< Fiawo 2 2 >

1 Esi ɣeyiɣia de be Yehowa nakɔ Eliya ayi dziƒo le ahomya me la, Eliya kple Elisa dze mɔ tso Gilgal.
Evo što se dogodilo kad je Jahve uznio Iliju na nebo u vihoru: Ilija i Elizej pošli iz Gilgala.
2 Eliya gblɔ na Elisa be, “Nɔ afi sia; Yehowa ɖom ɖe Betel.” Ke Elisa gblɔ be, “Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale woyi Betel.
I reče Ilija Elizeju: “Ostani ovdje jer me Jahve šalje do Betela.” Elizej odgovori: “Života mi Jahvina i tvoga: ja te neću ostaviti!” I siđoše do Betela.
3 Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo tso Betel va do go Elisa eye wobia Elisa be, “Ènya be Yehowa akɔ wò aƒetɔ adzoe le gbɔwò egbea?” Elisa ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, menya gake migagblɔe o.”
A proročki sinovi koji su boravili u Betelu iziđoše Elizeju u susret i rekoše mu: “Znaš li da će danas Jahve uzeti tvoga gospodara iznad tvoje glave?” On reče: “I ja to znam; tiho!”
4 Tete Eliya gblɔ nɛ be “Elisa, nɔ afi sia elabena Yehowa dɔm ɖe Yeriko.” Ke Elisa gaɖo eŋu be, “Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale wo ame eve la yi Yeriko.
Ilija mu reče: “Elizeju! Ostani ipak ovdje jer me Jahve šalje do Jerihona.” Ali on odgovori: “Života mi Jahvina i tvoga: ja te neću ostaviti!” I uđoše u Jerihon.
5 Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ Yeriko la va bia Elisa be, “Ènya be Yehowa le wò aƒetɔ kplɔ ge adzoe le gbɔwò egbea?” Elisa ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, menya eya ta mizi ɖoɖoe!”
Proročki sinovi koji su živjeli u Jerihonu priđoše Elizeju i rekoše mu: “Znaš li da će danas Jahve uzeti tvoga gospodara iznad tvoje glave?” On reče: “I ja to znam; tiho!”
6 Eliya gblɔ na Elisa be, “Nɔ afi sia; Yehowa ɖom ɖe Yɔdan tɔsisi la nu.” Elisa ɖo eŋu be, “Meta Yehowa kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale wo ame eve la yi mɔzɔzɔa dzi.
Ilija mu reče: “Ostani ipak ovdje jer me Jahve šalje do Jordana.” Ali on odgovori: “Života mi Jahvina i tvoga: ja te neću ostaviti!” I tako pođoše obojica.
7 Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la blaatɔ̃ yi ɖatsi tsitre ɖe adzɔge eye wodze ŋgɔ afi si Eliya kple Elisa tɔ ɖo le Yɔdan tɔsisi la nu.
I pedeset proročkih sinova pođe i zaustavi se podalje, dok su se njih dvojica zadržala na obali Jordana.
8 Eliya ɖe eƒe awu ʋlaya, ŋlɔe eye wòtsɔe ƒo tsi la dzi. Tsi la ma ɖe eve le ɖusime kple miame eye wo kple evea wotsoe le anyigba ƒuƒui dzi.
Tada Ilija uze svoj ogrtač, smota ga i udari njime po vodi, a voda se razdijeli na dvije strane. I obojica prijeđoše po suhu.
9 Esi woɖo go kemɛ dzi la, Eliya gblɔ na Elisa be, “Gblɔe nam, nu ka mawɔ na wò hafi woakɔm adzoe le gbɔwò?” Elisa ɖo eŋu nɛ be, “Meɖe kuku tsɔ wò gbɔgbɔ la ƒe teƒe eve nam.”
A kad prijeđoše, Ilija će Elizeju: “Traži što da ti još učinim prije nego što budem uznesen ispred tebe!” A Elizej odgovori: “Neka mi u dio padne obilje tvoga duha!”
10 Eliya ɖo eŋu be, “Èbia nu sesẽ, ke hã la, ne àkpɔm esime woakɔm adzoe le gbɔwò la, ava eme na wò, ke ne mele alea o la, mava eme na wò o.”
Ilija odgovori: “Mnogo tražiš: ako me budeš vidio kad budem uznesen ispred tebe, bit će ti tako; ako pak ne budeš vidio, neće ti biti.”
11 Esime wonɔ zɔzɔm, nɔ dze ɖom la, dzotasiaɖam kple sɔwo ɖiɖi va ma wo kple evea dome eye Eliya to ahom la me yi dziƒo.
I dok su tako išli i razgovarali, gle: ognjena kola i ognjeni konji stadoše među njih i Ilija u vihoru uziđe na nebo.
12 Elisa kpɔe eye wòdo ɣli sesĩe be, “Fofonye! Fofonye! Israel ƒe tasiaɖam kple eƒe sɔdolawo!” Esi wobu ɖee la, etsɔ eya ŋutɔ ƒe awu eye wòdzee.
Elizej je gledao i vikao: “Oče moj, oče moj! Kola Izraelova i konjanici njegovi!” I više ga nije vidio. Uze tada svoje haljine i razdera ih nadvoje.
13 Etsɔ awu si ge le Eliya ŋu eye wòtrɔ yi ɖatsi tsitre ɖe Yɔdan tɔsisi la to.
I podiže Ilijin plašt, koji bijaše pao s njega, te se vrati i zaustavi se na obali Jordana.
14 Etsɔ awu si ge le Eliya ŋu la ƒo tsi la dzi. Ebia be, “Afi ka Yehowa, Eliya ƒe Mawu la le azɔ?” Esi wòƒo tsia dzi la, tɔsisi la ma ɖe ɖusime kple miame siaa eye wòtso tɔsisi la.
Uze onda Ilijin plašt i udari po vodi govoreći: “Gdje je Jahve, Bog Ilijin?” I kad udari po vodi, ona se razdijeli na dvije strane i Elizej prijeđe.
15 Esime nyagblɔɖila siwo tso Yeriko la ƒe nusrɔ̃lawo kpɔ nu si dzɔ la, wodo ɣli gblɔ be, “Eliya ƒe gbɔgbɔ dze Elisa dzi!” Wozɔ yi ɖakpee eye wodo gbe nɛ bubutɔe.
Proročki su sinovi to sa strane vidjeli pa rekoše: “Duh je Ilijin počinuo na Elizeju!” I krenuše mu u susret, baciše se pred njim na zemlju
16 Wogblɔ nɛ be, “Amegã, ɖe gbe na mí ko, ekema míaƒe duƒula nyuitɔwo dometɔ blaatɔ̃ ayi gbedzi aɖadi wò amegã; ɖewohĩ Yehowa ƒe gbɔgbɔ gblẽe ɖe to aɖe dzi loo alo gblẽe ɖe balime le afi aɖe.” Ke Elisa ɖo eŋu be, “Ao, migaɖe fu na mia ɖokuiwo o.”
i rekoše mu: “Evo ovdje s tvojim slugama pedeset junaka. Dopusti im da idu tražiti tvoga gospodara; možda ga je Duh Jahvin uzdigao i bacio na koju goru ili u kakvu dolinu.” On im odgovori: “Ne šaljite nikoga.”
17 Ke wonɔ nya sia ƒom ɖe enu va se ɖe esime nya la tii eye wògblɔ be, “Enyo, miyi!” Ale ame blaatɔ̃awo yi ɖadii ŋkeke etɔ̃, ke womekpɔe o.
Ali kako su oni svejednako navaljivali, reče im: “Pošaljite!” I poslaše pedesetoricu; tražili su ga tri dana, ali ga nisu našli.
18 Elisa ganɔ Yeriko esime ameawo trɔ gbɔ. Egblɔ na wo be, “Ɖe nyemegblɔe na mi be migayi oa?”
Vratiše se Elizeju, koji je ostao u Jerihonu, i on im reče: “Nisam li vam rekao: 'Nemojte ići!'”
19 Azɔ la, Yeriko dumegãwo va kpɔ Elisa eye wogblɔ nɛ be, “Nane le fu ɖem na mí. Wò ŋutɔ ènya be wotso du sia ɖe teƒe nyui aɖe, ke míaƒe tsi menyo o, eye wònana fu gena le míaƒe funɔwo ƒo.”
Ljudi iz grada rekoše Elizeju: “Lijepo je u gradu, kako to može vidjeti i naš gospodar, ali je voda loša i zemlja neplodna.”
20 Elisa gblɔ na wo be, “Enyo, miku dze ɖe agba yeye aɖe me vɛ nam.” Wowɔ nenema.
On reče: “Donesite mi novu zdjelu i metnite soli u nju!” I oni mu je donesoše.
21 Elisa yi tsi la ƒe dzɔtsoƒe, tsɔ dze la kɔ ɖe eme eye wògblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Mewɔ tsi sia kɔkɔe eye magahe ku alo fu gege vɛ azɔ o.’”
On tada ode na izvor, baci u nj soli i reče: “Ovako govori Jahve: 'Ozdravljam ovu vodu. Neće od nje više biti ni smrti ni neplodnosti.'”
22 Kpɔ ɖa, tsi la trɔ zu tsi nyui enumake tso ɣe ma ɣi va se ɖe fifia abe ale si Elisa gblɔ ene.
I voda postade zdrava i takva je do današnjeg dana, po riječi koju je izrekao Elizej.
23 Elisa tso Yeriko yi Betel. Esi wònɔ zɔzɔm le mɔa dzi la, ŋutsuvi sue aɖewo tso dua me va nɔ fewu ɖum le eŋu be, “Dzo le afi sia, Elisa tabebetɔ.”
Odatle je uzašao u Betel. Dok je išao putem, dječaci bijahu izišli iz grada i rugahu mu se govoreći: “Hodi, ćelo! Hodi, ćelo!”
24 Elisa trɔ kpɔ wo eye wòƒo fi de wo le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Enumake sisiblisinɔ eve do go tso ave aɖe me va vuvu wo ame blaene-vɔ-eve.
On se obazre, pogleda ih i prokle ih u ime Jahvino. I odmah iziđoše dva medvjeda iz šume i rastrgaše četrdeset i dvoje djece.
25 Esia megbe la, Elisa yi Karmel to la dzi hafi trɔ yi Samaria.
Odatle ode on na goru Karmel, a odande se vrati u Samariju.

< Fiawo 2 2 >