< Fiawo 2 15 >

1 Le Yeroboam Evelia, Israel fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-adrelia me la, Azaria, Yuda fia Amazia ƒe viŋutsu dze fiaɖuɖu gɔme.
In the twenty-seventh year of Jeroboam king of Israel, Azariah son of Amaziah king of Judah began to reign.
2 Exɔ ƒe wuiade esi wòzu fia eye wòɖu dzi le Yerusalem ƒe blaatɔ̃ vɔ eve. Dadaa ŋkɔe nye Yekolia tso Yerusalem.
He was sixteen years old when he began to reign, and he reigned fifty-two years in Jerusalem. And his mother's name was Jecoliah of Jerusalem.
3 Azaria nye fia nyui aɖe eye Yehowa kpɔ ŋudzedze le eŋu abe ale si wòkpɔe le fofoa, Amazia, ŋu ene
And he did that which was right in the eyes of Jehovah, according to all that his father Amaziah had done.
4 gake, Megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko.
However the high places were not taken away; the people still sacrificed and burnt incense in the high places.
5 Le esia ta la, Yehowa na wòdze kpodɔ va se ɖe eƒe kugbe. Woɖe kpɔ eya ɖeka da ɖe aƒe aɖe me ale via Yotam wɔ dɔ ɖe eteƒe abe fiateƒenɔla ene.
And Jehovah smote the king, so that he was a leper to the day of his death, and dwelt in a separate house. And Jotham the king's son was over the household, judging the people of the land.
6 Woŋlɔ Fia Azaria ƒe ŋutinya mamlɛa kple nu siwo katã wòwɔ la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
Now the rest of the acts of Azariah, and all that he did, are they not written in the book of the chronicles of the kings of Judah?
7 Esi Azaria ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ le David ƒe du la me eye via Yotam ɖu fia ɖe eteƒe.
And Azariah slept with his fathers, and they buried him with his fathers in the city of David. And Jotham his son reigned in his stead.
8 Israel fia yeye lae nye Zekaria, fofoae nye Yeroboam Evelia. Eɖu fia ɣleti ade ko. Edze fiaɖuɖu gɔme le Yuda fia Azaria ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyilia me.
In the thirty-eighth year of Azariah king of Judah, Zechariah the son of Jeroboam reigned over Israel in Samaria six months.
9 Ke Zekaria nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume, abe fofoawo ene. Ena Israel wɔ nu vɔ̃ to legbawo subɔsubɔ me abe Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi ene.
And he did that which was evil in the sight of Jehovah, as his fathers had done. He did not depart from the sins of Jeroboam the son of Nebat, with which he made Israel to sin.
10 Salum, Yabes ƒe vi ɖo nugbe ɖe eŋu hewui le lbleam eye wòzu fia ɖe eteƒe.
And Shallum the son of Jabesh conspired against him, and smote him before the people, and killed him, and reigned in his stead.
11 Woŋlɔ Zekaria ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
Now the rest of the acts of Zechariah, behold, they are written in the book of the chronicles of the kings of Israel.
12 Ale nya si Yehowa gblɔ na Yehu be, “Wò dzidzimeviwo aɖu fia va se ɖe dzidzime enelia dzi” la va eme.
This was the word of Jehovah which he spoke to Jehu, saying, Thy sons to the fourth generation shall sit upon the throne of Israel. And so it came to pass.
13 Israel fia yeye lae nye Salum. Fofoae nye Yabes. Eɖu fia ɣleti ɖeka pɛ ko. Yuda fia Azaria, ame si wogayɔna be Uzia la nɔ eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-asiekɛlia me.
Shallum the son of Jabesh began to reign in the thirty-ninth year of Uzziah king of Judah, and he reigned the space of a month in Samaria.
14 Le Salum ƒe fiaɖuɖu ɣleti ɖeka megbe la, Menahem, Gadi ƒe vi tso Tirza va Samaria eye wòwui. Ale Menahem zu fia ɖe eteƒe.
And Menahem the son of Gadi went up from Tirzah, and came to Samaria, and smote Shallum the son of Jabesh in Samaria, and killed him, and reigned in his stead.
15 Woŋlɔ nya bubuwo tso Fia Salum kple eƒe nugbeɖoɖowo ŋu ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
Now the rest of the acts of Shallum, and his conspiracy which he made, behold, they are written in the book of the chronicles of the kings of Israel.
16 Fia Menahem gbã Tapua du kple kɔƒe siwo ƒo xlãe elabena ameawo gbe be yewomaxɔe abe woƒe fia ene o. Ewu ameawo katã eye wòdze ƒodo le funɔwo nu.
Then Menahem smote Tiphsah, and all that were therein, and the borders of it, from Tirzah, because they did not open to him, therefore he smote it. And all the women in it who were with child he ripped up.
17 Israel fia yeye lae nye Menahem, Gadi ƒe vi. Eɖu fia ƒe ewo le Samaria. Edze fiaɖuɖu gɔme le Yuda fia, Azaria ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-asiekɛlia me.
In the thirty-ninth year of Azariah king of Judah, Menahem the son of Gadi began to reign over Israel, and reigned ten years in Samaria.
18 Menahem nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume. Esubɔ legbawo abe ale si Yeroboam Gbãtɔ wɔ xoxoxo la ene eye wòhe Israel de nu vɔ̃ me.
And he did that which was evil in the sight of Jehovah. He did not depart all his days from the sins of Jeroboam the son of Nebat, with which he made Israel to sin.
19 Pul, Asiria fia ho aʋa ɖe Israel ŋu eye Menahem tsɔ klosaloga kilogram akpe blaetɔ̃ vɔ ade nɛ be wòakpe ɖe ye ŋu fiaɖuƒe la nanɔ ye si.
Pul the king of Assyria came against the land. And Menahem gave Pul a thousand talents of silver that his hand might be with him to confirm the kingdom in his hand.
20 Menahem xɔ ga sia le Israelviwo si sesẽtɔe. Ele na hotsuitɔ ɖe sia ɖe be wòana klosaloga kilogram afã be woatsɔ ana Asiria fia. Ale Asiria fia dzudzɔ aʋa la hoho ɖe eŋu eye wòdzo le anyigba la dzi.
And Menahem exacted the money from Israel, even of all the mighty men of wealth, of each man fifty shekels of silver, to give to the king of Assyria. So the king of Assyria turned back, and did not stay there in the land.
21 Woŋlɔ Fia Menahem ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
Now the rest of the acts of Menahem, and all that he did, are they not written in the book of the chronicles of the kings of Israel?
22 Esi wòku la, via Pekahia zu fia ɖe eteƒe.
And Menahem slept with his fathers, and Pekahiah his son reigned in his stead.
23 Israel fia yeye lae nye Pekahia, fofoae nye Menahem. Eɖu fia ƒe eve le Samaria. Esime Yuda fia Azaria ɖu fia ƒe blaatɔ̃ la, Pekahia dze fiaɖuɖu gɔme.
In the fiftieth year of Azariah king of Judah, Pekahiah the son of Menahem began to reign over Israel in Samaria, and reigned two years.
24 Pekahia nye fia vɔ̃di aɖe le Yehowa ŋkume. Eyi legbasubɔsubɔ si gɔme Fia Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi, dze la dzi eye wòkplɔ Israel to nu vɔ̃ mɔ ma dzi.
And he did that which was evil in the sight of Jehovah. He did not depart from the sins of Jeroboam the son of Nebat, with which he made Israel to sin.
25 Peka, Remalia ƒe vi, aʋafiawo dometɔ ɖeka wɔ babla kple Gileadtɔ blaatɔ̃ ɖe eŋu eye wowui le fiasã la me le Samaria. Wowu Argɔb kple Arieh kpe ɖe eŋu. Ale Peka zu fia yeye la.
And Pekah the son of Remaliah, his captain, conspired against him, and smote him in Samaria, in the castle of the king's house, with Argob and Arieh. And fifty men of the Gileadites with him were there. And he killed him, and reigned in his stead.
26 Woŋlɔ Fia Pekahia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
Now the rest of the acts of Pekahiah, and all that he did, behold, they are written in the book of the chronicles of the kings of Israel.
27 Israel fia yeye lae nye Peka, Remalia ƒe vi. Eɖu fia ƒe blaeve le Samaria le esime Fia Azaria ɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ eve xoxo le Yuda.
In the fifty-second year of Azariah king of Judah, Pekah the son of Remaliah began to reign over Israel in Samaria, and reigned twenty years.
28 Peka hã nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume; eya hã wɔ nu vɔ̃ si Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi, ame si kplɔ Israel blibo la de legbasubɔsubɔ me la wɔ.
And he did that which was evil in the sight of Jehovah. He did not depart from the sins of Jeroboam the son of Nebat, with which he made Israel to sin.
29 Eƒe fiaɖuɣi mee Asiria fia, Tiglat Pilser, ame si wogayɔna be Pul la ho aʋa ɖe Israel ŋu. Du siwo dzi wòɖu la woe nye Iyɔn, Abel Bet Maka, Yanoa, Kedes kple Hazor. Exɔ Gilead kple Galilea hã hekpe ɖe Naftalinyigba blibo la ŋu. Eɖe aboyo amewo yi Asiria.
In the days of Pekah king of Israel, Tiglath-pileser king of Assyria came, and took Ijon, and Abel-beth-maacah, and Janoah, and Kedesh, and Hazor, and Gilead, and Galilee, all the land of Naphtali. And he carried them captive to Assyria.
30 Hosea, Ela ƒe vi ɖo nugbe ɖe Peka ŋu eye wòwui, ale Hosea zu fia yeye la. Israel fia yeye lae nye Hosea. Eɖu fia le Israel le esime Yotam, Uzia ƒe vi ɖu fia ƒe blaeve le Yuda.
And Hoshea the son of Elah made a conspiracy against Pekah the son of Remaliah, and smote him, and killed him, and reigned in his stead in the twentieth year of Jotham the son of Uzziah.
31 Woŋlɔ Peka ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
Now the rest of the acts of Pekah, and all that he did, behold, they are written in the book of the chronicles of the kings of Israel.
32 Le Peka, Remalia ƒe viŋutsu ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia le Israel me la, Yotam, Uzia ƒe vi, dze fiaɖuɖu gɔme le Yuda.
In the second year of Pekah the son of Remaliah king of Israel, Jotham the son of Uzziah king of Judah began to reign.
33 Exɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòɖu fia eye wòɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Dadae ŋkɔe nye Yerusa, Zadok ƒe vinyɔnu.
He was twenty-five years old when he began to reign, and he reigned sixteen years in Jerusalem. And his mother's name was Jerusha the daughter of Zadok.
34 Ewɔ nu dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoa, Uzia, wɔ ene.
And he did that which was right in the eyes of Jehovah. He did according to all that his father Uzziah had done.
35 Megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko. Yotam gbugbɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe Dzigbegbo la tu.
However the high places were not taken away. The people still sacrificed and burned incense in the high places. He built the upper gate of the house of Jehovah.
36 Woŋlɔ Yotam ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
Now the rest of the acts of Jotham, and all that he did, are they not written in the book of the chronicles of the kings of Judah?
37 Le ŋkeke mawo me la, Yehowa na Siria fia Rezin kple Israel fia Peka ho aʋa ɖe Yuda ŋuti.
In those days Jehovah began to send against Judah Rezin the king of Syria, and Pekah the son of Remaliah.
38 Esi Yotam ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le fofoa de si nye David ƒe du la me. Yotam ƒe vi Ahaz zu fia yeye la.
And Jotham slept with his fathers, and was buried with his fathers in the city of David his father. And Ahaz his son reigned in his stead.

< Fiawo 2 15 >