpui la ƒe ŋkuwo eye wòte ŋu kpɔ dzosɔwo kple dzotasiaɖamwo le afi sia afi, le toa dzi.
Then Elisha prayed, “O LORD, please open his eyes that he may see.” And the LORD opened the eyes of the young man, and he saw that the hills were full of horses and chariots of fire all around Elisha.
18 Esi Siriatɔwo ƒe aʋakɔ la lũ ɖe wo dzi la, Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, na woƒe ŋkuwo dzi natsyɔ.” Eye wòva eme nenema.
As the Arameans came down against him, Elisha prayed to the LORD, “Please strike these people with blindness.” So He struck them with blindness, according to the word of Elisha.
19 Elisa yi ɖagblɔ na wo be, “Menye du si me yim miele hafi lae nye esia o. Du bubu mee mieva ɖo! Midze yonyeme eye makplɔ mi ayi ame si dim miele la gbɔ.” Ale Elisa kplɔ Siriatɔwo ƒe aʋakɔ blibo la yi Samaria!
And Elisha told them, “This is not the way, and this is not the city. Follow me, and I will take you to the man you are seeking.” And he led them to Samaria.
20 Esi woɖo Samaria la, Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, ʋu woƒe ŋkuwo azɔ ale be woakpɔ nu.” Yehowa wɔ nu si Elisa bia eye Siria ƒe aʋawɔlawo dze sii be yewole Samaria, le Israel ƒe fiadu la me!
When they had entered Samaria, Elisha said, “O LORD, open the eyes of these men that they may see.” Then the LORD opened their eyes, and they looked around and discovered that they were in Samaria.
21 Esi Israel fia kpɔ wo la, edo ɣli bia Elisa be, “Fofonye, ɖe mawu woa? Mawu woa?”
And when the king of Israel saw them, he asked Elisha, “My father, shall I kill them? Shall I kill them?”
22 Elisa ɖo eŋu be, “Kura o! Ɖe míewua ame siwo míelé le aʋa mea? Na nuɖuɖu kple nunono wo eye nàtrɔ wo ɖo ɖe wo de le woƒe amegã gbɔ.”
“Do not kill them,” he replied. “Would you kill those you have captured with your own sword or bow? Set food and water before them, that they may eat and drink and then return to their master.”
23 Ale Israel fia la ɖo kplɔ̃ gã aɖe na Siriatɔwo ƒe aʋakɔ la eye esi woɖu nu, no nu vɔ la, eɖo wo ɖe aƒe eye wotrɔ yi ɖe woƒe amegã gbɔ. Tso gbe ma gbe dzi la, Siria ƒe adzohawo megadoa ta ɖe Israelnyigba dzi o.
So the king prepared a great feast for them, and after they had finished eating and drinking, he sent them away, and they returned to their master. And the Aramean raiders did not come into the land of Israel again.
24 Ke emegbe la, Siria fia Ben Hadad ƒo eƒe aʋakɔ blibo la nu ƒu eye wòɖe to ɖe Samaria.
Some time later, Ben-hadad king of Aram assembled his entire army and marched up to besiege Samaria.
25 Nu sia na dɔ to le Samaria du la me. Esi dɔwuame sia nɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe ta la, tedzi ƒe ta xɔ klosaloga blaenyi eye sabala kpo ɖeka gɔ̃ hã xɔ klosaloga atɔ̃.
So there was a great famine in Samaria. Indeed, they besieged the city so long that a donkey’s head sold for eighty shekels of silver, and a quarter cab of dove’s dung sold for five shekels of silver.
26 Gbe ɖeka esime Israel fia nɔ tsa ɖim to dua ƒe gli dzi la, nyɔnu aɖe yɔe, gblɔ nɛ be, “Kpe ɖe ŋunye, nye aƒetɔ kple nye fia!”
As the king of Israel was passing by on the wall, a woman cried out to him, “Help me, my lord the king!”
27 Fia la gblɔ nɛ be, “Ne Yehowa mekpe ɖe ŋuwò o ɖe, nu ka nye, amegbetɔ mate ŋu awɔ? Nuɖuɖu alo wain mele asinye mana wò o.
He answered, “If the LORD does not help you, where can I find help for you? From the threshing floor or the winepress?”
28 Gbã la, nya kae dzɔ?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nyɔnu sia gblɔ nam be míaɖa vinye ŋutsuvi aɖu eye le ŋkeke bubu dzi la, míaɖa ye hã ƒe viŋutsuvi aɖu.
Then the king asked her, “What is the matter?” And she answered, “This woman said to me, ‘Give up your son, that we may eat him, and tomorrow we will eat my son.’
29 Ale míeɖa vinye ɖu, ke esi ŋu ke megblɔ nɛ be ‘Wò hã, wu viwò míaɖa ɖu egbe’ la, etsɔ via ɣla!”
So we boiled my son and ate him, and the next day I said to her, ‘Give up your son, that we may eat him.’ But she had hidden her son.”
30 Esi fia la se nya sia la, edze eƒe awuwo. Amewo de dzesii to afi si eƒe awuwo dze le la be edo akpanyawu ɖe awu si wòdze la te.
When the king heard the words of the woman, he tore his clothes. And as he passed by on the wall, the people saw the sackcloth under his clothes next to his skin.
31 Fia la ka atam be, “Mawu nefiam, wòagafiam ɖe edzi vevie ne Elisa, Safat ƒe viŋutsu la, ƒe ta aganɔ eƒe kɔ nu egbe.”
He announced, “May God punish me, and ever so severely, if the head of Elisha son of Shaphat remains on his shoulders through this day!”
32 Elisa nɔ takpekpe me kple Israel ƒe ametsitsiwo le eƒe aƒe me. Fia la ɖo ame ɖa be woakplɔe vɛ. Ke hafi ame dɔdɔ la nava ɖo la, Elisa gblɔ na ametsitsiawo be, “Amewula sia ɖo ame aɖe ɖa be wòawum. Ne ame dɔdɔ la va ɖo la, mitu ʋɔa ɖe enu wòatsi ʋɔa godo elabena eƒe aƒetɔ akplɔe ɖo enumake.”
Now Elisha was sitting in his house, and the elders were sitting with him. The king sent a messenger ahead, but before he arrived, Elisha said to the elders, “Do you see how this murderer has sent someone to cut off my head? Look, when the messenger comes, shut the door to keep him out. Is not the sound of his master’s footsteps behind him?”
33 Elisa mekpɔ ɖe nu le nya sia me hafi ame dɔdɔ la va do o. Fia la hã va do! Fia la gblɔ be, “Yehowae he dzɔgbevɔ̃e siawo katã vɛ. Nu ka ta makpɔ mɔ na kpekpeɖeŋu aɖe tso egbɔ?”
While Elisha was still speaking with them, the messenger came down to him. And the king said, “This calamity is from the LORD. Why should I wait for the LORD any longer?”