< Fiawo 2 5 >
1 Azɔ la Naaman nye Aram fia ƒe aʋakplɔla. Ede ŋgɔ eye bubu nɔ eŋu le eƒe aƒetɔ gbɔ elabena eya dzie Yehowa to ɖu dzi geɖe na Aram. Enye asrafo kalẽtɔ gã aɖe gake enɔ kpodɔ lém.
Na’aman heitte ein herførar hjå syrarkongen. Han hadde mykje å segja hjå herren sin og var høgvyrd av alle; for med han førde syrarane, hadde Herren hadde gjeve deim siger. Mannen var ei stor stridskjempa, men spillsjuk.
2 Adzoha aɖewo tso Aram va da adzo le Israelnyigba dzi eye nyɔnuvi sue aɖe le ame siwo wolé la dome. Nyɔnuvi sia zu Naaman srɔ̃ ƒe subɔla.
Ein gong på herjeferd i Israelslandet hadde syrarane millom krigsfangarne teke ei liti gjenta; og ho kom i teneste hjå kona åt Na’aman.
3 Azɔ la, nyɔnuvi la gblɔ na eƒe aƒenɔ be, “Ne nye aƒetɔ, ɖe wòakpɔ nyagblɔɖila si le Samaria la, anyo ŋutɔ! Ada gbe le eƒe anyidɔ la ŋu nɛ.”
Ho sagde med matmor si: «Å gjev husbonden min var hjå profeten i Samaria! So skulde han nok skilja honom med spillsykja.»
4 Naaman yi eƒe aƒetɔ gbɔ eye wògblɔ nya si nyɔnuvi si tso Israel gblɔ la nɛ.
Han gjekk til kongen og fortalde: «So og so hev gjenta frå Israelslandet sagt.»
5 Aram fia ɖo eŋu nɛ be, “Ele vevie be nàyi; maɖo agbalẽ ɖe Israel fia.” Ale Naaman dze mɔ; etsɔ klosaloga kilogram alafa etɔ̃ blaene ɖe asi kpe ɖe sikaga kilogram blaadre ŋuti kple awudodo ewo.
Syrarkongen svara: «Far du! So skal eg senda brev med deg til Israels-kongen.» So for han og tok med seg ti talent sylv og seks tusund lodd gull og ti festklædningar.
6 Agbalẽ si woŋlɔ na Israel fia la me nyawoe nye: “Mele agbalẽ sia ɖom ɖe wò to nye dɔla Naaman dzi be nàda gbe le eƒe anyidɔ la ŋu nɛ.”
Han bar brevet fram til Israels-kongen. Der stod det: «- - Og no når du fær dette brevet, skal du vita at eg sender Na’aman, tenaren min, til deg, og du skal skilja honom av med spillsykja hans.»
7 Esi Israel fia xlẽ agbalẽa me nyawo vɔ teti ko la, edze eƒe awuwo eye wògblɔ be, “Mawue menyea? Ɖe mate ŋu awu ame agagbɔ agbeea? Nu ka ŋuti ame sia dɔ ame aɖe ɖe gbɔnye be mada gbe le eƒe anyidɔ ŋu? Mikpɔ ale si wòle agbagba dzem be yeagawɔ dzre kplim la ɖa!”
Då Israels-kongen las brevet, reiv han sund klædi sine og ropa: «Tru eg er Gud, so eg hev magt yver daude og liv, sidan han skriv til meg at eg skal skilja ein mann med spillsykja hans? De kann då skyna og sjå at han vil berre egla seg innpå meg!»
8 Ke esi Mawu ƒe ame, Elisa se be Israel fia dze awu le eɖokui ŋuti la, eɖo du ɖee be, “Nu kae te ɖe dziwò ale gbegbe be nèdze wò awuwo? Ɖo Naaman ɖe gbɔnye ekema anya be nyagblɔɖila aɖe le Israel.”
Då gudsmannen Elisa spurde at Israels-kongen hadde rive sund klædi sine, sende han bod til kongen med dei ordi: «Kvifor reiv du sund klædi dine? Lat honom koma til meg, so skal han få vita at det finst ein profet i Israel.»
9 Ale Naaman kple eƒe sɔwo kple tasiaɖamwo va tɔ ɖe Elisa ƒe aƒe ƒe agbonu.
Na’aman kom med hestar og vogni, og stana utanfor husdøri åt Elisa.
10 Elisa ɖo dɔla aɖe ɖa be wòagblɔ na Naaman be, “Yi nàdo ɖi ɖe Yɔdan me zi adre, ekema wò ŋutigbalẽ aɖɔ ɖo eye nàkpɔ dɔyɔyɔ.”
Elisa sende bod ut til honom med dei ordi: «Far av og lauga deg sju gonger i Jordan, so skal kroppen din verta like god att, so du vert rein.»
11 Ke Naaman trɔ dzo kple dziku hegblɔ be, “Nye ya mesusui be godoo la, ado ɖe ŋutinye, atɔ ɖe gbɔnye ayɔ Yehowa eƒe Mawu la ƒe ŋkɔ, alili asi anyiteƒeawo, ayɔ dɔ nye anyidɔ la hafi.
Na’aman vart harm, og for sin veg. «Eg tenkte han vilde koma ut til meg sjølv, » sagde han, «og stiga fram og ropa til Herren, sin Gud, og strjuka med handi yver den sjuke staden og soleis skilja meg av med spillsykja.
12 Ɖe Abana kple Farpar, Damasko tɔsisiwo menyo wu tsi siwo katã le Israel oa? Ɖe nyemate ŋu ale tsi le wo me akpɔ dɔyɔyɔ oa?” Ale wòtrɔ dzo kple dziku.
Tru ikkje Damaskus-elvarne Abana og Parpar er likare enn alt vatnet i Israel? Tru eg ikkje likso godt kunde verta rein med å lauga meg i deim?» Og han snudde, og for heim i sinne.
13 Naaman ƒe dɔlawo yi egbɔ eye wogblɔ nɛ be, “Fofonye, nenye ɖe nyagblɔɖila la gblɔ na wò be nàwɔ nu sesẽ aɖe la, màwɔe oa? Kaka wòhenye be wògblɔ na wò be, ‘Yi nàle tsi eye wò ŋuti nakɔ!’”
Men tenarane hans gjekk fram og tala med honom: «Du far! Hadde profeten lagt på deg ein vanskeleg ting, vilde du då ikkje gjort det? Kor mykje meir når han berre segjer til deg: «Lauga deg, so vert du rein.»»
14 Ale Naaman yi Yɔdan tɔsisi la me eye wòdo ɖi ɖe tɔsisi la me zi adre abe ale si Mawu ƒe ame la bia tso esi be wòawɔ ene. Eƒe ŋuti zrɔ̃ hekɔ enumake abe ŋutsuvi sue aɖe tɔ ene.
Då for han ned og dukka seg i Jordan sju gonger, so som gudsmannen hadde sagt. Kroppen hans vart like god att, frisk som ein liten barnekropp; han vart rein.
15 Tete Naaman kple eƒe dɔlawo katã trɔ yi ɖe Mawu ƒe ame la gbɔ ɖatsi tsitre ɖe eŋkume hegblɔ nɛ be, “Azɔ la menyae be Mawu aɖeke mele xexea katã me o negbe le Israel ko, eya ta meɖe kuku, xɔ nunana siawo le wò dɔla si.”
Då snudde han attende til gudsmannen, han og heile fylgjet han. Han kom inn til honom og sagde: «Sjå no hev eg røynt at det er ingen Gud på heile jordi utan i Israel. Tak no imot ei gåva av meg, tenaren din.»
16 Ke nyagblɔɖila la ɖo eŋu be, “Meta Yehowa, ame si mesubɔna la ƒe agbe be nyemaxɔ naneke o.” Togbɔ be Naaman ƒoe ɖe enu hã la, egbe mexɔ nunanawo o.
Han svara: «So sant Herren liver, han som eg tener: eg tek ikkje imot.» Han naudbad honom å taka imot; men han vilde ikkje.
17 Naaman gblɔ nɛ be, “Ne màxɔ wo o la, meɖe kuku, na wò dɔla naka anyi si tedzi eve ate ŋu atsɔ la nam elabena wò dɔla magasa numevɔ kple vɔsa bubuwo na Mawu bubu aɖeke o, negbe Yehowa ko.
Då sagde Na’aman: «Sidan du ikkje vil, so gjev meg so mykje mold som eit par muldyr kann bera; for no vil eg ikkje meir ofra brennoffer eller slagtoffer til andre gudar, men berre til Herren.
18 Ke Yehowa netsɔe ke wò dɔla ɖe esia ɖeka ko ta be ne nye aƒetɔ yi Rimon ƒe gbedoxɔ me be wòade ta agu eye wòziɔ ɖe nye abɔ ŋuti eye nye hã mede ta agu, le Rimon ƒe gbedoxɔa me la, Yehowa netsɔe ke wò dɔla ɖe esia ta.”
Men ein ting må Herren tilgjeva meg: Når herren min gjeng inn i Rimmons-templet og bøygjer seg ned og bed der, og eg lyt fylgja honom, og eg og bøygjer meg ned i Rimmons-templet samstundes som han gjer det - må då Herren tilgjeva tenaren din dette!»
19 Elisa gblɔ nɛ be, “Heyi le ŋutifafa me.” Ale Naaman trɔ ɖo ta wo de.
Han svara: «Far i fred!» Og han for frå honom eit stykke veg.
20 Ke Gehazi, Elisa ƒe subɔla Mawu ƒe ame, gblɔ na eɖokui be, “Mele be nye aƒetɔ nagbe nunanawo xɔxɔ eye wòaɖe asi le Naaman, Aramea ŋutsu sia ŋu wòadzo o. Mati eyome eye maxɔ nane le esi.”
Då tenkte Gehazi, drengen åt gudsmannen Elisa: «No hev husbond spart denne syraren Na’aman og ikkje teke imot det han hadde med seg. So sant Herren liver, eg spring etter honom og fær honom til gjeva meg eitkvart.»
21 Ale Gehazi ɖe abla kplɔ Naaman ɖo. Esi Naaman kpɔe wònɔ du dzi gbɔna la, eɖi le eƒe tasiaɖam me be yeado goe. Ebia be, “Nu sia nu le nyuiea?”
Gehazi sette etter Na’aman. Då Na’aman ser ein koma springande etter, hoppar han ut or vogni, og gjeng imot honom og ropar: «Er noko på ferd?»
22 Gehazi ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, nu sia nu le nyuie gake nye aƒetɔe dɔm be magblɔ na wò be, ‘Ɖekakpui eve tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo dome, tso Efraim to dzi va ɖo gbɔnye fifi laa eya ta, meɖe kuku, tsɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene kple awudodo ha eve na wo.’”
«Nei, » svarar han, «men husbond sender meg med dette bodet: Nett no kom det til meg tvo unge profetsveinar frå Efraimsheidi. Å, gjev deim eit talent sylv og tvo festklædningar!»
23 Naaman ɖo eŋu nɛ be, ele vevie eya ta xɔ klosaloga kilogram blaade-vɔ-enyi. Eƒoe ɖe Gehazi nu be wòaxɔe. Tete wòbla klosaloga la ɖe kotoku eve me nɛ eye wòtsɔ awudodo ha eve kpe ɖe eŋuti nɛ. Etsɔ wo de eƒe dɔla eve si eye wotsɔ wo dze Gehazi ŋgɔe.
Na’aman svara: «Gjer vel og tak imot tvo talent.» Han nøydde han, og knytte tvo talent sylv inn i tvo pungar, og tok tvo festklædningar og gav tvo av tenarane sine, og dei bar deim fyre honom.
24 Ke esi wogogo to si dzi Elisa nɔ la, Gehazi xɔ nuawo le subɔla eveawo si eye wòna wotrɔ dzo. Etsɔ ga la ɣla ɖe eƒe aƒe me.
Men då dei kom til haugen, tok han det frå deim. Han gøymde det i huset og let kararne ganga sin veg.
25 Esi wòyi eƒe aƒetɔ gbɔ la, Elisa biae be, “Gehazi, afi ka nètso?” Gehazi ɖo eŋu be, “Wò dɔla medo yi afi aɖeke o.”
Då han kom inn til husbonden sin, spurde Elisa honom: «Kvar kjem du ifrå, Gehazi?» Han svara: «Ingen stad hev tenaren din vore.»
26 Elisa biae be, “Mènya be menɔ afi ma le gbɔgbɔ me hafi Naaman ɖi le eƒe tasiaɖam me hekpe wò oa? Ɣeyiɣi sia mee woaxɔ ga, awu, amitigblewo, waingblewo, alẽwo, nyitsuwo kple subɔlawoa?
Då sagde han: «Tru eg ikkje fylgde deg i åndi då ein mann snudde seg frå vogni og møtte deg? Er det no tid å taka imot sylv og få seg klæde og oljetre og vinhagar og sauer og bufe og tenarar og ternor?
27 Esi nèwɔ esia ta la, Naaman ƒe anyidɔ la ava wò kple viwòwo kple wo tɔgbuiyɔviwo dzi tegbetegbe.” Anyi ƒo ɖe Gehazi ŋu enumake, eŋuti katã fu kpii eye wòzu anyidzela hafi do go le xɔa me.
Spillsykja hans Na’aman skal koma yver deg og ætti di for alle tider.» Og han gjekk ut frå honom, spillsjuk og kvit som snø.