< Fiawo 2 20 >
1 Le ŋkeke mawo me la, Hezekia dze dɔ eye wòɖo kudo nu. Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi yi egbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ɖɔ wò aƒe ɖo elabena èle kuku ge eye màhaya o.’”
In those days Hezekiah was sick unto death. And the prophet Isaiah the son of Amoz came to him and said to him, Thus saith Jehovah: Set thy house in order; for thou shalt die, and not live.
2 Hezekia trɔ mo ɖo ɖe gli ŋu eye wòdo gbe ɖa, ɖe kuku na Yehowa be,
And he turned his face to the wall, and prayed to Jehovah saying,
3 “Oo Yehowa, ɖo ŋku ale si mezɔ le ŋkuwòme le anukwareɖiɖi me kple ale si metsɔ nye dzi blibo la wɔ nu si nyo le ŋkuwò me la dzi.” Eye Hezekia fa avi vevie.
Ah! Jehovah, remember, I beseech thee, how I have walked before thee in truth and with a perfect heart, and have done what is good in thy sight. And Hezekiah wept much.
4 Hafi Yesaya nado le xɔxɔnu titinatɔ me la, Yehowa ƒe gbe va nɛ bena,
And it came to pass before Isaiah had gone out into the middle city that the word of Jehovah came to him saying,
5 “Trɔ nàyi ɖagblɔ na Hezekia, nye dukɔ ƒe kplɔla be, ‘Ale Yehowa, fofowò David ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mese wò gbedodoɖa eye mekpɔ wò aɖatsiwo. Mayɔ dɔ wò. Ŋkeke etɔ̃ tso egbe sia dzi la, àyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me.
Return, and tell Hezekiah the captain of my people, Thus saith Jehovah, the God of David thy father: I have heard thy prayer, I have seen thy tears; behold, I will heal thee: on the third day thou shalt go up to the house of Jehovah;
6 Mada ƒe wuiatɔ̃ ɖe wò agbenɔƒewo dzi eye maɖe wò kple du sia tso Asiria fia ƒe asi me. Maʋli du sia ta le nye ŋkɔ kple nye dɔla David ta.’”
and I will add to thy days fifteen years; and I will deliver thee and this city out of the hand of the king of Assyria, and I will defend this city for mine own sake, and for my servant David's sake.
7 Tete Yesaya gblɔ nɛ be, “Tu gbotsetsewo wòabla nyuie.” Wotui eye wokae ɖo ƒoƒoeawo dzi nɛ eye eƒe lãme se.
And Isaiah said, Take a cake of figs. And they took and laid it on the boil, and he recovered.
8 Hezekia bia Yesaya be, “Nu kae anye dzesi be Yehowa ayɔ dɔm eye mayi Yehowa ƒe gbedoxɔ me ŋkeke etɔ̃ tso egbe sia dzi?”
And Hezekiah said to Isaiah, What [shall be] the sign that Jehovah will heal me, and that I shall go up into the house of Jehovah the third day?
9 Yesaya ɖo eŋu nɛ be, “Esiae nye Yehowa ƒe dzesi na wò be Yehowa awɔ nu si ƒe ŋugbe wòdo; àdi be vɔvɔli nayi megbe ɖoƒe ewo loo wòayi ŋgɔ ɖoƒe ewoa?”
And Isaiah said, This [shall be] the sign to thee from Jehovah, that Jehovah will do the thing that he hath spoken: shall the shadow go forward ten degrees, or go back ten degrees?
10 Hezekia gblɔ nɛ be, “Enye nu bɔbɔe be vɔvɔli nayi ŋgɔ ɖoƒe ewo, eya ta na wòayi megbe ɖoƒe ewo boŋ.”
And Hezekiah said, It is a light thing for the shadow to go down ten degrees: no, but let the shadow return backward ten degrees.
11 Tete Nyagblɔɖila Yesaya do ɣli na Yehowa eye Yehowa na vɔvɔli yi megbe ɖoƒe ewo le Ahaz ƒe ɣega te.
And Isaiah the prophet cried to Jehovah, and he brought the shadow back on the degrees by which it had gone down on the dial of Ahaz, ten degrees backward.
12 Le ɣe ma ɣi la, Marduk Baladan, si nye Babilonia fia Baladan ƒe vi la dɔ amewo ɖa be woatsɔ nunana ayi na Hezekia elabena ese be edze dɔ.
At that time Berodach-Baladan, the son of Baladan, king of Babylon, sent a letter and a present to Hezekiah, for he had heard that Hezekiah had been sick.
13 Hezekia xɔ wo nyuie eye wòtsɔ eƒe kesinɔnuwo katã fia wo. Kesinɔnu siawoe nye klosalo, sika, atikeʋeʋĩ, ami xɔasiwo kple aʋawɔnuwo. Naneke mele fiasã la alo dukɔ la me esi Hezekia metsɔ fia wo o.
And Hezekiah hearkened to them, and shewed them all his treasure-house, the silver and the gold, and the spices and the fine oil, and all the house of his armour, and all that was found among his treasures: there was nothing in his house, nor in all his dominion, that Hezekiah did not shew them.
14 Nyagblɔɖila Yesaya yi Fia Hezekia gbɔ eye wòbiae be, “Nu ka dim ame siawo le? Afi ka wotso?” Hezekia ɖo eŋu be, “Wotso Babilonia ke.”
Then came the prophet Isaiah to king Hezekiah and said to him, What said these men? and from whence came they to thee? And Hezekiah said, They came from a far country, from Babylon.
15 Yesaya biae be, “Nu kawoe wokpɔ le wò fiasã me?” Hezekia ɖo eŋu be, “Metsɔ nye kesinɔnuwo katã fia wo.”
And he said, What have they seen in thy house? And Hezekiah said, All that is in my house have they seen: there is nothing among my treasures that I have not shewn them.
16 Yesaya gblɔ nɛ be, “Ɖo to Yehowa ƒe nya sia:
And Isaiah said to Hezekiah, Hear the word of Jehovah:
17 Ŋkekewo li gbɔna, esiwo me nu sia nu si le wò fiasã me, kpe ɖe nu siwo katã fofowòwo dzra ɖo ŋu la, woalɔ wo katã ayi ɖe Babilonia. Naneke masusɔ o. Yehowae gblɔe.
Behold, days come that all that is in thy house, and what thy fathers have laid up until this day, shall be carried to Babylon; nothing shall be left, saith Jehovah.
18 Wò dzidzimevi aɖewo kple vi siwo wodzi na wò ŋutɔ hã, woakplɔ wo adzoe, eye woazu ŋutsu tata siwo anye aƒedzikpɔlawo le Babilonia fia ƒe fiasã me.”
And of thy sons that shall issue from thee, whom thou shalt beget, shall they take away; and they shall be chamberlains in the palace of the king of Babylon.
19 Hezekia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya si nègblɔ la nyo.” Ke nu si tututu wòbu le eɖokui me lae nye, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ ɖeɖe nanɔ anyi le nye ŋutɔ nye agbemeŋkeke mamlɛawo me ko!”
And Hezekiah said to Isaiah, Good is the word of Jehovah which thou hast spoken. And he said, Is it not so? if only there shall be peace and truth in my days!
20 Woŋlɔ Hezekia ƒe ŋutinya mamlɛa, nu gã siwo wòwɔ abe ta kple tɔʋu siwo wòɖe ene kple ale si wòhe tsi va dua me la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
And the rest of the acts of Hezekiah, and all his might, and how he made the pool and the aqueduct, and brought the water into the city, are they not written in the book of the chronicles of the kings of Judah?
21 Esi Hezekia ku la, via Manase ɖu fia ɖe eteƒe.
And Hezekiah slept with his fathers; and Manasseh his son reigned in his stead.