< Fiawo 2 3 >

1 Ahab ƒe vi, Yehoram, dze eƒe fiaɖuɖu le Israel gɔme le Yuda fia Yehosafat ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me. Eɖu fia ƒe wuieve le Samaria.
猶大王約沙法十八年,亞哈的兒子約蘭在撒馬利亞登基作了以色列王十二年。
2 Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume ke menye abe fofoa kple dadaa ene o, elabena ewɔ nu nyui ɖeka: emu xɔ si fofoa tu na Baal la ƒu anyi.
他行耶和華眼中看為惡的事,但不致像他父母所行的,因為除掉他父所造巴力的柱像。
3 Ke egawɔ nu vɔ̃ si Yeroboam, Nebat ƒe vi wɔ elabena eya hã kplɔ Israelviwo de legbawo subɔsubɔ me.
然而,他貼近尼八的兒子耶羅波安使以色列人陷在罪裏的那罪,總不離開。
4 Moab fia, Mesa kple eƒe amewo nye alẽnyilawo. Woxea adzɔ na Israel kple alẽ akpe alafa ɖeka kple agbo akpe alafa ɖeka ƒe fu ƒe sia ƒe.
摩押王米沙牧養許多羊,每年將十萬羊羔的毛和十萬公綿羊的毛給以色列王進貢。
5 Ke le Ahab ƒe ku megbe la, Moab fia dze aglã ɖe Israel ŋu.
亞哈死後,摩押王背叛以色列王。
6 Ale Fia Yehoram dzo le Samaria yi ɖaƒo Israelʋakɔ nu ƒu.
那時約蘭王出撒馬利亞,數點以色列眾人。
7 Eɖo du ɖe Yuda fia Yehosafat be, “Moab fia dze aglã ɖe ŋunye; àte ŋu akpe ɖe ŋunye mawɔ aʋa kpliia?” Yehosafat ɖo eŋu be, “Makpe ɖe ŋuwò. Nye amewo kple nye sɔwo le asiwò me.”
前行的時候,差人去見猶大王約沙法,說:「摩押王背叛我,你肯同我去攻打摩押嗎?」他說:「我肯上去,你我不分彼此,我的民與你的民一樣,我的馬與你的馬一樣。」
8 “Mɔ ka míato hafi adze wo dzi?” Yehoram ɖo eŋu be, “Míadze wo dzi tso Edom gbegbe.”
約蘭說:「我們從哪條路上去呢?」回答說:「從以東曠野的路上去。」
9 Ale Israel, Yuda kple Edom fiawo kplɔ woƒe aʋakɔwo to mɔ gɔdɔ̃ aɖe to gbegbe la ŋkeke adre, ke tsi menɔ anyi na ameawo kple woƒe lãwo o.
於是,以色列王和猶大王,並以東王,都一同去繞行七日的路程;軍隊和所帶的牲畜沒有水喝。
10 Israel fia do ɣli be, “Oo, nu ka míawɔ? Yehowa kplɔ mí va afi sia be yeana Moab fia naɖu mía dzi!”
以色列王說:「哀哉!耶和華招聚我們這三王,乃要交在摩押人的手裏。」
11 Ke Yuda fia, Yehosafat biae be, “Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖeke mele mía dome oa? Ne eli la, ekema míate ŋu ana wòagblɔ nu si míawɔ la na mí.” Israel fiaŋumewo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Elisa, Safat ƒe viŋutsu le afi sia, Eliya ƒe kpeɖeŋutɔe wònye!”
約沙法說:「這裏不是有耶和華的先知嗎?我們可以託他求問耶和華。」以色列王的一個臣子回答說:「這裏有沙法的兒子以利沙,就是從前服事以利亞的。」
12 Yehosafat gblɔ be, “Ahã, eyae nye ame si tututu dim míele; Yehowa ƒe nya le esi.” Ale Israel kple Yuda kple Edom ƒe fiawo yi ɖabia gbe Elisa.
約沙法說:「他必有耶和華的話。」於是以色列王和約沙法,並以東王都下去見他。
13 Ke Elisa gblɔ na Israel fia Yehoram be, “Nyemedi wò nya aɖeke be mase o; yi fofowò kple dawò ƒe nyagblɔɖilawo gbɔ!” Fia Yehoram ɖo eŋu be, “Ao, elabena Yehowae yɔ mí va afi sia be Moab fia natsrɔ̃ mí!”
以利沙對以色列王說:「我與你何干?去問你父親的先知和你母親的先知吧!」以色列王對他說:「不要這樣說,耶和華招聚我們這三王,乃要交在摩押人的手裏。」
14 Elisa gblɔ nɛ be, “Meta Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, ame si mesubɔna la ƒe agbe be nenye ɖe nyemede bubu Yuda fia Yehosafat ƒe afi sia nɔnɔ ŋu o la, anye ne nyemanye kɔ akpɔ wò gɔ̃ hã o.
以利沙說:「我指着所事奉永生的萬軍耶和華起誓,我若不看猶大王約沙法的情面,必不理你,不顧你。
15 Ke azɔ la, mikplɔ kasaŋkuƒola aɖe vɛ nam.” Esi kasaŋkuƒola la nɔ kasaŋkua ƒom la, Yehowa ƒe ŋusẽ va Elisa dzi
現在你們給我找一個彈琴的來。」彈琴的時候,耶和華的靈就降在以利沙身上。
16 eye wògblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Miɖe ʋewo ɖe bali sia me’,
他便說:「耶和華如此說:『你們要在這谷中滿處挖溝;
17 elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Miakpɔ yaƒoƒo loo alo tsidzadza o, gake tsi ayɔ bali sia me si wò kple wò nyiwo kple wò lãha bubuawo miano.’
因為耶和華如此說:你們雖不見風,不見雨,這谷必滿了水,使你們和牲畜有水喝。』
18 Esia nye nu bɔbɔe le Yehowa ŋkume. Atsɔ Moab hã ade asi na wò.
在耶和華眼中這還算為小事,他也必將摩押人交在你們手中。
19 Miagbã du sesẽ ɖe sia ɖe kple du gã ɖe sia ɖe aƒu anyi. Nenema ke mialã ati nyui ɖe sia ɖe aƒu anyi, miatɔ te tɔsisi ɖe sia ɖe ƒe sisi eye miatsɔ kpewo agblẽ agbledenyigba nyuiwo katã.”
你們必攻破一切堅城美邑,砍伐各種佳樹,塞住一切水泉,用石頭糟踏一切美田。」
20 Esi ŋu ke, le ŋdivɔsaɣi la, tsie nye ekem le dodom bababa tso Edom lɔƒo! Tsi ɖɔ ɖe anyigba la dzi.
次日早晨,約在獻祭的時候,有水從以東而來,遍地就滿了水。
21 Azɔ la Moabtɔwo katã se be fiawo va aʋa wɔ ge kple yewo eya ta woyɔ ŋutsu ɖe sia ɖe, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa, ame sia ame si ate ŋu awɔ aʋa ko eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe woƒe liƒo dzi.
摩押眾人聽見這三王上來要與他們爭戰,凡能頂盔貫甲的,無論老少,盡都聚集站在邊界上。
22 Esi wofɔ ŋdi kanya la, ɣe nɔ keklẽm ɖe tsia dzi eye hena Moabtɔ siwo nɔ tɔa godo la, wokpɔ tsi la wòbiã dzẽ abe ʋu ene.
次日早晨,日光照在水上,摩押人起來,看見對面水紅如血,
23 Tete wogblɔ be, “Ʋue nye ekem! Fia mawo anya wɔ aʋa, wu wo nɔewo. Azɔ la Moab, miva miaɖaha woƒe nuwo!”
就說:「這是血啊!必是三王互相擊殺,俱都滅亡。摩押人哪,我們現在去搶奪財物吧!」
24 Ke esi woɖo Israelviwo ƒe asaɖa me la, Israelviwo ƒe aʋawɔlawo lũ ɖe wo dzi eye wode asi Moabtɔwo wuwu me, ale Moabtɔwo si. Israelviwo ge ɖe Moabnyigba dzi eye woyi wo wuwu dzi le afi ma.
摩押人到了以色列營,以色列人就起來攻打他們,以致他們在以色列人面前逃跑。以色列人往前追殺摩押人,直殺入摩押的境內,
25 Wogbã duwo, lɔ kpe kɔ ɖe anyigba nyui ɖe sia ɖe dzi, xe tsidzɔƒewo eye wolã kutsetsetiwo ƒu anyi. Mlɔeba la, Kir Hareset mɔ koe susɔ, ke akafodalawo ɖe to ɖe eya hã eye woxɔe.
拆毀摩押的城邑,各人拋石填滿一切美田,塞住一切水泉,砍伐各種佳樹,只剩下吉珥‧哈列設的石牆;甩石的兵在四圍攻打那城。
26 Esi Moab fia kpɔ be woɖu ye dzi la, ekplɔ yidala alafa adre be yewoadze agbagba mamlɛtɔ ayi aɖalé Edom fia. Ke esia hã medze edzi o.
摩押王見陣勢甚大,難以對敵,就率領七百拿刀的兵,要衝過陣去到以東王那裏,卻是不能;
27 Azɔ la Moab fia lé Via ŋutsu tsitsitɔ si aɖu fia ɖe eteƒe la, wui eye wòtsɔe sa numevɔe ɖe gli la dzi. Nuwɔna sia na Moabtɔwo ƒe mo nyra ɖe Israelviwo ŋuti, ale Israel ƒe aʋawɔlawo trɔ dzo yi woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
便將那應當接續他作王的長子,在城上獻為燔祭。以色列人遭遇耶和華的大怒,於是三王離開摩押王,各回本國去了。

< Fiawo 2 3 >