< Fiawo 2 22 >

1 Yosia xɔ ƒe enyi esi woɖoe fiae. Eɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛ le Yerusalem. Dadae nye Yedida si nye Adaya tso Bozkat la ƒe vinyɔnu.
Josiah was eight years old when he began to reign; he reigned thirty-one years in Jerusalem. His mother's name was Jedidah (she was the daughter of Adaiah of Bozkath).
2 Ewɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume eye wòto tɔgbuia David ƒe afɔtoƒewo pɛpɛpɛ. Medze ɖe ɖusime alo miame o.
He did what was right in the eyes of Yahweh. He walked in all the way of David his ancestor, and he did not turn away either to the right or to the left.
3 Le Fia Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me la, Yosia ɖo eƒe nuŋlɔla Safan, Azalia ƒe viŋutsu, ame si nye Mesulam ƒe tɔgbuiyɔvi la ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Egblɔ be,
It came about that in the eighteenth year of King Josiah, he sent Shaphan son of Azaliah son of Meshullam, the scribe, to the house of Yahweh, saying,
4 “Yi Hilkia, nunɔlagã la gbɔ wòaƒo ƒu ga si wotsɔ va Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, si nye ga si agbonudzɔlawo xɔ tso ameawo si la da ɖi.
“Go up to Hilkiah the high priest and tell him to count the money that has been brought into the house of Yahweh, which the temple guards have gathered from the people.
5 Na woatsɔ ga la na ame siwo wotia be woakpɔ gbedoxɔ la dzadzraɖo ƒe dɔwo dzi. Na ame siawo naxe fe na Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu dɔwɔlawo:
Let it be given into the hand of the workmen who are in charge of the house of Yahweh, and let them give it to the workmen who are in the house of Yahweh, for them to make repairs to damage in the temple.
6 atikpalawo, xɔtulawo kple gliɖolawo. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, na woaƒle ati kple kpe kpakpawo atsɔ adzra gbedoxɔ la ɖo.
Let them give money to the carpenters, the builders, and the masons, and also to buy timber and cut stone to repair the temple.”
7 Womebia tso xɔtutudɔdzikpɔlawo si be woawɔ akɔnta tso woƒe nu gbegblẽwo ŋu tsitotsito o elabena wonye nuteƒewɔlawo.”
But no accounting was required for the money that was given to them, because they handled it faithfully.
8 Gbe ɖeka la, nunɔlagã Hilkia yi nuŋlɔla Safan gbɔ eye wògblɔ be, “Mefɔ Segbalẽ aɖe le le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.” Etsɔe na Safan eye Safan xlẽe.
Hilkiah the high priest said to Shaphan the scribe, “I have found the book of the law in the house of Yahweh.” So Hilkiah gave the book to Shaphan, and he read it.
9 Safan, nuŋlɔla la yi fia la gbɔ hegblɔ nɛ be, “Wò dɔnunɔlawo tsɔ ga si le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la na dɔwɔlawo kple dɔdzikpɔlawo le gbedoxɔ la me.”
Shaphan went and took the book to the king, and also reported to him, saying, “Your servants have spent the money that was found in the temple and they have given it into the hand of the workmen who supervise the care for the house of Yahweh.”
10 Safan, nuŋlɔla la na nyanya fia la be, “Nunɔlagã Hilkia tsɔ agbalẽ aɖe nam.” Safan xlẽ agbalẽ la me nyawo na fia la.
Then Shaphan the scribe said to the king, “Hilkiah the priest has given me a book.” Then Shaphan read it to the king.
11 Esi fia la se Segbalẽ la me nyawo la, vɔvɔ̃ ɖoe eye wòdze eƒe awuwo.
It came about that when the king had heard the words of the law, he tore his clothes.
12 Eɖe gbe na nunɔla Hilkia, Ahikam, Safan ƒe viŋutsu, Akbor, Mikaya ƒe viŋutsu, nuŋlɔla Safan kple Asaya, fia ƒe subɔla be,
The king commanded Hilkiah the priest, Ahikam son of Shaphan, Akbor son of Micaiah, Shaphan the scribe, and Asaiah, his own servant, saying,
13 “Miyi miabia Yehowa nam kple ameawo kple Yuda blibo la tso nu siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ si wofɔ la ŋuti. Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu elabena mía fofowo mewɔ ɖe agbalẽ sia me nyawo dzi o; womezɔ ɖe nu siwo katã woŋlɔ tso mía ŋu ɖe agbalẽ sia me la nu o.”
“Go and consult with Yahweh for me, and for the people and for all Judah, because of the words of this book that has been found. For great is the anger of Yahweh that has been kindled against us because our ancestors have not listened to the words of this book so as to obey all that was written concerning us.”
14 Ale nunɔla Hilkia, Ahikam, Akbor, Safan kple Asaya yi ɖaƒo nu kple nyɔnu Nyagblɔɖila Hulda si le Yerusalem ƒe akpa yeye. Nyɔnu Nyagblɔɖila sia nye Tikva ƒe viŋutsu Salum srɔ̃. Harhas si dzi Tikva nye nudodowo dzraɖoƒe dzikpɔla.
So Hilkiah the priest, Ahikam, Akbor, Shaphan, and Asaiah went to Huldah the prophetess, the wife of Shallum son of Tikvah son of Harhas, keeper of the wardrobe (she lived in Jerusalem in the second quarter), and they spoke with her.
15 Egblɔ na wo be, “Nu si Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye, ‘Gblɔ na ame si ɖo wò ɖe gbɔnye la be,
She said to them, “This is what Yahweh, the God of Israel, says: 'Tell the man who sent you to me,
16 Yehowa ƒe gbee nye esi: mahe dzɔgbevɔ̃e va teƒe sia kple eƒe amewo dzi ɖe nu sia nu si woŋlɔ ɖe agbalẽ si Yuda fia xlẽ la nu.
“This is what Yahweh says: 'See, I will bring disaster to this place and to its inhabitants, according to everything written in the book that the king of Judah has read.
17 Elabena wogbe nu le gbɔnye, wosubɔ mawu bubuwo eye wodo dɔmedzoe nam kple legba siwo wotsɔ woƒe asiwo wɔ la. Nye dɔmedzoe abi ɖe teƒe sia ŋu eye matso o.’
Because they have forsaken me and have burned incense to other gods, so that they might provoke me to anger with all the deeds they have committed—therefore my anger has been kindled against this place, and it will not be extinguished.'”
18 Gblɔ na Yuda fia, ame si dɔ wò be nàbia gbe Yehowa be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nya siwo ke nèse la ŋuti.
But to the king of Judah, who sent you to ask Yahweh's will, this is what you will say to him: “Yahweh, the God of Israel says this: 'About the words that you heard,
19 Ke esi miaƒe nu vɔ̃wo ve mi eye miebɔbɔ mia ɖokui le Yehowa ŋkume, esi miese nu si megblɔ tsɔ tsi tsitre ɖe teƒe sia kple eƒe amewo ŋu be woaƒo fi ade anyigba sia wòazu aƒedo, eye esi miedze miaƒe awuwo eye miefa avi le nye ŋkume le miaƒe nu vɔ̃wo ta la, maɖo to miaƒe kukuɖeɖe.
because your heart was tender, and because you have humbled yourself before Yahweh, when you heard what I said against this place and its inhabitants, that they would become a desolation and a curse, and because you have torn your clothes and wept before me, I also have listened to you—this is Yahweh's declaration.
20 Eya ta àku eye woaɖi wò le ŋutifafa me. Wò ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e si mahe va dukɔ sia dzi o.’” Ale woxɔ eƒe ŋuɖoɖo yi na fia la.
See, I will gather you to your ancestors, and you will be gathered to your grave in peace. Your eyes will not see all the disaster that I will bring upon this place.'”'” So the men took this message back to the king.

< Fiawo 2 22 >